Dzo kpo yi emenuwo dzi

Awudodo Kple Dzadzraɖo Nye Nukikli Nam Va Yi

Awudodo Kple Dzadzraɖo Nye Nukikli Nam Va Yi

Awudodo Kple Dzadzraɖo Nye Nukikli Nam Va Yi

ABE ALE SI EILEEN BRUMBAUGH GBLƆE ENE

WOHEM le Old Brethren tsɔtsia me. Míaƒe dzixɔsewo le kpaɖii, eye blemanuwoe míewɔna. Woɖo ha sia anyi le Germany le ƒe 1708 me. Numekugbalẽ aɖe (The Encyclopedia of Religion) gblɔ be woɖo ha sia anyi elabe “ame aɖewo xɔe se be ele be ame sia ame nase Kristo ŋuti nya nyuia.” Le susu ma taa, ha la ɖo mawunyadɔgbedelawo ɖe dukɔ geɖewo me.

Le ƒe 1719 mea, ƒuƒoƒo sue aɖe si Alexander Mack nɔ ŋgɔ naa, va afi si woyɔna fifia be Pennsylvania, le Amerika. Tso ɣemaɣia, ƒuƒoƒo bubuwo va do tso ƒuƒoƒo gbãtɔ ma me. Ƒuƒoƒoawo dometɔ ɖe sia ɖe se Alexander Mack ƒe nufiafiawo gɔme le mɔ vovovowo nu. Hamevi abe 50 ene ye nɔ míaƒe tsɔtsi suea me. Míekpɔe be ele vevie be míanɔ Biblia xlẽm eye míawɔ nya sia nya si míaƒe hakplɔlawo gblɔ na mí la dzi.

Ne mede ɖeke oa, nye ƒomea me tɔwo le ha sia me tso keke tɔgbuinye dzilawo dzi. Esi mexɔ ƒe 13 la, mexɔ nyɔnyrɔ zu haa me tɔ. Tso nye ɖevime kea, wofia mí be menyo be míazã ʋu, anyigbadzobomɔ̃, telefon, radio, alo elektrɔnikmɔ̃ bubu aɖeke o. Míaƒe tsɔtsia me nyɔnuwo meɖoa atsyɔ̃ o, míesẽa ɖa dzi o, eye míetsyɔa nu ta ɣeawokatãɣi. Ŋutsuawo hã ɖoa ge. Le míaƒe dzixɔse nua, nu si wòfia be woaganye xexea ƒe akpa aɖeke o ye nye be míagado awu siwo le tsia dzi, asi pɔli, alo azã lekewɔnuwo o, elabe míebui be esia nye dada.

Wofia mí be míade asixɔxɔ Biblia ŋu, elabe eyae nye míaƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu. Ŋdi sia ŋdi hafi míaɖu nua, míeƒoa ƒu ɖe akpata me eye Papa xlẽa Biblia ƒe ta ɖeka heɖea eme esime míele to ɖom. Eyome mí katã míedzea klo eye Papa doa gbe ɖa. Ne ewɔ vɔa, Dada hã gbugbɔgblɔa Aƒetɔ ƒe gbedodoɖaa. Mekpɔa mɔ na míaƒe ŋditadedeagu sia ɣesiaɣi elabe ɣemaɣia, ƒome bliboa ƒoa ƒu eye míedzroa Mawu ƒe Nyaa me.

Míenɔ agble aɖe dzi le Delphi, le Indiana, eye míedea nu vovovowo ƒe agble. Ne agblemenukuawo wɔa, míedea wo tasiaɖam me eye míedzraa wo le ablɔwo dzi alo tso aƒe me yi aƒe me. Míexɔe se be ne míewɔa dɔ sesẽa, ke míele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu. Eya ta míewɔa dɔ sesĩe, negbe Kwasiɖagbewo ko, elabe mele be míawɔ “dɔ sesẽ” aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Gake ɣeaɖewoɣia, míaƒe ƒomea va vuna ɖe agbledɔwo ŋu ale gbegbe be míegatea ŋu kpɔa vovo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ale o.

