1 Kronika 4:1-43

  • Yuda ƒe dzidzimevi bubuwo (1-23)

    • Yabez kple eƒe gbedodoɖa (9, 10)

  • Simeon ƒe dzidzimeviwo (24-43)

4  Yuda viŋutsuwoe nye Perez,+ Hezron,+ Karmi, Hur+ kple Sobal.+  Sobal vi Reaya dzi Yahat; eye Yahat dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawoe nye Zoratɔwo+ ƒe ƒomeawo.  Etam+ fofo* ƒe viwoe nye: Yezreel, Yisma kple Yidbas (wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Hazelelponi),  eye Penuel nye Gedor fofo, eye Ezer nye Husa fofo. Ame siawoe nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi Hur,+ si nye Betlehem+ fofo, ƒe viwo.  Tekoa+ fofo Askur+ ɖe srɔ̃ eve: Hela kple Naara.  Naara dzi Ahuzam, Hefer, Temeni kple Haahastari nɛ. Ame siawoe nye Naara viwo.  Hela viwoe nye Zeret, Yizhar kple Etan.  Koz dzi Anub, Zobeba kple Harum vi Aharhel ƒe ƒomeawo.  Bubu nɔ Yabez ŋu wu nɔviawo; eye dadaa ye tsɔ ŋkɔ nɛ be Yabez,* hegblɔ be: “Mese veve hafi dzii.” 10  Ke Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ be: “Oo ne nàhayram, àkeke nye anyigba la ɖe enu, eye wò asi nanɔ kplim, eye nàkpɔ tanye tso vɔ̃ me be wòagagblẽ nu le ŋunye o ɖe!” Eya ta Mawu na nu si wòbia la va eme nɛ. 11  Kelub, Suha nɔvi dzi Mehir, si nye Eston fofo. 12  Eston dzi Bet-Rafa, Pasea kple Tehina, si nye Ir-Nahas fofo. Ame siawoe nye Reka ŋutsuwo. 13  Kenaz viwoe nye Otniel+ kple Seraya, eye Otniel vie* nye Hatat. 14  Meonotai dzi Ofra. Seraya dzi Yoab, si nye Ge-Harasim* fofo, woyɔ wo nenema elabena wonye aɖaŋudɔwɔlawo. 15  Kaleb,+ Yefune vi, ƒe viwoe nye Iru, Ela kple Naam; eye Ela vie* nye Kenaz. 16  Yehalel viwoe nye Zif, Zifa, Tiria kple Asarel. 17  Ezra viwoe nye Yeter, Mered, Efer kple Yalon; eye nyɔnua* fɔ fu dzi Miriam, Samai kple Yisba, si nye Estemoa fofo. 18  (Eye srɔ̃a si nye Yuda nyɔnu dzi Yered, si nye Gedor fofo; Heber, si nye Soko fofo; kple Yekutiel, si nye Zanoa fofo.) Ame siawoe nye Bitia, Farao vinyɔnu si Mered ɖe la, ƒe viwo. 19  Hodiya srɔ̃, si nye Naham nɔvinyɔnu, ƒe viwoe nye Keila, Garmitɔ la kple Maakattɔ Estemoa fofowo. 20  Eye Simon viwoe nye Amnon, Rina, Ben-Hanan kple Tilon. Eye Yisi viwoe nye Zohet kple Ben-Zohet. 21  Yuda viŋutsu Sela+ ƒe viwoe nye Er, si nye Leka fofo; Laada, si nye Maresa fofo; kple avɔ biɖibiɖi lɔ̃lawo ƒe ƒome siwo tso Asbea ƒe me, 22  kple Yokim, Kozeba ŋutsuwo, Yoas kple Saraf, ame siwo ɖe Moab nyɔnuwo, kple Yasubi-Lehem. Nyatakaka siawo nye nuŋlɔɖi xoxowo.