Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ale Si Mewɔ Va Nya Ame Si Ate Ŋu Aɖe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Ða

Ale Si Mewɔ Va Nya Ame Si Ate Ŋu Aɖe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Ða

Ale Si Mewɔ Va Nya Ame Si Ate Ŋu Aɖe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Ða

Abe ale si Ursula Menne gblɔe ene

Meɖo ŋku edzi be, tsãa medi vevie ŋutɔ be woawɔ nudzɔdzɔe ɖe ame sia ame ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔe. Esia va wɔe kura gɔ̃ hã be wolém de ga le Ɣedzeƒe Germany le Kɔmiunist Dziɖuɖua te. Na maɖe eme.

WODZIM le ƒe 1922 me le Germany ƒe du si nye Halle me, eye du sia li ƒe 1,200 kple edzivɔ ye nye esia. Du sia le Berlin ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome, eye wodidi tso wo nɔewo gbɔ kilometa 200. Halle nye du si me Protestan dzixɔsewo bɔ ɖo tsã. Wodzi nɔvinyenyɔnu si ŋkɔe nye Käthe le ƒe 1923 me. Papa wɔ asrafo dɔ. Dada dzia ha le fefewɔƒe aɖe.

Papa di vevie be yeaɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖo, ta didi vevi sia va nɔ nye hã menye. Esi wòdzudzɔ asrafodɔa la, eʋu fiase aɖe. Ame akpa gãtɔ si ƒlea nu le egbɔ la nye ame dahewo, ta ekpɔa nublanui na wo eye wòdzraa nugbana na wo. Gake eƒe dɔmenyo nuwɔna sia va wɔe be wòɖu agba. Ðe wòle be nu si dzɔ ɖe tɔnye dzi la nafiam be, asesẽ ŋutɔ be amegbetɔ nakpɔ egbɔ be wowɔ nu dzɔdzɔe ɖe amewo katã ŋu sɔsɔe wu ale si mesusui hafi. Gake asiɖeɖe le sɔhɛ me nɔnɔ ƒe nuŋububu ŋu sesẽ na ŋutɔ.

Nye kple Käthe míesrɔ̃ hadzidzi kple ɣeɖuɖu tso mía nɔ gbɔ. Eye míekpɔa dzidzɔ tso míaƒe ɖevi me va se ɖe ƒe 1939 me.

Ɣeyiɣi Dziŋɔwo Dze Egɔme

Esi mewu gɔmedzesuku nu la, meyi Ballet Ɣeɖuɖu Suku aɖe, afi si Mary Wigman fia atsyã ɣeɖuɖu si woyɔna be Ausdruckstanz le. Mary Wigman bi ɖe atsyã ɣeɖuɖu si me ɣeɖulaa ɖea eƒe seselelãmewo fiana le la me. Meva nɔ nu tam hã. Esiawo katã wɔe be mekpɔ dzidzɔ geɖee le nye ƒewuiwo me. Gake eteƒe medidi o Xexemeʋa Evelia dze egɔme le ƒe 1939 me. Eye le ƒe 1941 me la, yɔmekpe wu tɔnye, esia na míaƒe dzi gbã ale gbegbe.

Aʋawɔwɔ nye nu si dziŋɔ ŋutɔ. Togbɔ be ƒe 17 koe mexɔ esi aʋaa dze egɔme hã la, mekpɔe be nuwo tɔ zi le xexea me. Mekpɔ Germany dumevi dzro siwo Nazi ƒe dziɖuɖua wɔ fui. Ameteteɖeanyi, amewuwu kple ʋunyaʋunya wɔwɔ geɖe nɔ edzi yim. Bɔmb aɖe si woda la gblẽ nu le míaƒe aƒea ŋu, eye nye ƒometɔ geɖe ku le aʋaa me.

Esi aʋa la ke le ƒe 1945 me la, nye, nɔnye kple Käthe míegakpɔtɔ nɔ Halle. Ɣemaɣi la, meɖe srɔ̃ eye míedzi vi nyɔnuvi, gake dzidzɔ menɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me o. Ta míekla ɖa tso mía nɔewo gbɔ, eye be mate ŋu akpɔ nye ŋutɔ kple vinyenyɔnuvia dzi la, mevae ɖua ɣe alo taa nu.

Le aʋa la vɔ megbea, Germany ma ɖe akpa ene me, eye Soviet Union ye nɔ dukɔa ƒe akpa si míenɔ la dzi ɖum. Ta ele be míasrɔ̃ ale si míanɔ Kɔmiunist dziɖuɖua te. Le ƒe 1949 me la, Germany ƒe akpa si míenɔ si woyɔna zi geɖe be Ɣedzeƒe Germany la va zu German Democratic Republic (GDR).

