Zakariya 10:1-12

  • Mibia Yehowa ne wòana tsi nadza na mi ke menye alakpamawuwo o (1, 2)

  • Yehowa ƒoa eƒe amewo nu ƒu (3-12)

    • Ame vevitɔ si ado tso Yuda ƒe aƒe la me (3, 4)

10  “Mibia Yehowa ne wòana tsi nadza na mi le adame. Yehowae nye ame si wɔ alilikpowo,Eye wònana tsi dzana tso wo me,+Eye wònana anyigba miea nu na ame sia ame.   Elabena terafim legbawo* gblɔa ameflunyawo;Eye afakalawo hã kpɔa alakpaŋutegawo. Wolĩa drɔ̃e siwo mele eme o,Gake dzodzroe wodzea agbagba be yewoafa akɔ na amewo. Esia tae woaka hlẽ abe alẽwo ene. Fu awɔ wo, elabena kplɔla aɖeke meli o.   Nye dɔmedzoe bi ɖe lãkplɔviwo ŋu,Eye mabia akɔnta kplɔla ŋutasẽlawo;*Elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa trɔ susu ɖe Yuda ƒe aƒe si nye eƒe lãha ŋu,+Eye wòna wole abe eƒe sɔ si ŋu bubu le le aʋa me ene.   Yuda mee ame vevitɔ la ado tso,Eya mee dziɖula* si alé wo ɖe te la ado tso,Eya mee aʋawɔdati ado tso;Eya mee dɔdzikpɔla ɖe sia ɖe ado tso, wo katã woado tso eme.   Woanɔ abe aʋawɔlawo,Ame siwo fanyaa ba le kpɔdomeewo le aʋa me ene. Woawɔ aʋa, elabena Yehowa li kpli wo,+Eye sɔdolawo aɖu ŋukpe.+   Mana Yuda ƒe aƒe la nasẽ ŋu,Eye maxɔ na Yosef ƒe aƒe la.+ Magaɖo wo te,Elabena makpɔ nublanui na wo;+Eye woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene;+Elabena nyee nye Yehowa woƒe Mawu, matɔ na wo.   Efrayim anɔ abe kalẽtɔ sesẽ ene,Eye woƒe dzi akpɔ dzidzɔ abe wain ye wono ene.+ Wo viwo akpɔe, eye dzi adzɔ wo;Woƒe dzi atso aseye ɖe Yehowa ŋu.+   ‘Malia aku ayɔ wo aƒo ƒu;Elabena maɖe wo,+ woade ha kpaŋkpaŋEye woanɔ agbɔ sɔm ɖe edzi.   Togbɔ be meka wo hlẽ abe nuku ene ɖe dukɔwo dome hã,Woaɖo ŋku dzinye le didiƒe ke;Agbe agaɖo woawo kple wo viwo me, eye woatrɔ agbɔ. 10  Makplɔ wo agbɔe tso Egipte-nyigba dzi,Eye maƒo wo nu ƒu tso Asiria;+Makplɔ wo ava Gilead-nyigba+ dzi kple Lebanon,Eye teƒe masu na wo gɔ̃ hã o.+ 11  Ahe xaxa ava atsiaƒu la dzi ne etsoe;Atsi atsiaƒu la ƒe tsotsoewo nu,+Eye Nil-tɔsisi ƒe gogloeƒewo katã amie. Woaɖiɖi Asiria ƒe dàda vivivo la ɖe anyi,Eye fiatikplɔ age le Egipte si.+ 12  Nye, Yehowa ŋutɔ mado ŋusẽ wo,+Eye woazɔ le nye ŋkɔ me,’+ Yehowa ye gblɔe.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “aƒeliwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kplɔla siwo wɔa nu abe gbɔ̃tsuwo ene.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tsyoti.”