2 Fiawo 2:1-25

  • Wokɔ Eliya to ahom me dzoe (1-18)

    • Elisa xɔ nyagblɔɖila Eliya ƒe awu (13, 14)

  • Elisa da gbe le Yeriko tsi la ŋu (19-22)

  • Sisiblisiwo wu ŋutsuviwo le Betel (23-25)

2  Esime Yehowa le Eliya+ kɔ ge ato ahom+ me ayi dziƒo* la, Eliya kple Elisa+ dze mɔ tso Gilgal.+  Eye Eliya gblɔ na Elisa be: “Meɖe kuku, nɔ afi sia, elabena Yehowa dɔm ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be: “Zi ale si Yehowa le agbe, eye wò hã nèle* agbe la, nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel.+  Eye nyagblɔɖilawo ƒe vi* siwo le Betel la do va Elisa gbɔ hebiae be: “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kple wò tatɔ la kɔ ge adzoe egbea?”+ Eɖo eŋu be: “Ɛ̃, menya. Mizi ɖoɖoe.”  Azɔ Eliya gblɔ nɛ be: “Elisa, meɖe kuku, nɔ afi sia, elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.”+ Ke egblɔ be: “Zi ale si Yehowa le agbe, eye wò hã nèle* agbe la, nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Yeriko.  Eye nyagblɔɖilawo ƒe vi siwo le Yeriko la te ɖe Elisa ŋu hebiae be: “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kple wò tatɔ la kɔ ge adzoe egbea?” Eɖo eŋu be: “Ɛ̃, menya. Mizi ɖoɖoe.”  Azɔ Eliya gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, nɔ afi sia, elabena Yehowa dɔm ɖe Yordan nu.” Ke egblɔ be: “Zi ale si Yehowa le agbe, eye wò* hã nèle agbe la, nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la woyi.  Nyagblɔɖilawo ƒe vi blaatɔ̃ hã yi ɖatɔ ɖe adzɔge nɔ wo kpɔm esime wo ame evea wotɔ ɖe Yordan nu.  Eye Eliya ɖe nyagblɔɖila ƒe awu+ si wòdo la heŋlɔe tsɔ ƒo tsi la dzi, eye wòma ɖe akpa eve yi ɖusi kple mia me, ale be wo ame evea woto ƒuƒuiƒe tsoe.+  Esi wonya tso tɔa vɔ ko la, Eliya gblɔ na Elisa be: “Bia nu si mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò.” Elisa ɖo eŋu be: “Meɖe kuku, na wò gbɔgbɔ+ ƒe gome evem.”+ 10  Eɖo eŋu be: “Èbia nu sesẽ. Ne èkpɔm wokɔm dzoe le gbɔwò la, ekema ava eme na wò nenema; ke ne mèkpɔm o la, ekema mava eme o.” 11  Esi wole dze ɖom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwoe+ nye esi va klã wo ame evea dome, eye Eliya to ahom la me yi dziƒo.*+ 12  Esi Elisa le ekpɔm la, edo ɣli be: “Fofonye, fofonye! Israel ƒe aʋatasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!”+ Esi wòbu ɖee la, elé eya ŋutɔ ƒe awuwo hedze wo ɖe eve.+ 13  Emegbe etsɔ nyagblɔɖila Eliya ƒe awu+ si ge le eŋu la, eye wòtrɔ yi ɖatɔ ɖe Yordan nu. 14  Eye wòtsɔ Eliya ƒe awu si ge le eŋu la ƒo tsia dzi gblɔ be: “Afi kae Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le?” Esi Elisa ƒo tsia dzi la, ema ɖe eve yi ɖusi kple mia me, eye wòtsoe.+ 15  Esi nyagblɔɖilawo ƒe vi siwo le Yeriko kpɔe le adzɔge ɖaa la, wogblɔ be: “Eliya ƒe gbɔgbɔ va Elisa dzi.”+ Eya ta wova kpee, eye wotsyɔ mo anyi ɖe eŋkume. 16  Eye wogblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, ŋutsu kalẽtɔ blaatɔ̃ le wò subɔviwo gbɔ afii. Míeɖe kuku, na woayi aɖadi wò aƒetɔ la. Ðewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ* la kɔe yi ɖada ɖe toawo dometɔ aɖe dzi alo baliawo dometɔ aɖe me.”+ Ke egblɔ be: “Migadɔ wo ɖa o.” 17  Ke woƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòtii, eye wògblɔ be: “Midɔ wo ɖa.” Ale wodɔ ŋutsu blaatɔ̃ ɖa; eye wodii ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, ke womekpɔe o. 18  Wotrɔ gbɔ va egbɔ esime wònɔ Yeriko.+ Eye wògblɔ na wo be: “Nyemegblɔ na mi be, ‘Migayi o’ oa?” 19  Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dua me tɔwo gblɔ na Elisa be: “Kpɔ ɖa, du la le teƒe nyui,+ abe ale si nye aƒetɔ le ekpɔm ene; ke dua ƒe tsi menyo o, eye anyigba la tsi ko.”* 20  Eye wògblɔ be: “Miɖe dze kɔ ɖe agba yeye me vɛ nam.” Eye wotsɔe vɛ nɛ. 21  Eye wòdo yi afi si tsia dzɔ tso hetsɔ dze la kɔ ɖe eme+ gblɔ be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Meda gbe le tsi sia ŋu. Magana ame naku alo atsi ko* azɔ o.’” 22  Ale tsi la zu tsi nyui va se ɖe egbe sia, le Elisa ƒe nya si wògblɔ la nu. 23  Edze mɔ tso afi ma yina Betel. Esi wòle mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo do tso dua me va nɔ alɔme ɖem le eŋu+ be: “Tabebetɔ, lia toa nàyi! Tabebetɔ, lia toa nàyi!” 24  Enyè kɔ kpɔ wo, eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Eye sisiblisinɔ+ eve do tso ave me va vuvu ɖeviawo dometɔ blaene vɔ eve.+ 25  Eye wòdzo le afi ma yi Karmel To+ la dzi, emegbe etrɔ tso afi ma yi Samaria.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “yame.”
Alo “wò luʋɔ le.”
Anye suku si wofiaa nu nyagblɔɖilawo le alo nyagblɔɖilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖee “nyagblɔɖilawo ƒe viwo” si ŋu woƒo nu tsoe le afi sia la nye.
Alo, “wò luʋɔ le.”
Alo, “wò luʋɔ.”
Alo, “yame.”
Alo, “ya.”
Agate ŋu afia, “ena fu le gegem le ame ƒo.”
Agate ŋu afia, “ana fu nage le ame ƒo.”