Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Nɔnɔ Ðe Tsitsi Me Kuxiwo Nu

Te Nɔnɔ Ðe Tsitsi Me Kuxiwo Nu

Te Nɔnɔ Ðe Tsitsi Me Kuxiwo Nu

“MÍAƑE agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye wo adegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedzo.” (Psalmo 90:10) Ha sia si wokpa ƒe 3,000 enye esia la ɖee fia be amegãkuku nye nu li tso blema ke. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi nyuiwo le lãmesẽnyawo me hã la, ame tsitsiwo doa go “fuɖename kple hiã” aɖewo kokoko. Woawoe nye kawo, eye aleke ame aɖewo le te nɔm ɖe kuxi siawo nui?

Wotsi, Gake Susua Gale Ðaɖam

Hans si xɔ ƒe 79 fa konyi be: “Nusi mevɔ̃na koŋue nye be nye susu ava tsaka.” Abe ame tsitsi geɖe ene la, Hans tsi dzi ɖe alesi wòŋlɔa nu bee ŋu. Ele vɔvɔ̃m be nusi blema hakpala aɖe yɔ be “sikagba”—si nye ahɔhɔ̃ kple eƒe ŋutete—la le ɖuɖum. (Nyagblɔla 12:6) Hans bia be, “Ðe wòfia godoo be ne ame ku amegã ko la, eƒe susu magaɖa oa?”

Ne, abe Hans ene la, èŋlɔa amewo ƒe ŋkɔ be alo wòwɔna na wò be nuŋlɔbe sia fia be yeƒe susu te tsakatsaka la, mègatsi dzi o: Ðeviwo kple tsitsiawo siaa ŋlɔa nu be, eyata ne ame tsitsi aɖe ƒe susu megava le nu ŋu nɔm o la, mefia kokoko be nane le gbegblẽm le eƒe susu ŋu o. * Togbɔ be ame aɖewo va ŋlɔa nanewo be keŋkeŋ le woƒe tsitsi me hã la, Ðɔkta Michael T. Levy si nye amewo ƒe nuwɔnawo ŋuti nusrɔ̃ƒe Kɔdzi si le Staten Island Yunivɛsiti le New York, ƒe amegã gblɔ be, “naneke megblẽna le ame geɖe ƒe susu ŋu le woƒe tsitsi me o.”

Enye nyateƒe be zi geɖe la, sɔhɛwo ɖoa ŋku nu dzi kabakaba wu ame tsitsiwo ya. Gake ahɔhɔ̃ŋutinunyala Richard Restak gblɔ be “ne ame tsitsiwo meɖo ŋku nane dzi kaba abe sɔhɛwo ene o hã la, wova ɖoa ŋku edzi mlɔeba godoo.” Le nyateƒe me la, ame tsitsi siwo mla woƒe susu siwo le ŋute nyuie la yia edzi srɔ̃a nu, ɖoa ŋku nu dzi hebina ɖe nane wɔwɔ me wu.

Nuŋlɔbe Keŋkeŋ Kple Tsitsi me Dɔléle Siwo Wodana

Ke ne ame aɖe ŋlɔa nu be keŋkeŋ ya ɖe? Ne edzɔ nenema hã la, mele be amea naƒo nya ta enumake be ame ɖokui ŋɔŋlɔ be keŋkeŋ ƒe dɔ lém yele o. Tsitsi me dɔléle bubu siwo wote ŋu dana la ate ŋu ana ame nanɔ nu ŋlɔm be alo ana sẽ kple sẽ ko wòatɔtɔ. Zi geɖe la, wogblɔna tso dɔléle siawo ŋu be tsitsi le fu ɖem na amea—ɖɔkta aɖewo kura gɔ̃ hã gblɔnɛ vodadatɔe ɣeaɖewoɣi. Menye ɖekoe nya siawo gbɔgblɔ ɖia gbɔ ame tsitsiwo ko o, ewɔnɛ hã be womegadina atike na dɔa o. Dɔléle siawo dometɔ aɖewo ɖe?

Nusiwo nana be sẽ kple sẽ ko ame tɔtɔna dometɔ aɖewoe nye nunyuimaɖumaɖu, tsivɔlelãmename, ʋuvɔlelãmename, ne ame ƒe ta ƒo nane kpɔ, vitaminwo ƒe agbɔmasɔmasɔ, atike aɖe si ame zã si ho dɔléle bubu vɛ, tɔtrɔ siwo va le teƒe si amea le. Nuteɖeamedzi si gbɔ didi ate ŋu ana ame nanɔ nu ŋlɔm be, eye dɔléle bubuwo hã te ŋu nana ame tsitsiwo tɔtɔna vie. Blanuiléle hã ate ŋu ana ame tsitsiwo nanɔ nu ŋlɔm be alo abu ɖe wo ɖokui kura. Eyata Ðɔkta Levy xlɔ̃ nu be: “Ne ame tsitsi aɖe ƒe susu megale nu ŋu nɔm o la, mele be woaŋe aɖaba aƒu edzi alo atsɔe ko be tsitsi me kuxi dzro aɖe koe o.” Ne amea yi kɔdzi wodoe kpɔ nyuie la ana woanya nusiwo le fu ɖem nɛ.

