Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:1-40

  • Wonya ʋɔnudrɔ̃la Yefta, eva zu kplɔla emegbe (1-11)

  • Yefta ɖe kuku na Amon (12-28)

  • Yefta ƒe adzɔgbeɖeɖe kple vianyɔnu (29-40)

    • Yefta vinyɔnua ƒe trenɔnɔ (38-40)

11  Gileadtɔ Yefta+ nye aʋakalẽtɔ sesẽ aɖe; enye gbolo aɖe ƒe vi, eye Yefta fofoe nye Gilead.  Gilead srɔ̃ dzi ŋutsuvi bubuwo hã nɛ. Esi srɔ̃a ƒe viwo tsi la, wonya Yefta hegblɔ nɛ be: “Domenyinu aɖeke masu asiwò le mía fofo ƒe me o, elabena nyɔnu bubu ƒe vie nènye.”  Eya ta Yefta si le nɔviawo nu, eye wòva nɔ Tob-nyigba dzi. Eye ŋutsu dɔaɖekemawɔlawo va wɔ ɖeka kple Yefta, eye wodze eyome.  Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo kpe aʋa kple Israel.+  Esi Amonitɔwo kpe aʋa kple Israel la, enumake Gilead-metsitsiwo yi be yewoaɖakplɔ Yefta tso Tob-nyigba dzi vɛ.  Wogblɔ na Yefta be: “Va nye míaƒe aʋafia, ne míawɔ aʋa kple Amonitɔwo.”  Ke Yefta bia Gilead-metsitsiwo be: “Menye miawoe lé fum vevie henyam le fofonye ƒe me oa?+ Ke nu ka tae mieva gbɔnye azɔ esi mieɖo xaxa me?”  Eye Gilead-metsitsiwo gblɔ na Yefta be: “Esia ta míeva gbɔwò ɖo. Ne èyi kpli mí ɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo la, àzu mí Gileadtɔwo katã ƒe kplɔla.”+  Eya ta Yefta gblɔ na Gilead-metsitsiawo be: “Ne miekplɔm gbɔe meyi ɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo, eye Yehowa ɖu wo dzi nam la, ekema mazu miaƒe kplɔla!” 10  Eye Gilead-metsitsiawo ɖo eŋu na Yefta be: “Yehowa nanye ɖasefo* le mí kpli wò dome ne míewɔ nya si nègblɔ la dzi o.” 11  Eya ta Yefta yi kple Gilead-metsitsiawo, eye dukɔ la tsɔe ɖo woƒe kplɔla kple aʋafia. Eye Yefta gbugbɔ gblɔ nya siwo wògblɔ la katã le Yehowa ŋkume le Mizpa.+ 12  Eye Yefta dɔ ame ɖo ɖe Amonitɔwo+ ƒe fia gbɔ be: “Nu kae mewɔ ɖe ŋuwò* hafi nèho aʋa ɖe nye anyigba ŋu?” 13  Amonitɔwo ƒe fia gblɔ na Yefta ƒe ame dɔdɔawo be: “Elabena Israel xɔ nye anyigba esime woʋu tso Egipte va,+ woxɔe tso Arnon+ va se ɖe Yabok va ɖo keke Yordan+ nu ke. Eya ta azɔ la, gbugbɔe nam kpoo.” 14  Ke Yefta gadɔ ame ɖo ɖe Amonitɔwo ƒe fia ake 15  be woagblɔ nɛ be: “Ale Yefta gblɔe nye esi: ‘Israel mexɔ Moabtɔwo+ ƒe anyigba kple Amonitɔwo ƒe anyigba+ o, 16  elabena esime Israel ʋu tso Egipte la, woto gbedzi va ɖo Ƒudzĩ+ la nu heva Kades.+ 17  Eye Israel dɔ ame ɖo ɖe Edom-fia,+ be woagblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na míato wò anyigba dzi ayi,” ke Edom-fia+ meɖo toe o. Edɔ ame ɖo ɖe Moab-fia hã, ke eya hã melɔ̃ o. Eye Israel tsi Kades.+ 18  Esi woto gbea dzi la, wotso Edom-nyigba+ kple Moab-nyigba ɖi. Woto Moab-nyigba+ ƒe ɣedzeƒe gome heva ƒu asaɖa anyi ɖe Arnon nuto la me; womege ɖe Moab+ ƒe anyigba dzi o, elabena Arnon ye do liƒo na Moab. 19  “‘Emegbe Israel dɔ ame ɖo ɖe Amoritɔwo ƒe fia Sihon, si nye Hesbon-fia, eye Israel gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na míato wò anyigba dzi ayi míawo ŋutɔwo mía nɔƒe.”+ 20  Ke Sihon meka ɖe Israel-viwo dzi ne wòana woato eƒe anyigba dzi ayi o, eya ta Sihon ƒo eƒe amewo katã nu ƒu heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yahaz, eye wòwɔ aʋa kple Israel.