Meva Ðe Srɔ̃ Dzi Viwo

Le ƒe 1963 me, esi mexɔ ƒe 17 la, nye kple James, si hã nye haa me tɔ, míeɖe mía nɔewo. Eya hã tɔgbuiwo dzilawo nɔ ha sia me. Mí ame evea siaa míedi vevie be míasubɔ Mawu eye míexɔe se be míaƒe tsɔtsia ye nye subɔsubɔha vavãtɔ.

Kaka ƒe 1975 naɖoa, vi ade nɔ mía si eye míedzi mía vi adrelia si nye dɔmlɔea le ƒe 1983 me. Vinyɔnu ɖeka koe le mía si, eŋkɔe nye Rebecca, eye eyae dzɔ ɖe mía vi tsitsitɔ yome. Míedoa vevie dɔ, míezãa ga fũu o, eye míenɔ agbe tsɛ. Míedzea agbagba fiaa mía viwo Biblia ƒe nufiafia siwo mía dzilawo kple sɔlemehaa me tɔwo fia mí.

Ale si ame doa awui alo dzrana ɖoa le vevie na tsɔtsia ŋutɔ. Esi wònye be ame aɖeke mate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me o taa, míexɔe se be ale si ame dzrana ɖoea, ɖea ame si wònye le ememea fiana. Eya ta ne ame aɖe do atsyã na eƒe ɖa fũu akpaa, wobunɛ be esia nye dada. Nenema kee ne míeɖe atsyã ɖe míaƒe awuwo me wòlolo akpaa, wobuna eya hã be enye dada. Ɣeaɖewoɣia, míaƒe susu va nɔa nu siawo ŋu wu Ŋɔŋlɔawo me nufiafiawo ŋutɔ gɔ̃ hã.

Wode Míaƒe Ƒometɔ Aɖe Gaxɔ Me

Le ƒe 1960-awo ƒe nuwuwu lɔƒoa, wode srɔ̃nye nɔviŋutsu Jesse gaxɔ me le esi wògbe be yemawɔ asrãfodɔ o ta. Eya hã nɔ míaƒe haa me tso eƒe ɖevime ke. Esime wònɔ gaxɔa mea, edo go Yehowa Ðasefowo. Woawo hã woxɔe se be Biblia meda asi ɖe aʋawɔwɔ dzi o. (Yesaya 2:4; Mateo 26:52) Biblia me dzodzro kple Ðasefoawo do dzidzɔ na Jesse, eye ede dzesii be nɔnɔme nyuiwo le wo si. Esi wosrɔ̃ Biblia kplii zi geɖe megbea, eva xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Gake esia medzɔ dzi na mí kura o.

Jesse ƒo nu tso nu siwo wòsrɔ̃a ŋu na srɔ̃nye James. Azɔ hã, ewɔ ɖoɖo nɛ be wòanɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo xɔm edziedzi. Magazine siawo xexlẽ wɔe be James di be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me. Tso ɣeaɖeɣi kea, James di vevie be yeasubɔ Mawu, gake esi wònye be esena le eɖokui me zi geɖe be Mawu le adzɔge tso ye gbɔ taa, enɔ klalo be yeawɔ nu sia nu si ana ye kplii dome nava nɔ kplikplikpli.

Míaƒe hamemetsitsiwo dea dzi ƒo na mí be míanɔ Amishtɔwo, Mennotɔwo kple ha mawo tɔgbi ƒe agbalẽwo xlẽm, evɔ míebua sɔlemeha mawo be wonye xexea ƒe akpa aɖe. Tɔnye melɔ̃ Ðasefowo ƒe nya kura o. Medi gbeɖe be míaxlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! o. Eya ta esi mekpɔ James wònɔ wo xlẽma, dzidzi ƒom. Menɔ vɔvɔ̃m be ava xɔ alakpanufiafiawo dzi ase.

Ke hã, tso ɣeaɖeɣi kea, míaƒe tsɔtsia ƒe dzixɔse aɖewo ɖea fu na James, elabe ekpɔe be womewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. Esi koŋ ɖea fu nɛ ye nye nufiafia si nye be enye nu vɔ̃ be woawɔ “dɔ sesẽ” le Kwasiɖagbe. Le kpɔɖeŋu me, wofia mí le míaƒe tsɔtsia me be míate ŋu ana tsi míaƒe lãwo le Kwasiɖagbe, gake mele be míaho gbe ya le agble me o. Hamemetsitsiawo mete ŋu zã Ŋɔŋlɔ aɖeke tsɔ ɖo kpe se ma dzi o. Vivivia, nye hã meva nɔ ɖi kem míaƒe nufiafia aɖewo.