Tenɔnɔ Ðe Blanuiléle Nu

Menye egbee blanuiléle li o; Mawu subɔla wɔnuteƒewo kura gɔ̃ hã léa blanui. Ƒe akpe eve kloe nye sia la, eva hiã be apostolo Paulo naxlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: ‘Mifa akɔ na amesiwo lé blanui.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ema gahiã fifia wu elabena nuteɖeamedziwo va sɔ gbɔ. Gake nublanuitɔe zi geɖe la, womekpɔnɛ be blanuidɔ lémee ame tsitsiwo le o, alo wotsɔa woƒe blanuilélea nu bubui.

Esi wònye nukpɔsusu totro siwo le amewo si enye be ne ame le tsitsim la, eléa blanui hedoa dziku kabakaba ta la, ɖewohĩ ame bubuwo kple ame tsitsiawo ŋutɔ siaa atsɔe ko be tsitsi me nuwoe. Gake agbalẽ si ŋkɔe nye Treating the Elderly gblɔ be, “menye aleae wòle o.” Menye dzɔdzɔmenue wònye be ame tsitsiwo alé blanui godoo o.”

Blanuiléle si gbɔ ɖɔktawo ko ate ŋu kpɔ ya nye dɔléle sesẽ si dzi mele be woaŋe aɖaba aƒui o elabena ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ, eye wòto vovo na blanuiléle ɣeaɖewoɣi ko. Blanuiléledɔ si womeda o ate ŋu asesẽ ale gbegbe be ame adi be yeawu ye ɖokui. Ðɔkta Levy ɖe nu me be nusi blanuiléle gblẽna le ame tsitsiwo gome enye be “susumedɔ siwo woate ŋu ada hafi la kee nana wokuna wu.” Ne blanuilélea gbe vɔvɔ la, ekema ahiã be ɖɔkta aɖe si nya nu tso seselelãme trama dɔwo ŋu nakpɔ dɔnɔa gbɔ. *Marko 2:17.

Amesiwo lé blanui ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa “yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) “[Etsɔ] ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.” (Psalmo 34:19) Le nyateƒe me la, eya koŋue nye ‘amesi faa akɔ na blanuilélawo.’—Korintotɔwo II, 7:6.

Mègabui be Yemele Vevie O

Fia nuteƒewɔla Dawid do gbe ɖa ƒe 3,000 kple edzivɔ enye esia be: “Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!” (Psalmo 71:9) Le ƒe alafa 21 lia sia me gɔ̃ hã la, ame tsitsi siwo vɔ̃na be womabu yewo be yewole vevie o la hã sena le wo ɖokui me nenema ke. Nusiwo ame tsitsi aɖewo megate ŋu wɔna o le dɔléle ta, ate ŋu ana woasusui be yewomele nu boo aɖeke wɔm o, dzudzɔxɔxɔledɔme ate ŋu ana ame nase le eɖokui me be viɖe megale ye ŋu o.

Gake ne míaƒe susu nɔa nusiwo míete ŋu wɔna ŋu tsɔ wu be nusiwo míegate ŋu wɔna o naɖe dzi le mía ƒo la, akpe ɖe mía ŋu míade asixɔxɔ mía ɖokui ŋu. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe ɖo aɖaŋu tso nusia ŋu be ‘ame nayi edzi atsi to nusɔsrɔ̃, gomekpɔkpɔ le hadome nuwɔnawo kple mawusubɔsubɔdɔwo me dzi.’ Ernest si nye Yehowa Ðasefo henye abolomelawo ƒe amegã xɔdzudzɔ le Switzerland, nye amesiwo ‘yi edzi tsi to nusɔsrɔ̃ dzi’ ƒe kpɔɖeŋu aɖe. Togbɔ be exɔ ƒe 70 hã la, eɖoe be yeaƒle kɔmpiuta ahasrɔ̃ ezazã. Nukatae wòwɔ nusia, evɔ ehati geɖe vɔ̃na na mɔ̃ɖaŋununya? Eɖe eme be: “Susu gbãtɔ enye be medi be nye susu naganɔ ŋute nyuie esi mele amegã kum. Eye evelia masrɔ̃ nu tso mɔ̃ɖaŋununya ŋu elabena akpe ɖe ŋunye le numekuku wɔwɔ le Biblia me kple le nye dɔwɔnawo me le Kristo-hamea me.”

Gome kpɔkpɔ le dɔ ɖeviwo me ate ŋu ana ame tsitsiwo nakpɔ nuhiahiã vevi geɖe gbɔ: Ana woakpɔe be viɖe le yewoƒe agbe ŋu eye ate ŋu ana woakpɔ ga gɔ̃ hã. Fia nyanu Salomo gblɔ be Mawu ƒe nunanae wònye na amegbetɔ be ‘wòakpɔ dzidzɔ, eye wòaɖu agbe le eƒe agbenɔɣi eye be ame naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me.’—Nyagblɔla 3:12, 13.

