1 Kronika 25:1-31

  • Mawu ƒe aƒea ƒe haƒolawo kple hadzilawo (1-31)

25  Azɔ hã, David kple dɔdzikpɔlawo ɖe Asaf, Heman kple Yedutun+ ƒe viwo dometɔ aɖewo ɖe vovo be woatsɔ saŋkuwo, kasaŋkuwo+ kple gakogoewo+ agblɔ nya ɖi. Ame siwo wotia na dɔ sia wɔwɔ la dometɔ  siwo woɖe tso Asaf viwo domee nye: Zakur, Yosef, Netaniya kple Asarela; Asaf vi siwo le Asaf ƒe kpɔkplɔ te, ame si ŋutɔ hã gblɔa nya ɖi le fia ƒe kpɔkplɔ te.  Ame siwo tso Yedutun+ me, siwo nye Yedutun viwoe nye: Gedaliya, Zeri, Yesaya, Simei, Hasabiya kple Matitiya,+ wole ame ade, eye wole wo fofo Yedutun, ame si tsɔa saŋku gblɔa nya ɖi be woada akpe na Yehowa ahakafui la,+ ƒe kpɔkplɔ te.  Ame siwo tso Heman+ me, siwo nye Heman viwoe nye: Bukia, Mataniya, Uziel, Sebuel, Yerimot, Hananiya, Hanani, Eliyata, Gidalti, Romamti-Ezer, Yosbekasa, Maloti, Hotir, Mahaziot.  Ame siawo katã nye Heman, ame si nye fia ƒe ŋutegakpɔla si gblɔa Mawu vavã la ƒe nyawo ɖi hena eƒe kafukafu;* ale Mawu vavã la na ŋutsuvi wuiene kple nyɔnuvi etɔ̃ Heman.  Ame siawo katã tsɔa gakogoewo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo+ dzia hae le Yehowa ƒe aƒe la me le wo fofo ƒe kpɔkplɔ te, hena Mawu vavã la ƒe aƒe la ƒe subɔsubɔdɔ la wɔwɔ. Asaf, Yedutun kple Heman le fia ƒe kpɔkplɔ te.  Woawo kple wo nɔvi siwo wona hehee be woadzi ha na Yehowa, eye wo katã wonye hadzila bibiwo la ƒe xexlẽme le ame alafa eve blaenyi vɔ enyi.  Eye wodzidze nu+ ɖe dɔ siwo woawɔ la dzi na ame tsɛ kple ame ŋkuta, ame bibi kple nusrɔ̃vi siaa sɔsɔe.  Nudzidze gbãtɔ si nye Asaf tɔ dze Yosef+ dzi; evelia dze Gedaliya+ dzi (eya kple nɔviawo kple viawo le ame wuieve); 10  etɔ̃lia dze Zakur+ kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 11  enelia dze Yizri kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 12  atɔ̃lia dze Netaniya+ kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 13  adelia dze Bukia kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 14  adrelia dze Yesarela kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 15  enyilia dze Yesaya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 16  asiekelia dze Mataniya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 17  ewolia dze Simei kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 18  wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 19  wuievelia dze Hasabiya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 20  wuietɔ̃lia dze Subael+ kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 21  wuienelia dze Matitiya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 22  wuiatɔ̃lia dze Yeremot kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 23  wuiadelia dze Hananiya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 24  wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 25  wuienyilia dze Hanani kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 26  wuiasiekelia dze Maloti kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 27  blaevelia dze Eliyata kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 28  blaeve vɔ ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 29  blaeve vɔ evelia dze Gidalti+ kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 30  blaeve vɔ etɔ̃lia dze Mahaziot+ kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve; 31  blaeve vɔ enelia dze Romamti-Ezer+ kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “bena wòado eƒe dzo ɖe dzi.”