* 23  Ame siawoe nye zemela siwo nɔ Netaim kple Gedera. Wonɔ afi ma hewɔa dɔ na fia la. 24  Simeon+ viwoe nye Nemuel, Yamin, Yarib, Zera kple Saul,+ 25  eya hã ƒe vie nye Salum, eya hã ƒe vie nye Mibsam, eya hã ƒe vie nye Misma. 26  Misma viwoe nye Hamuel, eya hã ƒe vie nye Zakur, eya hã ƒe vie nye Simei. 27  Ŋutsuvi wuiade kple nyɔnuvi ade nɔ Simei si; ke viŋutsu geɖe menɔ nɔviaŋutsuwo ya si o, eye ŋutsuwo mesɔ gbɔ ɖe woƒe ƒomeawo me de Yuda viwo tɔ nu o.+ 28  Wonɔ Beer-Seba,+ Molada,+ Hazar-Sual,+ 29  Bilha, Ezem,+ Tolad, 30  Betuel,+ Horma,+ Ziklag,+ 31  Bet-Markabot, Hazar-Susim,+ Bet-Biri kple Saarayim. Esiawoe nye woƒe duwo va se ɖe esime David ɖu fia. 32  Woƒe kɔƒewoe nye Etam, Ayin, Rimon, Token kple Asan;+ wole du atɔ̃, 33  hekpe ɖe woƒe kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo katã ŋu yi keke Baal ke. Esiawoe nye woƒe ŋkɔ siwo woŋlɔ le dzidzimeawo nu kple teƒe siwo wonɔ. 34  Simeon ƒe dzidzimevi bubuwoe nye: Mesobab, Yamlek kple Amaziya vi Yosa, 35  Yoel, Yehu, si nye Yosibia vi, Seraya vi, Asiel vi, 36  Elioenai, Yaakoba, Yesohaya, Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya, 37  Ziza, si nye Sifi vi, Alon vi, Yedaya vi, Simri vi, Semaya vi, 38  ame siawo siwo ŋkɔwo woyɔ woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo, eye wo tɔgbuiwo ƒemetɔwo dzi sɔ gbɔ ŋutɔ. 39  Eye woho ɖo ta Gedor ŋgɔ, yi keke bali la ƒe ɣedzeƒe gome ke be woadi gbeɖuƒe na woƒe lãhawo. 40  Mlɔeba wova ke ɖe lãnyiƒe dama nyui aɖe ŋu, eye anyigba la keke le goawo katã me, eŋu fa, eye dziɖeɖi li. Ame siwo nɔ afi ma tsã la nye Ham+ viwo. 41  Eye ame siawo siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖi la, va le Yuda-fia Hizkiya+ ŋɔli, eye wodze Ham viwo ƒe agbadɔwo kple Meunitɔ siwo le afi ma dzi. Wotsrɔ̃ wo gbidigbidi va se ɖe egbe sia; woxɔ teƒea, elabena gbeɖuƒewo le afi ma na woƒe lãhawo. 42  Ke Simeon viwo dometɔ aɖewo dzo yi Seir To+ dzi, wole ame alafa atɔ̃, eye Pelatiya, Neariya, Refaya kple Uziel, siwo nye Yisi viwo, le wo nu. 43  Eye wowu Amalektɔ+ susɔe siwo kpɔtɔ la, eye wotsi afi ma va se ɖe egbe sia.

Etenuŋɔŋlɔ

Ŋkɔ siwo woyɔ le ta sia me la dometɔ aɖewo ate ŋu afia duwo ke menye amewo o. Le teƒe siawo la, “fofo” ate ŋu afia “dua tsola.”
Ŋkɔ Yabez do ƒome kple Hebrigbe me nya si gɔmee nye “vevesese.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmee nye, “Aɖaŋudɔwɔlawo Ƒe Bali.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Anye Bitia si dze le kpukpui 18 ye wowɔnɛ.
Alo, “Nya siawo tso blemanyawo me.”