1 Kronika 12:1-40

  • Ame siwo de David dzi esime wòzu fia (1-40)

12  Ame siawoe va David gbɔ le Ziklag,+ esime wònɔ sisim le Saul,+ Kis vi nu, wole aʋakalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋa me la dome.+  Dati le wo si, eye wowɔa ɖusi kple mia+ le kpedada+ alo aŋutrɔdada me. Wotso Saul nɔvi Benyamin viwo dome.+  Woƒe tatɔe nye Ahiezer kpakple Yoas, siwo nye Gibeatɔ+ Semaa ƒe viwo; Yeziel kple Pelet, siwo nye Azmavet+ viwo, Beraka kple Anatottɔ Yehu,  Gibeontɔ+ Yismaya, ame si nye kalẽtɔ le ame blaetɔ̃awo dome,+ eye wòle ame blaetɔ̃awo nu; Yeremiya, Yahaziel, Yohanan kple Gederatɔ Yoazabad,  Eluzai, Yerimot, Bealiya, Semariya, Hariftɔ Sefatiya,  Elkana, Yisiya, Azarel, Yoezer kple Yasobeam, siwo nye Kora viwo;+  Yoela kple Zebadiya, siwo nye Yeroham si tso Gedor la ƒe viwo.  Gad viwo dometɔ aɖewo hã yi David ƒe akpa dzi le teƒe si yiyi sesẽ la le gbea dzi;+ wonye aʋakalẽtɔ siwo wona hehee na aʋawɔwɔ, ame siwo léa woƒe akpoxɔnu gã kple akplɔ ɖe asi henɔa klalo ɣesiaɣi, ame siwo ƒe mo le abe dzata ƒe mo ene, eye woƒe afɔ tsɔna abe sãde le towo dzi ene.  Ezer ye nye tatɔ, eveliae nye Obadiya, etɔ̃liae nye Eliab, 10  eneliae nye Mismana, atɔ̃liae nye Yeremiya, 11  adeliae nye Atai, adreliae nye Eliel, 12  enyiliae nye Yohanan, asiekeliae nye Elzabad, 13  ewoliae nye Yeremiya, wuiɖekɛliae nye Makbanai. 14  Ame siawoe nye Gad+ viwo, eye wonye aʋakɔ la ƒe tatɔwo. Wo dometɔ gblɔetɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame alafa nu, eye sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu.+ 15  Ame siawoe tso Yordan-tɔsisia le ɣleti gbãtɔ me, esime wòɖɔ gba go, eye wonya ame siwo katã le balia me la ɖo ɖe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gome. 16  Benyamin kple Yuda viwo dometɔ aɖewo hã va David gbɔ le teƒe si yiyi sesẽ la.+ 17  Eye David do yi wo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Ne mieva gbɔnye le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mawɔ ɖeka kpli mi tso dzi me. Ke ne ɖe miebe yewoaɖe gɔnyeme ɖe go na nye ketɔwo, evɔ wònye nyemewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la nekpɔe, ne wòadrɔ̃e.”+ 18  Eye Mawu ƒe gbɔgbɔ va Amasai,+ si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ be: “Tɔwò míenye, Oo David, eye dziwòe míele, Oo Isai vi.+ Ŋutifafa, ŋutifafa nanye tɔwò, eye ŋutifafa nanye ame si le kpekpem ɖe ŋuwò la tɔ.Elabena wò Mawu kpe ɖe ŋuwò.”+ Ale David xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋawɔlaawo nu. 19  Manase-to la me tɔ aɖewo hã va David ƒe akpa dzi esime wòkplɔ Filistitɔwo ɖo wova aʋa wɔ ge kple Saul; ke mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o, elabena Filistitɔwo+ ƒe kplɔlawo de aɖaŋu hena wòtrɔ dzo, elabena wogblɔ be: “Atrɔ yi eƒe aƒetɔ Saul ƒe akpa dzi, ekema míaƒe tae nye ekem atsi asi.”+ 20  Esi wòva Ziklag+ la, ame siwo tso Manase-to la me va eƒe akpa dzi la woe nye Adnak, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai, ame siwo nye Manase-to la ƒe ame akpe ƒe tatɔwo.