Esi wònye be míexɔe se tso gbe aɖe gbe ke be Old Brethren tsɔtsia nye Mawu ƒe ha, eye míenya nu si adzɔ ne míedo le eme taa, enɔ sesẽm na mí be míado le eme. Gake míaƒe dzitsinya megava nɔ mɔ ɖem na mí be míakpɔtɔ anɔ subɔsubɔha si míekpɔe be menɔ Biblia ƒe nufiafiawo dzi wɔm bliboea me o. Eya ta le ƒe 1983 mea, míeŋlɔ lɛta gblɔ susu siwo tae míenɔ dodom le tsɔtsia me, eye míebia be woaxlẽe na hamea. Esia wɔe be woɖe mí le haa me.

Subɔsubɔha Vavãtɔ Didi

Míeva nɔ subɔsubɔha vavãtɔ dim vevie azɔ. Míenɔ subɔsubɔha si me tɔwo ƒe agbenɔnɔ sɔ kple nu si wofiana ame bubuwoa dim. Gbãa, míedi gbeɖe be míage ɖe subɔsubɔha aɖe si kpɔa gome le aʋawɔwɔ mea me o. Subɔsubɔha siwo nɔa agbe tsɛ eye womeɖoa atsyɔ̃ oa ƒe nu galéa dzi na mí kokoko, elabe míexɔe se be nu siawo ɖenɛ fiana be womenye xexea ƒe akpa aɖeke o. Tso ƒe 1983 va ɖo ƒe 1985 la, míezɔ mɔ ɖi tsa le Amerika dukɔa me nɔ ŋku lém ɖe subɔsubɔhawo ŋu ɖekaɖeka. Wo dometɔ aɖewoe nye Mennotɔwo, Quakertɔwo kple ha mawo tɔgbi.

Le ɣeyiɣi mawo mea, Yehowa Ðasefowo vaa mía gbɔ le míaƒe agblea dzi le afi si te ɖe Camden ŋu, le Indiana. Míeɖoa to wo, gake míebiana tso wo si be woazã King James Biblia ko. Ale si Ðasefoawo medea nu aʋawɔwɔ me oa dze ŋunye ŋutɔ. Gake enɔ sesẽm nam be maɖo to wo, elabe ne womedoa awu abe míawo ene o atsɔ aɖee afia be yewomenye xexea ƒe akpa aɖeke oa, ke le nye susu nua, womate ŋu anye subɔsubɔha vavãtɔ o. Mese le ɖokuinye me be dadae nana amewo dzrana ɖo le mɔ si to vovo na mía tɔ nu. Mexɔe se be nunɔamesiwo nana amewo dana.

James va nɔ kpekpewo dem le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me, eye ekplɔa mía viŋutsuawo dometɔ aɖewo ɖe asi. Esia ku dzi nam ale gbegbe. Srɔ̃nye de dzi ƒo nam be mayi kpli yewo, gake megbe. Gbe ɖeka egblɔ nam be, “Ne mèlɔ̃ ɖe woƒe nufiafiawo katã dzi o gɔ̃ hãa, wò ya yi kpli mí ko ne nàkpɔ ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu ɖa.” Nu sia koŋue wɔ dɔ ɖe ye ŋutɔ dzi.

Mlɔeba meva lɔ̃ be mayi kpli wo, gake meɖoe be maɖɔ ŋu ɖo. Awu tsɛ aɖe koe medo eye meɖɔ tatsyɔnu hezɔ yi Fiaɖuƒe Akpataa me. Mía viawo dometɔ aɖewo nɔ afɔ ƒuƒlu, eye awu tsɛ aɖewo koe woawo hã wodo. Gake Ðasefoawo te ɖe mía ŋu hedo vivi ɖe mía ŋu. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Míeto vovo, gake woxɔ mí nyuie.’

