Zakariya 6:1-15

  • Ŋutega 8: Tasiaɖam ene (1-8)

  • Dzedze la anye fia kple nunɔla (9-15)

6  Eye megafɔ mo dzi, eye mekpɔ tasiaɖam ene le dodom tso to eve dome, eye toawo nye akɔbli.  Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ ŋu, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia ŋu.+  Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia ŋu, eye sɔ ŋɔtaŋɔta ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia ŋu.+  Eye mebia mawudɔla si le nu ƒom kplim la be: “Nye aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”  Mawudɔla la ɖo eŋu nam be: “Esiawoe nye dziƒowo ƒe gbɔgbɔ ene+ siwo do yina, esi wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ la ŋkume vɔ megbe.+  Esi* ŋu sɔ yibɔawo le la do yina dziehenyigba dzi;+ ɣiawo yina atsiaƒu la godo; eye ŋɔtaŋɔtaawo yina anyiehenyigba dzi.  Ŋɔŋɔeawo hã di be yewoado ayi aɖatsa le anyigba la dzi.” Eye wògblɔ be: “Miheyi ɖatsa le anyigba la dzi.” Ale wode asi tsatsa me le anyigba la dzi.  Eye wòdo ɣli ɖo ɖem gblɔ nam be: “Kpɔ ɖa, esiwo do yina dziehenyigba dzi la na Yehowa ƒe dɔmedzoe* nu fa le dziehenyigba dzi.”  Yehowa ƒe gbe gava nam be: 10  “Xɔ nu si Heldai, Tobiya kple Yedaya tsɔ tso aboyomeawo gbɔ la; eye gbe ma gbe la, wò ŋutɔ kple ame siawo siwo tso Babilon va la miyi Yosiya, Zefaniya vi la ƒe aƒe me. 11  Eye nàtsɔ klosalo kple sika awɔ fiakuku* aɖɔ na nunɔlagã Yosua,+ Yehozadak vi la. 12  Eye nàgblɔ nɛ be,“‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Ŋutsu si ŋkɔe nye Dzedze+ lae nye esi. Adze tso enɔƒe, eye wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ+ la. 13  Eyae atu Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye eya ŋue fianyenye ƒe bubu anɔ. Anɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye nunɔla hã anɔ eƒe fiazikpui dzi,+ eye ŋutifafa anɔ wo kple eve la dome.* 14  Fiakuku* la anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me woatsɔ aɖo ŋku Helem, Tobiya, Yedaya,+ kple Hen, Zefaniya vi, dzi. 15  Ame siwo le didiƒe la ava kpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu.” Ekema miadze sii be aʋakɔwo ƒe Yehowa ye dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme ne mieɖo to Yehowa mia Mawu ƒe gbe.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, tasiaɖam.
Alo, “gbɔgbɔ.”
Alo, “atsyɔ̃fiakuku.”
Efia be, ŋutifafa anɔ eƒe ɖoƒe siwo nye dziɖula kple nunɔla dome.
Alo, “Atsyɔ̃fiakuku.”