Ale Si Agbea Nɔ Le Kɔmiunist Dziɖuɖu Te

Le ɣeyiɣi mawo me la, Dada va dze dɔ, eye ele be makpɔ edzi. Ta meva kpɔ dziɖuɖudɔ aɖe nɔ wɔwɔm. Ɣemaɣi la, meva wɔ ɖeka kple sukuvi dzeaglã siwo nɔ agbagba dzem be yewoahe susu ayi nu madzɔmadzɔ siwo nɔ edzi yim la dzi. Le kpɔɖeŋu me, yunivɛsiti suku aɖe gbe be yewomaxɔ sukuvi aɖe ɖe yewoƒe sukua me o le esi wobe Fofoa nye Nazi dunyaheha me tɔ ta. Menya sukuvi sia nyui elabe nye kplii míedea fefewɔƒewo ɖekae. Mebia ɖokuinye be, ‘Ðe wòle be woahe to nɛ ɖe fofoa ƒe nuwɔna taa?’ Meva kpe asi ɖe sukuvi dzeaglãwo ŋu eye meƒo ɖokuinye ɖe woƒe gbɔlɔlɔwo me. Gbe ɖeka la, meklã gbɔlɔlɔgbalẽviwo ɖe nutoa me ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe gliwo ŋu gɔ̃ hã.

Esi menye agbalẽŋlɔla le dziɖuɖudɔwɔƒea, lɛta siwo meŋlɔna be woatsɔ aɖo ɖe Kɔmiti Si Kpɔa Ŋutifafanyawo Gbɔ Le Nutoa Me la na didi vevie si nɔ menye be maɖɔ numadzɔmadzɔ wɔwɔ ɖo la me gava sẽ ɖe edzi. Gbe ɖeka la, Kɔmitia ɖoe be yewoaɖo Kɔmiunisttɔwo ƒe ameflunyawo ɖe ŋutsu tsitsi aɖe si le Ɣetoɖoƒe Germany atsɔ atre mɔ̃ nɛ. Nu madzɔmadzɔ sia si wodi be yewoawɔ ɖe ŋutsu tsitsi sia ŋu la do dziku nam ale gbegbe, ta metsɔ lɛtawo ɣla ɖe nye ɔfis. Esia wɔe be lɛta siawo dometɔ aɖeke meka ŋutsua si o.

“Ame Vɔ̃ɖitɔ Kekeake” Na Mɔkpɔkpɔm

Le June 1951 me la, kpovitɔ eve va nye ɔfis eye wogblɔ nam be: “Míelé wò.” Wokplɔm yi gakpɔ si woyɔna be Roter Ochse alo Red Ox la me. Le ƒe ɖeka megbe la, wotso nunye be medze aglã ɖe Dukɔa ŋu. Elabe sukuvi aɖe dem asi na adzame kpovitɔ siwo woyɔna be Stasi, eye wògblɔ na wo be nyee va klã agbalẽviawo ɖe nutoa me ʋɔnudrɔƒea ƒe gliwo ŋu. Womebu nya siwo megblɔ tsɔ ɖe ɖokuinye nu le ʋɔnua la ɖe naneke me o. Eye woka ƒe ade nam be matsɔ anɔ gaxɔ me. Esi menɔ afi ma la, medze dɔ vevie eye wokplɔm yi gakpɔa ƒe dɔnɔkɔdzixɔ aɖe me, eye nyɔnu 40 bubuwo nɔ afi ma. Mevɔ̃ ŋutɔ esi mekpɔe be nyɔnu siwo katã nɔ afi ma la menɔ dzidzɔ kpɔm o. Meƒu du yi ʋɔtrua nu eye menɔ eƒom gbagbagba.

Dzɔla la biam be “Nu ka dim nèle?”

Medo aƒã sesĩe be, “Mikplɔm doe le afi sia. Ne ameɖekɛgaxɔmee miadem kura la enyo nam wu, ta mikplɔm doe le afi sia.” Gake mede nu me nam o. Emegbe kpui la, mede dzesi nyɔnu aɖe si to vovo tso ame bubuwo gbɔ. Edze le mo nɛ be ele dzidzɔ kpɔm le ememe. Ta meva nɔ exa.

Gake egblɔ nam be, “Esi nèva nɔ gbɔnye la, ele be nàkpɔ nyui”, esia wɔ nuku nam ŋutɔ. Eye wògblɔ kpee be, “Amewo bum be nyee nye ame vɔ̃ɖitɔ kekeake le afi sia, le esi menye Yehowa Ðasefowo ta.”

Ɣemaɣi la, nyemenya be wobua Yehowa Ðasefowo be wonye Kɔmiunist Dziɖuɖua ƒe futɔwo o. Gake meɖo ŋku edzi be le nye ɖevime la, Biblia Nusrɔ̃vi eve aɖewo (aleae woyɔa Yehowa Ðasefowo tsã) vaa Papa gbɔ edziedzi. Le nyateƒe me la, meɖo ŋku edzi be Papa gblɔna be, “Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe nya le eteƒe!”

