1 Kronika 7:1-40

7  Isakar viwoe nye Tola, Pua, Yasub kple Simron,+ wole ame ene.  Tola viwoe nye Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Yibsam kple Semuel; wonye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. Ame siwo dzɔ tso Tola me nye ŋutsu kalẽtɔwo, woƒe xexlẽme nɔ ame akpe blaeve vɔ eve alafa ade, le David ŋɔli.  Uzi ƒe dzidzimevie* nye Yizrahiya eye Yizrahiya viwoe nye: Mikael, Obadiya, Yoel, Yisiya—wo ame atɔ̃awo katã nye tatɔwo.  Eye aʋawɔla akpe blaetɔ̃ vɔ ade kpe ɖe wo ŋu le woƒe dzidzimeviwo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, elabena srɔ̃ kple vi geɖe nɔ wo si.  Eye wo nɔvi siwo tso Isakar ƒomeawo katã me la nye ŋutsu kalẽtɔwo: wole ame akpe blaenyi vɔ adre, le wo ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ ɖe dzidzimenuŋlɔɖiawo+ me la nu.  Benyamin+ viwoe nye Bela,+ Beker+ kple Yediael,+ wole ame etɔ̃.  Bela viwoe nye Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri, wole ame atɔ̃, eye wonye tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, wonye ŋutsu kalẽtɔwo, eye wo dometɔ siwo ƒe ŋkɔwo le woƒe dzidzimenuŋlɔɖiawo+ me la le ame akpe blaeve vɔ eve kple blaetɔ̃ vɔ ene.  Beker viwoe nye Zemira, Yoas, Eliezer, Elioenai, Omri, Yeremot, Abiya, Anatot kple Alemet—ame siawo katã nye Beker viwo.  Eye tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, siwo nye ŋutsu kalẽtɔ siwo ƒe ŋkɔwo le woƒe dzidzimenuŋlɔɖiawo me la le akpe blaeve alafa eve. 10  Yediael+ viwoe nye Bilhan, eye Bilhan viwoe nye Yeus, Benyamin, Ehud, Kenaana, Zetan, Tarsis kple Ahisahar. 11  Ame siawo katã nye Yediael viwo, wonye wo tɔgbuiwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo; wole ŋutsu kalẽtɔ akpe wuiadre alafa eve, siwo le klalo na aʋawɔwɔ. 12  Supitɔwo kple Hupitɔwo nye Ir+ viwo; eye Husitɔwo nye Aher viwo. 13  Naftali+ viwoe nye Yahziel, Guni, Yezer kple Salum, ame siawo nye Bilha+ ƒe dzidzimeviwo.* 14  Manase+ viwoe nye: Asriel, ame si eƒe ahiã Siriatɔ la dzi. (Eyae dzi Makir,+ si nye Gilead fofo. 15  Makir ɖe srɔ̃ na Hupim kple Supim, eye nɔvianyɔnu ŋkɔe nye Maaka.) Evelia ŋkɔe nye Zelofehad,+ ke nyɔnuviwo+ koe Zelofehad dzi. 16  Makir srɔ̃ Maaka dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋkɔe nye Seres; eye viawoe nye Ulam kple Rekem. 17  Ulam vie* nye Bedan. Ame siawoe nye Gilead, Makir vi, Manase vi, ƒe dzidzimeviwo. 18  Gilead nɔvinyɔnue nye Hamoleket. Eyae dzi Ishod, Abi-Ezer kple Mahla. 19  Semida viwoe nye Ahian, Sekem, Liki kple Aniam. 20  Efrayim+ viwoe nye Sutela,+ eya hã ƒe vie nye Bered, eya hã ƒe vie nye Tahat, eya hã ƒe vie nye Eleada, eya hã ƒe vie nye Tahat, 21  eya hã ƒe vie nye Zabad, eye eya hã ƒe vie nye Sutela. Efrayim dzi Ezer kple Elead hã. Ke Gat+ ŋutsu siwo nye anyigba la dzi vidzidziwo wu wo, elabena wova be woalé woƒe lãwo. 22  Wo fofo Efrayim fa wo ŋkeke geɖe, eye nɔviawo vana be yewoafa akɔ nɛ. 23  Emegbe edɔ kple srɔ̃a, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi. Ke ena ŋkɔe be Beria,* elabena nyɔnua dzi ɖevia esime vɔ̃ dzɔ ɖe eƒe aƒe dzi. 24  Vianyɔnue nye Seera; eyae tso Bet-Horon,+ Anyigbetɔ+ kple Dzigbetɔ, kpakple Uzen-Seera. 25  Viaŋutsuwoe nye Refa kple Resef. Eye Resef ƒe vie nye Tela, eya hã ƒe vie nye Tahan, 26  eya hã ƒe vie nye Ladan, eya hã ƒe vie nye Amihud, eya hã ƒe vie nye Elisama, 27  eya hã ƒe vie nye Nun, eye eya hã ƒe vie nye Yosua.*+ 28  Woƒe anyigba kple wo nɔƒewoe nye: Betel+ kple eŋu duwo; Naaran le ɣedzeƒe, Gezer kple eŋu duwo le ɣetoɖoƒe, kpakple Sekem kple eŋu duwo va se ɖe keke Aya* kple eŋu duwo me ke; 29  Manase viwo tɔe nye: Bet-Sean+ kple eŋu duwo, Taanak+ kple eŋu duwo, Megido+ kple eŋu duwo, Dor+ kple eŋu duwo. Du siawo mee Israel vi Yosef ƒe viwo nɔ. 30  Aser viwoe nye Yimna, Yiswa, Yiswi kple Beria;+ wo nɔvinyɔnue nye Sera.+ 31  Beria viwoe nye Heber kple Malkiel, ame si nye Birzait fofo. 32  Heber dzi Yaflet, Somer, Hotam kple wo nɔvinyɔnu Sua. 33  Yaflet viwoe nye Pasak, Bimhal kple Aswat. Ame siawoe nye Yaflet viwo. 34  Semer* viwoe nye Ahi, Rohga, Yehuba kple Aram. 35  Nɔvia Helem* viwoe nye Zofa, Yimna, Seles kple Amal. 36  Zofa viwoe nye Suak, Harnefer, Sual, Beri, Yimra, 37  Bezer, Hod, Sama, Silsa, Yitran kple Beera. 38  Yeter viwoe nye Yefune, Pispa kple Ara. 39  Ula viwoe nye Arak, Haniel kple Riziya. 40  Ame siawo katã nye Aser viwo, tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, ame tiatiawo, ŋutsu kalẽtɔwo; eye wonye tatɔawo nu nɔlawo; wo dometɔ siwo ƒe ŋkɔwo le dzidzimenuŋlɔɖiawo+ me siwo ate ŋu ayi aʋa la le ame akpe blaeve vɔ ade.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmee nye, “Le Vɔ̃ Me.”
Alo, “Yehosua,” si gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.”
Agate ŋu afia, “Gaza,” gake menye Gaza si le Filistia o.
Wogayɔe be Somer le kpukpui 32.
Ðewohĩ eya kee nye “Hotam” le kpukpui 32.