+ 21  Woawoe kpe ɖe David ŋu wòho ɖe adzoha la ŋu, elabena wo katã wonye ŋutsu kalẽtɔwo,+ eye wonye aʋakɔ la ƒe tatɔwo. 22  Amewo vaa David+ gbɔ gbe sia gbe be yewoakpe ɖe eŋu, va se ɖe esime asaɖa la va lolo ŋutɔ, abe Mawu ƒe asaɖa ene.+ 23  Ame siwo bla aʋakpa, eye wova David gbɔ le Hebron,+ be yewoaɖo David fia ɖe Saul teƒe le Yehowa ƒe ɖoɖo nu+ la, ƒe tatɔwo ƒe xexlẽmee nye esi: 24  Yuda ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnu gã kple akplɔ, eye wobla aʋakpa la, le ame akpe ade alafa enyi. 25  Ŋutsu kalẽtɔ siwo tso Simeon viwo dome le aʋakɔa me la le ame akpe adre alafa ɖeka. 26  Ame siwo tso Lewi viwo dome la le ame akpe ene alafa ade. 27  Yehoyada+ nye Aron viwo kplɔla,+ eye ame akpe etɔ̃ alafa adre le eŋu, 28  kple Zadok,+ ɖekakpui kalẽtɔ aɖe, kpakple fofoa ƒe ƒomea ƒe tatɔ blaeve vɔ eve. 29  Ame siwo tso Benyamin viwo dome, siwo nye Saul nɔviwo+ la, le ame akpe etɔ̃, siwo dometɔ akpa gãtɔ nɔ Saul ƒe aƒe la ŋu dzɔm tsã. 30  Ame siwo tso Efrayim viwo dome la le ame akpe blaeve alafa enyi, eye wonye ŋutsu kalẽtɔwo kple ame xɔŋkɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo me. 31  Ame siwo wotia tso Manase-to afã la me be woava ɖo David fia la le akpe wuienyi. 32  Le Isakar viwo dome la, ame siwo nye tatɔwo, eye wonya ɣeyiɣi siwo dzi wòle be Israel nawɔ nane la le ame alafa eve, eye wo nɔviwo katã le woƒe gbeɖeɖe te. 33  Aʋawɔla siwo tso Zebulon viwo dome siwo ate ŋu ayi aʋa, eye wotsɔ aʋawɔnu vovovowo bla akpae la, le ame akpe blaatɔ̃, wova David gbɔ eye woɖoe kplikpaa be yewoanɔ eƒe akpa dzi.* 34  Tatɔ akpe ɖeka tso Naftali-to la me, eye ame akpe blaetɔ̃ vɔ adre, siwo si akpoxɔnu gã kple akplɔ le la, kpe ɖe wo ŋu. 35  Ame siwo tso Dan viwo dome, siwo blaa aʋakpa la, le ame akpe blaeve vɔ enyi alafa ade. 36  Ame siwo tso Aser viwo dome, siwo ate ŋu abla akpa ayi aʋa la, le ame akpe blaene. 37  Ame siwo tso Yordan+ ƒe go kemɛ dzi, tso Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã la me, eye aʋawɔnu vovovowo le wo si la, le ame akpe alafa ɖeka blaeve. 38  Ame siawo katã nye aʋamewo, eye woate ŋu ayi aʋa; wotsɔ dzi blibo va Hebron be yewoaɖo David fiae ɖe Israel blibo la nu, eye Israel ƒe ame susɔeawo katã hã ɖo tame ɖeka* be yewoaɖo David fiae.+ 39  Eye wonɔ David gbɔ le afi ma ŋkeke etɔ̃; woɖu nu no nu, elabena wo nɔviwo dzra ɖo ɖe wo ŋu. 40  Ame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ, kple ame siwo le keke Isakar kple Zebulon kpakple Naftali ke hã, tsɔa nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo, tedzisɔwo kple nyiwo dzi vanɛ; nuɖuɖuawoe nye wɔ, gbotsetsebolo, waintsetse ƒuƒu bolo, wain, ami, nyi kple alẽ gbogbo aɖewo, elabena dzidzɔ nɔ Israel.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ame siwo katã va David gbɔ menye dzi eve tɔwo o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzi ɖeka.”