Míaƒe Ŋutete Ðesiaɖe Wɔwɔ

Le dukɔ geɖe me la, ame tsitsiwo gbɔe sidzedze, kpakple agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me dzidzenuwo tsona na dzidzime yeyewo. Fia Dawid ŋlɔ be: “Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!”—Psalmo 71:18.

Ke ne lãmegbegblẽ alo nɔnɔme aɖewo wɔe be ame tsitsi aɖewo magate ŋu awɔ naneke kura o ya ɖe? Nɔnɔme sia ɖe fu na Yehowa Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Sarah si xɔ ƒe 79 eye wògblɔ alesi dzi ɖe le eƒoe la na Kristotɔ hamemegã aɖe. Hamemegãa ɖo ŋku Biblia ƒe gɔmeɖose sia dzi nɛ be ‘ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe tea ŋu wɔa nu geɖe.’ (Yakobo 5:16) Eɖe eme na Sarah be: “Ètu ƒomedodo kplikplikpli aɖe ɖo kple Mawu le ƒe gbogbo siwo va yi me. Fifia àte ŋu ana míawo hã míakpɔ viɖe tso ƒomedodo ma me ne èdoa gbe ɖa ɖe mía ta.” Dzi ɖo Sarah ƒo ŋutɔ esi hamemegãa gblɔ nɛ be: “Nɔ gbe dom ɖa ɖe mía ta sea.”

Abe alesi Sarah kpɔe ene la, gbedodoɖa nye mɔ nyui aɖe si dzi ame tsitsi geɖe tona kpena ɖe ame bubuwo ŋu zã kple keli. (Kolosetɔwo 4:12; Timoteo I, 5:5) Eye gbedodoɖa mawo hã kpena ɖe ame tsitsi nuteƒewɔlawo ŋutɔ ŋu be woate ɖe Yehowa, amesi ‘ɖoa to gbedodoɖa’ la ŋu.—Psalmo 65:3; Marko 11:24.

Ame tsitsi siwo ŋu wɔna megale o gake wogblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na amewo henyoa dɔme na amewo la hã nye viɖe gã aɖe na woƒe nutoa me tɔwo. Woɖenɛ fiana be ‘atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, ne dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzie wokpɔe le.’—Lododowo 16:31.

Gake asɔ be míabia be: Esi míele tsitsim la, aleke etsɔme anɔ na mí? Ðe míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be agbe ava ade mía dzi wu le tsitsi mea?—g2/06.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Numekula aɖewo gblɔ be “naneke megblẽna le amesiwo katã xɔ ƒe 65 kple edzivɔwo la dometɔ 90 le alafa me ƒe susu ŋu o.” Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe tagbɔdɔléle dada ŋu la, taflatse kpɔ nyati si nye “Alzheimer Dɔléle—Alesi Woalé Enu,” si dze le September 22, 1998, ƒe yevugbe me Nyɔ! me.

^ mm. 13 Nyɔ! mekafua atikewɔwɔ mɔnu aɖeke o. Ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be dɔdamɔnu si yewotia la metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. Taflatse kpɔ nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo ƒo nu tso “Seselelãme Trama Dɔwo Gɔmesese” ŋu, si dze le January 8, 2004, ƒe Nyɔ! me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Ame tsitsiwo sena le wo ɖokui me be womebua yewo ɖe naneke me o le xexe sia si me nusianu le du dzi la me

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

Kpekpeɖeŋu si Nàte Ŋu Ana Ame Tsitsiwo

Na Woase Le Wo Ðokui Me be Bubu Le Yewo Ŋu. “Megawo ɖe ame tsitsi ta o, ke boŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, . . . nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene.”​—Timoteo I, 5:1, 2.

Ðo To Wo Nyuie. “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.”​—Yakobo 1:19.

Ðe Veveseɖeamenu Fia. “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui. Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o.”​—Petro I, 3:8, 9.

Nya Ɣeyiɣi si me Wohiã Dzideƒo. “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.”​—Lododowo 25:11.

He Wo Ðe Ðokuiwò Ŋu. “Minɔ amedzrowɔwɔ dzi!”​—Romatɔwo 12:13.

Na Kpekpeɖeŋu Ŋutɔŋutɔ Wo. “Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wòsẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã? Viwo, migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.”​—Yohanes I, 3:17, 18.

Gbɔ Dzi ɖi na Wo. “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.”​—Kolosetɔwo 3:12.

Ne míelé be na ame tsitsiwo la, ekema míele bubu dem Mawu ŋutɔ ƒe dzidzenuwo ŋu elabena eƒe Nya la gblɔ be: “Bu amegã [alo nyagã] ɖeɖi la.”​—Mose III, 19:32.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðewohĩ anyo be ame tsitsi aɖewo nayi kɔdzi woado wo akpɔ nyuie