+ 21  Eye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tsɔ Sihon kple eƒe amewo katã de asi na Israel, ale be woɖu wo dzi, eye Israel xɔ Amoritɔ siwo nye anyigba ma dzi tɔwo la ƒe anyigba katã.+ 22  Ale woxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba la katã wòzu wo tɔ tso Arnon-tɔsisia nu va se ɖe Yabok-tɔsisia nu, tso gbea dzi va se ɖe Yordan nu.+ 23  “‘Yehowa, Israel ƒe Mawu lae nya Amoritɔwo ɖa le eƒe dukɔ Israel+ ŋgɔ, azɔ wòa nèbe yeanya wo ɖa? 24  Menye nu sia nu si wò mawu Kemos+ na wò lae nye tɔwò oa? Eya ta ame sia ame si mía Mawu Yehowa nya ɖa le mía ŋgɔ lae míanya ɖa.+ 25  Azɔ wòe nyo wu Moab-fia Balak,+ Zipor vi la? Ðe wòhe nya kple Israel alo wɔ aʋa kplii kpɔa? 26  Esi Israel nɔ Hesbon kple eŋu duwo,+ Aroer kple eŋu duwo, kpakple du siwo katã le Arnon ŋu la me ƒe alafa etɔ̃ sɔŋ ɖe, nu ka tae mète kpɔ be yeagbugbɔ xɔe le wo si ɣemaɣi o?+ 27  Nyemewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o, eya ta tɔwò medzɔ be nèho aʋa ɖe ŋunye o. Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la+ la, nadrɔ̃e le Israel-viwo kple Amonitɔwo dome egbea.’” 28  Ke Amonitɔwo ƒe fia la meɖo to Yefta ƒe nya siwo wògblɔ ɖo ɖee la o. 29  Ale Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Yefta dzi,+ eye wòto Gilead kple Manase yi Mizpe si le Gilead, eye wòtso Mizpe si le Gilead+ ɖo ta Amonitɔwo gbɔ. 30  Eye Yefta ɖe adzɔgbe+ na Yehowa gblɔ be: “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la, 31  ekema ame si ado tso nye aƒe ƒe agbo nu ava kpem ne megbɔ tso Amonitɔwo gbɔ le ŋutifafa me la, azu Yehowa tɔ,+ eye matsɔ ame ma ana abe numevɔsa+ ene.” 32  Ale Yefta yi ɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo, eye Yehowa tsɔ wo de asi nɛ. 33  Esi wo hewu wo dometɔ gbogbo aɖewo ŋutɔ tso Aroer yi keke Minit—exɔ du blaeve—va se ɖe Abel-Keramim ke. Ale wobɔbɔ Amonitɔwo ɖe anyi le Israel-viwo ŋkume. 34  Mlɔeba esi Yefta trɔ gbɔna eƒe me le Mizpa+ la, kpɔ ɖa, vianyɔnue nye ema do go le axatsɛ ƒom hele ɣe ɖum gbɔna ekpe ge! Ke eya koe nye vi ɖeka hɔ̃ si le esi. Viŋutsu alo vinyɔnu bubu aɖeke megale esi kpe ɖe eŋu o. 35  Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo hegblɔ be: “Ao, vinye! Ègbã dzi nam,* elabe èzu ame si menya de gbe. Elabe meɖe adzɔgbe na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o.”+ 36  Ke egblɔ nɛ be: “Fofonye, ne èke nu na Yehowa la, ekema wɔm abe ale si nèdo ŋugbee+ ene, elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ Amonitɔwo na wò.” 37  Eye wògblɔ na fofoa be: “Wɔ nu sia ko nam: Ðe mɔ nam ɣleti eve manɔ ɖokuinye si, ne nye kple xɔ̃nyewo míayi toawo dzi aɖafa nye ɖetugbui leaƒe nyenye.” 38  Eye wògblɔ nɛ be: “Heyi!” Ale wòɖe mɔ nɛ wòdzo ɣleti eve, eye eya kple exɔlɔ̃awo yi ɖafa eƒe ɖetugbui leaƒe nyenye le toawo dzi. 39  Esi ɣleti eveawo wu enu la, etrɔ gbɔ va fofoa gbɔ, eye wòwɔ adzɔgbe si wòɖe le eŋu la dzi.+ Ke medɔ kple ŋutsu kpɔ o. Eye wòzu kɔnu* le Israel be, 40  ƒe sia ƒe la, Israel ɖetugbuiwo yina ɖakafua Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu la, ŋkeke ene le ƒe ɖeka me.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si see.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nya kae le nye kpli wò dome?”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Èbɔbɔm ɖe anyi ŋutɔ.”
Alo, “ɖoɖo.”