Ale si woɖe lɔlɔ̃ fia mí la wɔ dɔ ɖe dzinye, gake meɖoe kplikpaa be ɖeko mada ŋku ɖi akpɔ nu. Ne wole ha dzima, nyemetsona alo dzia ha gɔ̃ hã o. Ne míekpaa, melɔa biabia gbogbo aɖewo kɔna ɖe wo dzi, mebia nyawo ku ɖe nu si mesusu be womele wɔwɔm nyuie o alo nu si mawunyakpukpui aɖe fia ŋu. Togbɔ be nyemeɖɔ ŋu ɖo le nyawo biabia me o hãa, ame sia ame tsɔ ɖe le eme nam. Nu si gawɔ dɔ ɖe dzinyee nye be ne mebia nya ɖeka ma ke ame vovovowoa, ŋuɖoɖo ɖeka ma tɔgbi koe wo katã wonana. Ɣeaɖewoɣia, woŋlɔa ŋuɖoɖoawo nam, eye esia de dzinye ŋutɔ elabe ewɔnɛ be metea ŋu gatoa eme le ɖokuinye si emegbe.

Le ƒe 1985 ƒe dzomeŋɔlia, míaƒe ƒomea de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe le Memphis, le Tennessee, be míakpɔ nu teƒe ko. James gakpɔtɔ ɖo ge, eye míaƒe awu tsɛawo koe míegado. Le ɖiɖiɖemeɣiwoa, Ðasefoawo nɔ mía nu ɣesiaɣi kloe. Woƒe lɔlɔ̃, vividoɖeameŋu kple ale si woxɔ mí la lé dzi na mí. Woƒe ɖekawɔwɔa hã wɔ dɔ ɖe mía dzi, elabe afi ka kee míede kpekpe le o, nufiafiaawo le ɖeka.

Ale si Ðasefoawo tsɔ ɖe le eme na mí la ʋã James wòlɔ̃ be woava srɔ̃ Biblia kpli ye. Edzro nu sia nu me tsitotsito, elabe edi be yeaka ɖe edzi be nu siwo srɔ̃m yenɔa nye nyateƒe. (Dɔwɔwɔwo 17:11; 1 Tesalonikatɔwo 5:21) Le ɣeyiɣi aɖe megbea, James kpɔe be yeke ɖe nyateƒea ŋu. Gake nye ya metɔtɔ le ɖokuinye me. Medi be mawɔ nu si sɔ, gake nyemedi be mazã “nu siwo le tsia dzi” ale be woabum “xexemetɔ” o. Zi gbãtɔ si melɔ̃ be manɔ Biblia nusɔsrɔ̃a mea, meda King James Biblia ɖe nye ata ɖeka dzi, eye meda Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖe nye ata kemɛ dzi. Metsɔ mawunyakpukpui ɖe sia ɖe si woyɔa sɔ kple wo nɔewo le Biblia eveawo me be makpɔ egbɔ be womele nye flum o.

Nu Si Na Meva Ka Ðe Nyateƒea Dzi

Esi Ðasefoawo nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí la, míeva kpɔe be mía Fofo si le dziƒoa nye Mawu ɖeka, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ o, eye be míawo ŋutɔwoe nye luʋɔ, ke menye be luʋɔ aɖe si mekuna oa le mía me o. (1 Mose 2:7; 5 Mose 6:4; Ezekiel 18:4; 1 Korintotɔwo 8:5, 6) Míesrɔ̃e hã be hell menye teƒe aɖe si wowɔa funyafunya amewo le dzo me le o, ke boŋ enye ameƒomea ƒe yɔdo. (Hiob 14:13; Psalmo 16:10; Nyagblɔla 9:5, 10; Dɔwɔwɔwo 2:31) Nyateƒenya sia nyanya gakpe ɖe ŋunye ŋutɔ, elabe Old Brethren tsɔtsia me tɔwo ƒe nu mesɔ le nu si tututu nya sia fia ŋu o.

