Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu—Xexea Me Katã Ƒe Kuxie

Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu—Xexea Me Katã Ƒe Kuxie

Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu—Xexea Me Katã Ƒe Kuxie

NOVEMBER 25 lia nyea Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu Ðeɖeɖa Le Xexea Me Godoo Ŋkeke. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Aɖaŋudehae ɖo ŋkeke sia anyi le ƒe 1999 me kple taɖodzinu be woana ame sia ame nanya ale si gbegbe amewo medea bubu nyɔnuwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu o. Nu ka ta wòva hiã be woaɖe afɔ sia?

Woɖia gbɔ nyɔnuwo le dukɔ geɖe me, eye wowɔa nu ɖe wo ŋu abe dukɔmevi siwo mele ɖeke me o ene. Susu gbegblẽwo bubu ɖe nyɔnu ŋu ƒo ke ɖe to ɖe amewo me ŋutɔ. Ŋutasẽnu vovovo ƒomeviwo wɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu va zu kuxi si le fievo dom ɖe edzi le dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã me. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã tsãtɔ, Kofi Annan, gblɔ be, “ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu bɔ ɖe xexea me ƒe teƒe ɖe sia ɖe, eye eyia edzi le dukɔ sia dukɔ kple to sia to me. Wowɔa nu sia ɖe nyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, metsɔ le eƒe ŋutigbalẽ, gbegbɔgblɔ, to si me wòtso, afi si wodzii ɖo, alo hadomeɖoƒe si wòle me o.”

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Gbɔ Kpɔha ƒe Nyatakala Vevi tsãtɔ, Radhika Coomaraswamy, ka nya ta tso ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu ŋuti be, nyɔnu akpa gãtɔ bua ŋutasesẽ le nyɔnu ŋu be enye “ŋukpenanu si le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔ, si dzi amewo melɔ̃na kɔa nu le o.” Dɔwɔƒe aɖe si le Holland ƒe akɔntabubu ɖee fia be, le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me la, wowɔa ŋutasẽnu aɖe ƒomevi ɖe nyɔnu 23 le alafa me alo nyɔnu 1 le 4 ɖe sia ɖe me ŋu le aƒe me. Europa Dukɔwo Ƒe Habɔbɔ hã bu akɔnta be, wowɔa ŋutasẽnu ɖe Europa nyɔnu 1 le 4 ɖe sia ɖe me ŋu le aƒe me, le eƒe agbe me. Le Britain Dukɔ Me Nyawo Gbɔ Kpɔƒe ƒe nya nu la, le ƒe ɖeka aɖe me le mama dedie nu la, ŋutsuwo wu nyɔnu eve le kwasiɖa ɖe sia ɖe me; eye ŋutsu siawo nyea nyɔnuawo srɔ̃ si gbɔ wole alo esi gbɔ wodzo le. Magazine si nye India Today International gblɔ be, “le India nyɔnuwo katã gome la, vɔvɔ̃ va zu abe zɔhɛ si kplɔa wo ɖo ene, eye amegbɔdɔdɔ sesẽe hã va zu abe ame tutɔ si woado go le dzogoe ɖe sia ɖe kple mɔ ɖe sia ɖe dzi, alo le nuto ɖe sia ɖe me, le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me ene.” Dukɔwo Dome Agɔdzedze Tsɔtsɔke Ta Ʋliha ɖɔ ŋutasesẽ le nyɔnuwo kple ɖetugbuiwo ŋu be, enye “amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi ŋuti kuxi si keke ta wu” le egbeŋkekeawo me.

Ðe nyatakaka siwo ŋu míeƒo tso la ɖe ale si Mawu bua nyɔnuwoe fia? Míaɖo biabia sia ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.—g08-E 01.