Ta esi medo go Ðasefo sia si ŋkɔe nye Berta Brüggemeier la, mefa dzidzɔvi. Megblɔ nɛ be, “Meɖe kuku fia num tso Yehowa ŋu.” Tso ɣemaɣi la, nye kplii míedia ɣeyiɣi dzroa Biblia me ɖekae. Mesrɔ̃e be, Mawu vavã Yehowa nye lɔ̃lɔ kple ŋutifafa ƒe Mawu, eye wòlɔ̃a dzɔdzɔenyenye. Mesrɔ̃e hã be ava ɖɔ nu siwo katã dome ame vɔ̃ɖiwo kple ŋutasẽlawo gblẽ la ɖo. Psalmo 37:10, 11 gblɔ be, “Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o . . . Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”

Woɖem Le Gaxɔ Me Eye Meʋu Yi Ɣetoɖoƒe Germany

Esi menɔ gaxɔ me abe ƒe atɔ̃ ene la, woɖem le afi ma le ƒe 1956 me. Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, meʋu yi Ɣetoɖoƒe Germany. Ɣemaɣi la, vinyɔnuvi eve siwo ŋkɔe nye Hannelore kple Sabine ye nɔ asinye, eye mekplɔ wo ɖe asi. Le afi ma la, nye kple srɔ̃nye míegbe mía nɔewo, eye megava do go Ðasefowo ake. Le nye Biblia sɔsrɔ̃ mea, meva kpɔe be ele be mawɔ tɔtrɔ geɖewo le nye agbenɔnɔ me ale be mate ŋu anɔ agbe wòasɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. Mewɔ tɔtrɔ siawo eye mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1958 me.

Emegbe meɖe Klaus Menne si nye Yehowa Ðasefo. Nye kple Klaus míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me, eye míedzi vi eve siwo ŋkɔe nye Benjamin kple Tabia. Nublanuitɔe la, Klaus ku ƒe 20 ye nye esia le afɔku aɖe me, eye tso ɣemaɣi la, menye ahosi va se ɖe egbe. Gake ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa na mekpɔ akɔfafa geɖe, elabe menyae be woava fɔe ɖe tsitre le Paradisoa me. (Luka 23:43; Dɔwɔwɔwo 24:15) Eye mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ elabe vinye eneawo katã le Yehowa subɔm.

Nye Biblia nusɔsrɔ̃ na mekpɔe be Yehowa ɖeka kolia koe ate ŋu aɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖo. To vovo na amegbetɔwo la, Yehowa ya nya nɔnɔme siwo me míetsi le kple nu siwo me míeto le agbe me. Esia nyanya na nye dzi dzea eme fifia gɔ̃ hã, vevietɔ ne mekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe alo ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe ŋunye. Nyagblɔla 5:8 gblɔ be: “Ne èkpɔe be wote ame dahe ɖe anyi, wobaɖa afɔ na nya dzɔdzɔe eye wotu afɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ me le miaƒe nutoa me la, megawɔ nuku na wò o. Elabena amegã si le ɖoƒe kɔkɔ ma la, ame si le ɖoƒe si kɔkɔ wu etɔ la li le ekpɔm, eye ame bubu siwo kɔ boo wu woawo hã li.” Eye míenyae be, ‘ame si kɔ boo wu’ lae nye Wɔla la. Hebritɔwo 4:13 gblɔ be: “Eye nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o, ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi eye wotsi ƒeƒle le ame si míabu akɔnta na la ŋkume.”

Ne Metrɔ Kpɔ Megbe Ƒe 90 Kloe Ye Nye Esia

Amewo biaam be aleke nuwo nɔ le Nazi kple Kɔmiunist ƒe dziɖuɖuwo te hã. Nyae nye be agbea menɔ bɔbɔe le ɖeke te o. Abe ale si wòle le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖe sia ɖe gome ene la, dziɖuɖu eve siawo katã ɖo kpe edzi be amegbetɔwo mate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi o. Biblia gblɔ nyateƒenya vavã sia be, “amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.”—Nyagblɔla 8:9.

Esi menye ɖevi manyaɖekeleme la, menɔ mɔ kpɔm be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo naɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo ɖo. Fifia meva nya be mía Wɔla ɖeka koe ate ŋu ana nu dzɔdzɔe wɔwɔ naxɔ aƒe ɖe xexea me, eye awɔ esia ne eva ɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa eye wòna via Yesu Kristo si tsɔa ɖe le eme na amewo vevie la va le anyigba la dzi ɖum. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be: “Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye nèlé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ.” (Hebritɔwo 1:9) Medaa akpe ale gbegbe be Mawu tem ɖe Fia nyui sia si wɔa nu dzɔdzɔe la ŋu, eye mele mɔ kpɔm be mava nɔ agbe tegbee le eƒe dziɖuɖua te!

[Nɔnɔmetata]

Nye kple vinyenyɔnu siwo nye Hannelore kple Sabine, esi míeva ɖo Ɣetoɖoƒe Germany

[Nɔnɔmetata]

Nye kple vinyeŋutsu Benjamin, kple srɔ̃a, Sandra, fifia