1 Kronika 1:1-54

  • Tso Adam dzi va ɖo Abraham dzi (1-27)

  • Abraham ƒe dzidzimeviwo (28-37)

  • Edomtɔwo kple woƒe fiawo kpakple amegãwo (38-54)

1  Adam,Set,+Enos,  Kenan,Mahalalel,+Yared,+  Enok,+Metusala,Lamek,+  Noa,+Sem,+ Ham kple Yafet.+  Yafet viwoe nye Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal,+ Mesek+ kple Tiras.+  Gomer viwoe nye Askenaz, Rifat kple Togarma.+  Yavan viwoe nye Elisa, Tarsis, Kitim kple Rodanim.  Ham viwoe nye Kus,+ Mizrayim, Put kple Kanaan.+  Kus viwoe nye Seba,+ Havila, Sabta, Raama+ kple Sabteka. Raama viwoe nye Seba kple Dedan.+ 10  Kus dzi Nimrod.+ Eyae nye ame gbãtɔ si va zu ŋusẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. 11  Mizrayim dzi Ludim,+ Anamim, Lehabim, Naftuhim,+ 12  Patrusim,+ Kasluhim (ame si me Filistitɔwo+ dzɔ tso) kple Kaftorim.+ 13  Kanaan dzi Sidon,+ si nye eƒe ŋgɔgbevi, kple Het,+ 14  kpakple Yebusitɔwo,+ Amoritɔwo,+ Girgasitɔwo,+ 15  Hivitɔwo,+ Arkitɔwo, Sinitɔwo, 16  Arvadtɔwo,+ Zemaritɔwo kple Hamattɔwo. 17  Sem viwoe nye Elam,+ Asur,+ Arpaksad, Lud kple Aram,kple* Uz, Hul, Geter kple Mas.+ 18  Arpaksad dzi Sela,+ eye Sela dzi Eber. 19  Wodzi ŋutsuvi eve na Eber. Ðeka ŋkɔe nye Peleg,*+ elabena eŋɔlie anyigba la ma.* Nɔvia ŋkɔe nye Yoktan. 20  Yoktan dzi Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera,+ 21  Hadoram, Uzal, Dikla, 22  Obal, Abimael, Seba, 23  Ofir,+ Havila+ kple Yobab; ame siawo katã nye Yoktan viwo. 24  Sem,Arpaksad,Sela, 25  Eber,Peleg,+Reu,+ 26  Serug,+Nahor,+Tera,+ 27  Abram, si woyɔna be Abraham.+ 28  Abraham viwoe nye Isak+ kple Ismael.+ 29  Woƒe ƒomewoe nye: Ismael ƒe ŋgɔgbevi Nebayot,+ eyome edzi Kedar,+ Adbeel, Mibsam,+ 30  Misma, Duma, Masa, Hadad, Tema, 31  Yetur, Nafis kple Kedema. Ame siawoe nye Ismael viwo. 32  Abraham ƒe ahiã Ketura+ viwoe nye Zimran, Yoksan, Medan, Midian,+ Yisbak kple Sua.+ Yoksan viwoe nye Seba kple Dedan.+ 33  Midian viwoe nye Efa,+ Efer, Hanok, Abida kple Eldaa. Ame siawo katã nye Ketura viwo. 34  Abraham dzi Isak.+ Isak viwoe nye Esau+ kple Israel.+ 35  Esau viwoe nye Elifaz, Reuel, Yeus, Yalam kple Kora.+ 36  Elifaz viwoe nye Teman,+ Omar, Zefo, Gatam, Kenaz, Timna kple Amalek.+ 37  Reuel viwoe nye Nahat, Zera, Sama kple Miza.+ 38  Seir+ viwoe nye Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan.+ 39  Lotan viwoe nye Hori kple Homam. Lotan nɔvinyɔnue nye Timna.+ 40  Sobal viwoe nye Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam. Zibeon viwoe nye Aya kple Ana.+ 41  Ana vie* nye Dison. Dison viwoe nye Hemdan, Esban, Yitran kple Keran.+ 42  Ezer+ viwoe nye Bilhan, Zaavan kple Akan. Disan viwoe nye Uz kple Aran.+ 43  Fia siawoe ɖu dzi le Edom-nyigba+ dzi hafi fia va ɖu Israel-viwo+ dzi: Bela, Beor vi; eƒe du la ŋkɔe nye Dinhaba. 44  Esi Bela ku la, Zera si tso Bozra+ ƒe vi Yobab zu fia ɖe eteƒe. 45  Esi Yobab ku la, Husam si tso Temantɔwo ƒe anyigba dzi zu fia ɖe eteƒe. 46  Esi Husam ku la, Hadad, Bedad vi, ame si si Midian le Moab-nyigba dzi la, zu fia ɖe eteƒe. Eƒe du la ŋkɔe nye Avit. 47  Esi Hadad ku la, Samla si tso Masreka zu fia ɖe eteƒe. 48  Esi Samla ku la, Saul si tso Rehobot le Tɔsisi la to zu fia ɖe eteƒe. 49  Esi Saul ku la, Baal-Hanan, Akbor vi zu fia ɖe eteƒe. 50  Esi Baal-Hanan ku la, Hadad zu fia ɖe eteƒe. Eƒe du la ŋkɔe nye Pau, eye srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, ame si nye Mezahab vinyɔnu Matred vi. 51  Emegbe Hadad ku. Edom ƒe amegãwoe* nye Amegã Timna, Amegã Alva, Amegã Yetet,+ 52  Amegã Oholibama, Amegã Ela, Amegã Pinon, 53  Amegã Kenaz, Amegã Teman, Amegã Mibzar, 54  Amegã Magdiel, Amegã Iram. Ame siawoe nye amegãwo le Edom.

Etenuŋɔŋlɔ

Ame siwo gbɔna la nye Aram viwo. Kpɔ 1 Mo 10:23.
Egɔmee nye, “Mama.”
Alo, “anyigbadzinɔlawo dome ma.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Amegãwo nye towo ƒe fiawo.