1 Kronika 20:1-8

  • Woxɔ Raba (1-3)

  • Wowu Filistitɔ dzɔtsuwo (4-8)

20  Esi ƒe trɔ,* eye fiawo ƒe aʋahoɣi ɖo la, Yoab+ kplɔ aʋakɔ la woyi ɖagblẽ Amonitɔwo ƒe anyigba, eye wòɖe to ɖe Raba,+ ke David ya nɔ Yerusalem.+ Yoab dze Raba dzi hegbãe.+  Ke David ɖe Malkam ƒe fiakuku le eta, eye wòkpɔ be eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka,* eye kpe xɔasiwo le eŋu; eye woɖɔe na David. Elɔ aboyonu gbogbo aɖewo hã tso dua me.+  Ekplɔ dua me tɔwo dzoe, eye wòna wowɔ kpekpakpadɔwo+ eye wòɖo gadɔwɔnu ɖaɖɛ kple fía dɔwo na wo. Alea David wɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã. Mlɔeba David kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem.  Le esia megbe la, wowɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer. Ɣemaɣie Husatɔ Sibekai+ wu Sipai,* si tso Refaim+ ƒe dzidzimeviwo dome la, eye wobɔbɔ wo ɖe anyi.  Eyome wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo; eye Yair vi Elhanan wu Gititɔ Goliat+ nɔvi Lakmi, ame si ƒe akplɔti le abe avɔlɔ̃la ƒe agbabɔ+ ene.  Ke aʋa gadzɔ le Gat,+ eye ŋutsu dzɔtsu+ aɖe si to asibidɛ adeade kple afɔbidɛ adeade, eye wo katã le blaeve vɔ ene la nɔ afi ma; eya hã tso Refaim ƒe dzidzimeviwo+ dome.  Enɔ alɔme ɖem+ le Israel ŋu. Eya ta Yonatan, David nɔvi Simei+ ƒe vi wui.  Ame siawoe tso Refaim ƒe dzidzimeviwo+ dome le Gat;+ eye David kple eƒe aʋawɔlawo wu wo.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, adame.
Anɔ kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyewo B14.
Ame sia kee woyɔ le 2Sa 21:18 be “Saf.”