2 Fiawo 13:1-25

  • Israel-fia Yehoahaz (1-9)

  • Israel-fia Yehoas (10-13)

  • Elisa do Yehoas ƒe dzonɔameme kpɔ (14-19)

  • Elisa ku; eƒe ƒuwo gbɔ agbe ŋutsu aɖe (20, 21)

  • Elisa ƒe nyagblɔɖi mamlɛa va eme (22-25)

13  Le Yuda-fia Yehoas,+ Ahaziya+ vi, ƒe ƒe blaeve vɔ etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu+ vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria, eye wòɖu fia ƒe wuiadre.  Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eye wòlé Yeroboam, Nebat vi ƒe nu vɔ̃ si wòtsɔ he Israel de nu vɔ̃ me la me ɖe asi sesĩe.+ Meɖe asi le eŋu o.  Ale Yehowa ƒe dziku+ fla ɖe Israel ŋu,+ eye wòtsɔ wo de asi na Siria-fia Hazael+ kple Hazael vi Ben-Hadad+ le woƒe ŋkekeawo katã me.  Emegbe Yehoahaz ɖe kuku na Yehowa, eye Yehowa ɖo toe; elabena ekpɔ ale si Siria-fia te Israel ɖe anyii la.+  Eya ta Yehowa na xɔla+ Israel be wòaɖee le Siria si me, eye Israel-viwo ganɔ woƒe aƒewo me abe tsã ene.*  (Ke hã, womeɖe asi le Yeroboam ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ si wòtsɔ he Israel de nu vɔ̃ me la ŋu o.+ Woganɔ ewɔm* kokoko; eye Asera*+ ƒe legba gakpɔtɔ nɔ Samaria.)  Aʋakɔ si Siria-fia kpɔtɔ ɖi na Yehoahaz koe nye sɔdola blaatɔ̃, tasiaɖam ewo, kple aʋawɔla afɔzɔla akpe ewo, elabena etsrɔ̃ wo,+ eye wòfanya wo abe ke le nukugbɔƒe ene.+  Ke Yehoahaz ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ kpakple eƒe kalẽwɔwɔwo la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.  Eye wotsɔ Yehoahaz mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe Samaria,+ eye via Yehoas zu fia ɖe eteƒe. 10  Le Yuda-fia Yehoas+ ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ adrelia me la, Yehoas si nye Yehoahaz vi zu fia ɖe Israel dzi le Samaria, eye wòɖu fia ƒe wuiade. 11  Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Meɖe asi le Yeroboam, Nebat vi ƒe nu vɔ̃ siwo katã wòtsɔ he Israel de nu vɔ̃ me la ŋu o.+ Elé wo me ɖe asi. 12  Ke Yehoas ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ, eƒe kalẽwɔwɔwo kple ale si wòwɔ aʋa kple Yuda-fia Amaziya+ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 13  Eye wotsɔ Yehoas mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, eye Yeroboam*+ bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi. Woɖi Yehoas ɖe Israel-fiawo gbɔ le Samaria.+ 14  Esime Elisa+ dze dɔ si va wui mlɔeba la, Israel-fia Yehoas va egbɔ, eye wòfa avi gblɔ be: “Fofonye, fofonye! Israel ƒe aʋatasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!”+ 15  Eye Elisa gblɔ nɛ be: “Tsɔ dati kple aŋutrɔwo.” Ale wòtsɔ dati kple aŋutrɔwo. 16  Eye wògblɔ na Israel-fia la be: “Tsɔ wò asi ɖo dati la dzi.” Eye wòtsɔ asi ɖo edzi; emegbe Elisa tsɔ eƒe asiwo ɖo fia la ƒe asiwo dzi. 17  Eye wògblɔ be: “Ʋu fesre si ɖo ta ɣedzeƒe gome.” Eye wòʋui. Elisa gblɔ be: “Da aŋutrɔ la!” Eye wòdae. Eye wògblɔ be: “Dziɖuɖu* ƒe aŋutrɔ si tso Yehowa gbɔ, aŋutrɔ si aɖu Siria dzi! Àsi Siria le Afek+ va se ɖe esime nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ.” 18  Eye wògagblɔ be: “Tsɔ aŋutrɔawo.” Eye wòtsɔ wo. Eye wògblɔ na Israel-fia la be: “Tsɔ wo ƒo anyigba.” Eye wòƒoe zi etɔ̃ hedzudzɔ. 19  Eye Mawu vavã ƒe ame la do dziku ɖe fia la ŋu hegblɔ be: “Ðe wòle be nàƒoe zi atɔ̃ alo zi ade hafi! Anye ne àsi Siria va se ɖe esime nàtsrɔ̃e keŋkeŋ, ke azɔ la, zi etɔ̃ ko nàsi Siria.”+ 20  Emegbe Elisa ku, eye woɖii. Le ŋkeke mawo me la, Moabtɔwo ƒe adzohawo+ vaa anyigba la dzi le ƒea ƒe gɔmedzedze. 21  Gbe ɖeka esi amewo yi ŋutsu aɖe ɖi ge la, wokpɔ adzoha aɖe, eya ta wowɔ kaba tsɔ ame kukua ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me hesi dzo. Esi ame kukua ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, egbɔ agbe,+ eye wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi. 22  Ke Siria-fia Hazael+ te Israel+ ɖe anyi le Yehoahaz ƒe ŋkekeawo katã me. 23  Gake Yehowa ve wo nu, eye wòkpɔ nublanui na wo,+ eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbla kple Abraham,+ Isak+ kple Yakob+ la ta. Medi be yeatsrɔ̃ wo o, eye meɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta o va se ɖe egbe sia. 24  Siria-fia Hazael ku, eye via Ben-Hadad zu fia ɖe eteƒe. 25  Eye Yehoas, Yehoahaz vi, gaxɔ du siwo Hazael xɔ le fofoa Yehoahaz si le aʋa me la le via Ben-Hadad si. Yehoas ɖu edzi zi etɔ̃ le aʋa me,+ eye wòxɔ Israel ƒe duwo.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eyi edzi wɔe.”
Efia, Yeroboam II.
Alo, “Xɔxɔ.”