Zakariya 13:1-9

  • Legbawo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ɖeɖeɖa (1-6)

    • Ŋu akpe aʋatsonyagblɔɖilawo (4-6)

  • Woada nu alẽkplɔla la (7-9)

    • Woakɔ akpa ɖeka le etɔ̃ me ŋu (9)

13  “Gbe ma gbe la, woaɖe vudo na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo, ne woaklɔ nu vɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ɖa le wo ŋu.+  Aʋakɔwo ƒe Yehowa be, “Gbe ma gbe la, matutu legbawo ƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la dzi,+ eye womagaɖo ŋku wo dzi azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo+ kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu nayi le anyigba la dzi.  Eye ne ame aɖe gale nya gblɔm ɖi la, ekema edzilawo, fofoa kple dadaa, agblɔ nɛ be: ‘Èdze na ku, elabena ègblɔ alakpanya le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Eye edzilawo, fofoa kple dadaa, aƒo nu ɖee, le esi wògblɔ nya ɖi ta.+  “Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega kple eƒe nyagblɔɖi akpe ŋu nɛ; eye womagado nyagblɔɖilawo ƒe lãfuwu+ be woaflu ame o.  Eye wòagblɔ be: ‘Menye nyagblɔɖila menye o. Agbledelae menye, elabena ame aɖee ƒlem kluvii tso nye ɖevime ke.’  Eye ne ame aɖe biae be, ‘Ke abi kawoe nye esiawo le wò medome?’* hã la, aɖo eŋu be, ‘Esiwo wode ŋunye le xɔ̃nyewo* ƒe aƒe mee.’”   “Oo yi, ho ɖe nye alẽkplɔla ŋu,+Ðe ŋutsu si le ŋunye kplikplikpli ŋu,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. “Da nu alẽkplɔla la,+ ne lãhaa* naka hlẽ;+Eye matrɔ nye asi ɖe alẽ suetɔawo ŋu.”   “Eye wòava eme be, woaɖe anyigba blibo la dzi nɔlawo ƒe akpa eve le etɔ̃ me ɖa, eye woatsrɔ̃;*Ke akpa ɖeka le etɔ̃ me asusɔ ɖe edzi,”Yehowa ye gblɔe.   “Matsɔ akpa ɖeka le etɔ̃ me la ade dzo me;Eye madza wo ŋu abe ale si wodzaa klosalo ŋui ene,Eye mado wo akpɔ abe ale si wodoa sika kpɔnae ene.+ Woayɔ nye ŋkɔ,Eye matɔ na wo. Magblɔ be: ‘Nye dukɔe wonye,’+ Eye woawo hã woagblɔ be: ‘Yehowae nye mía Mawu.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “le wò abɔwo dome?” Efia, akɔta alo dzime.
Alo, “lɔ̃nyelawo.”
Alo, “alẽawo.”
Alo, “woaku.”