Gake egawɔna nam kokoko be Ðasefowo menye subɔsubɔha vavãtɔ o, elabe le nye susu nua, wogakpɔtɔ nye xexea ƒe akpa aɖe. Womenɔa agbe “tsɛ” o, evɔ mekpɔe be esia le vevie ŋutɔ hafi. Ke hã, mede dzesii be wonɔ se si Yesu de be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo katãa dzi wɔm. Metɔtɔ ale gbegbe!—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Le ɣeyiɣi sia tututu mea, lɔlɔ̃ si Ðasefoawo ɖe fiam kpe ɖe ŋunye meyi edzi nɔ Biblia srɔ̃m be manya nyateƒea. Hame bliboa tsɔ ɖe le eme na míaƒe ƒomea. Hamea me tɔ vovovowo va srãa mí kpɔna, eye esia wɔe be míeva de dzesii be ame nyuiwoe wonye vavã. Ɣeaɖewoɣia, ɖeko wogblɔna be yewova be yewoadze nyinotsi alo aƒle koklozi, evɔ ɖe wodi be yewoasrã mí kpɔ ta koe. Wova srãa mí kpɔna faa togbɔ be wonya be Ðasefo aɖe koŋ le nu srɔ̃m kpli mí hã. Ɣesiaɣi si hamea me tɔ aɖe va míaƒe nutoa mea, egena ɖe mía dzi. Enɔ vevie na mí ŋutɔ be míanya Ðasefoawo nyuie, eya ta míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wotsɔ ɖe le eme na mí heɖe lɔlɔ̃ fia mí la ŋu ŋutɔ.

Menye Ðasefo siwo nɔ hame si tsɔ mía gbɔ me koe tsɔ ɖe le eme na mí alea o. Esime menɔ avu wɔm kple awudodo kple dzadzraɖo ƒe nyaa, Kay Briggs, si tso hame aɖe si te ɖe mía ŋu mea, va srãm kpɔ. Eya ŋutɔ tiae be yeanɔ awu tsɛwo dom eye yemawɔ leke o. Esia wɔe be meɖe dzi ɖi eye míete ŋu ɖo dze faa. Emegbe Lewis Flora va srãm kpɔ. Subɔsubɔha si me míenɔ tsãa tɔgbi mee wohe eya hã le hafi wòva zu Ðasefo. Eya ŋutɔ kpɔe le mo nam be metɔtɔ ale gbegbe, eya ta eɖo lɛta si me nyawo xɔ axa ewoa ɖem be yeatsɔ afa dzi nam. Ale si wòbu ŋunyea na mefa avi, eye mexlẽ eƒe lɛtaa zi gbɔ zi geɖe.

Megblɔ na Nɔviŋutsu O’Dell, si nye nutome sue dzikpɔIa, be wòaɖe Yesaya 3:18-23 kple 1 Petro 3:3, 4 me nam. Mebiae be, “Ðe mawunyakpukpui siawo meɖee fia be ele vevie be míado awu tsɛwo be míaƒe nu nadze Mawu ŋu oa?” Ebiam be: “Ðe wònye nu gbegblẽ be ame naɖɔ tatsyɔnua? Ðe wògblẽ be woagbi ɖa?” Ebia nya mawo elabe le Old Brethren tsɔtsia mea, míegbia ɖa na nyɔnuviwo, eye nyɔnuawo ɖɔa tatsyɔnu. Esia na mekpɔe be míaƒe nufiafiawo meto mɔ ɖeka o, eye ale si nutome sue dzikpɔIaa gbɔ dzi ɖi nam heƒo nu nam tufafatɔea wɔ dɔ ɖe dzinye.

Vivivia, meva nɔ nuwo gɔme sem, gake nya bubu aɖe si gaɖe fu nam vevie ye nye be woƒe nyɔnuwo tea ŋu sẽa woƒe ɖa dzi. Hamemetsitsiawo kpe ɖe ŋunye mede ŋugble le nyaa ŋu esi wogblɔ nam be nyɔnu aɖewo ƒe ɖa metea ŋu didina o, ke bubuwo tɔ ya tea ŋu didina. Ðe wòfia be ame siwo tɔ didia, nyo wu ame siwo tɔ medidi oa? Wona mekpɔe hã be dzitsinya wɔa akpa aɖe le ale si ame doa awui alo dzrana ɖoe me, eye wonam nyati aɖewo ku ɖe eŋu be mavae xlẽ.

Míewɔ Ðe Nu Siwo Míesrɔ̃a Dzi

Míenɔ subɔsubɔha si tsea ku nyuiwoa dim, eye míeke ɖe eŋu. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Míeva ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo ɖea lɔlɔ̃ vavã fiana. Togbɔ be ele alea hãa, mía vi tsitsitɔ eveawo, Nathan kple Rebecca, tɔtɔ le wo ɖokui me, elabe woxɔ Old Brethren tsɔtsia ƒe nufiafiawo dzi se, eye wonyrɔ wo ɖe ha ma me. Vivivia, Biblia me nyateƒe siwo míefia wo kple lɔlɔ̃ si Ðasefoawo ɖe fia mí la wɔ dɔ ɖe wo dzi.

Le kpɔɖeŋu me, tso ɣeaɖeɣi kea, Rebecca dina be ye kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Eva nɔ bɔbɔe nɛ azɔ be wòado gbe ɖa na Mawu esi wòva nyae be meɖoa nu sia nu si ame awɔ alo ale si eƒe etsɔme anɔ ɖi o. Nu bubu si na wògate ɖe Mawu ŋu wue nye esi wòva srɔ̃e be menye Mawuɖekaetɔ̃ si gɔme womate ŋu ase o ye wònye o, ke boŋ enye Mawu vavã, si si nɔnɔme nyuiwo le yeate ŋu asrɔ̃. (Efesotɔwo 5:1) Azɔ hã, dzi dzɔe ŋutɔ esi wòva nya be mehiã be yeazã nya xoxo siwo dze le King James Biblia me ne yele gbe dom ɖa nɛ o. Esi wòva srɔ̃ ale si Mawu di be míado gbe ɖae kple tame si wòɖo be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzia, ese le eɖokui me be ye kple ye Wɔlaa dome gava le kplikplikpli wu.—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yayra Siwo Míekpɔ

Nye kple James kple mía vi gbãtɔ va se ɖe atɔ̃lia dzi—Nathan, Rebecca, George, Daniel, kple John—míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1987 ƒe dzomeŋɔli. Emegbe, Harley xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1989 me, eye Simon xɔe le ƒe 1994 me. Míaƒe ƒome bliboa yi edzi le dɔ si Yesu Kristo de asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia wɔm.

Mía viŋutsu tsitsi atɔ̃awo—Nathan, George, Daniel, John, kple Harley—kpakple mía vinyɔnu Rebecca—wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Amerika kpɔ. George gakpɔtɔ le dɔ wɔm le afi ma ƒe 14 kple edzivɔe nye esia, eye Simon, si do go le suku le ƒe 2001 mea, hã dze dɔwɔwɔ le afi ma nyitsɔ laa. Mía viŋutsuawo dometɔ aɖewo nye hamemetsitsiwo, eye bubuwo nye subɔsubɔdɔwɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me. Srɔ̃nye nye hamemetsitsi le Thayer Hamea me, le Missouri, eye nye hã mele vevie dom nu le subɔsubɔdɔa me.

Tɔgbuiyɔvi kple mamayɔvi etɔ̃e le mía si fifia. Woƒe ŋkɔwoe nye Jessica, Latisha, kple Caleb, eye edzɔ dzi na mí be wo dzilawo le kpekpem ɖe wo ŋu tso ɖevime ke be woalɔ̃ Yehowa. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be Yehowa te mí va eɖokui gbɔ eye wòkpe ɖe mía ŋu míeva de dzesi eƒe amewo to lɔlɔ̃ si woɖena fiana dzi.

Míesea veve ɖe ame siwo di vevie be yewoadze Mawu ŋu gake ale si wohe woe kple afi si wonɔ tsi la kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe dzitsinya dzi, ke menye nu si Biblia fia oa nu. Míele mɔ kpɔm be woawo hã woava kpɔ dzidzɔ si míekpɔna ne míele amewo gbɔ yim tso aƒe me yi aƒe me, menye kple agblemenukuwo o, ke boŋ be míaƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea kple nu nyui siwo wòava wɔa ŋu na wo. Mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yehowa ƒe amewo gbɔ dzi ɖi na mí heɖe lɔlɔ̃ fia mí la ŋu ale gbegbe, eye ne mebu eŋua, aɖatsi koe lólona ɖe ŋku dzi nam!

[Nɔnɔmetata]

Esime mexɔ abe ƒe adre ene, kple esi meva tsi

[Nɔnɔmetata]

James, George, Harley kple Simon le awu tsɛwo me

[Nɔnɔmetata]

Foto sia si me metsɔ agblemenuwo yina ɖe asi mea dze le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Journal and Courier, Lafayette, Indiana

[Nɔnɔmetata]

Nye kple nye ƒomea egbea