Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Mena Yehowa Fia Mɔm

Mena Yehowa Fia Mɔm

ESI mexɔ ƒe 16 la, metia dɔwɔɖui si doa dzidzɔ nam. Gake Yehowa kpem be mato mɔ bubu. Ðeko wòle abe ele gbɔgblɔm nam dɔmenyotɔe be, “Mana gɔmesese deto nasu asiwò, eye mafia mɔ si nàto la wò” ene. (Ps. 32:8) Esi mena Yehowa fia mɔm taa, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ kple yayra geɖe su asinye. Esiawo dometɔ ɖekae nye ale si mesubɔ le Afrika ƒe 52 sɔŋ.

MÍEƲU TSO BLACK COUNTRY YI AFRIKA DUKƆ AÐE SI ME WOXƆA AMEDZROWO LE NYUIE ME

Wodzim le Darlaston le ƒe 1935 me. Du sia le England ƒe nuto si woyɔna be Black Country (Dukɔ Yibɔ) me. Woyɔa nuto ma nenema elabe zi geɖea, dzudzɔ yibɔ siwo tso mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo xɔa ya me kɔtɔɔ le afi ma. Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple dzinyelawo esime mexɔ abe ƒe ene ene. Le nye ƒewuiwo mea, meva ka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia, eya ta mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1952 me esime mexɔ ƒe 16.

Le ƒe ma ke mea, mete dɔsɔsrɔ̃ le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe gã aɖe si wɔa dɔwɔnuwo kple mɔ̃ŋutinuwo. Menɔ dɔa srɔ̃m kple susu be maxɔ ɖoƒe kɔkɔ le dɔwɔƒea. Dɔa do dzidzɔ nam ale gbegbe.

Nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔm esi dzikpɔla aɖe kpem be mavae nɔ Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm le hame si me menɔ le Willenhall la me. Gake metɔtɔ, elabe ɣemaɣia, menɔ kpekpeawo dem le hame eve me. Le kwasiɖaa mea, medea kpekpe le Bromsgrove Hamea si te ɖe nye dɔwɔƒea ŋu me. Edidi kilometa 32 tso nye aƒe me gbɔ. Eye ne metrɔ yi dzinyelawo gbɔ le kwasiɖanuwuwua, medea kpekpe le hame si le Willenhall me.

Medi vevie be makpe asi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu. Eya ta mewɔ ɖe dzikpɔlaa ƒe amekpekpea dzi, togbɔ be esia bia be maɖe asi le ŋutilãmedɔ si melɔ̃ vevie ŋu hã. Esi mena Yehowa fia mɔm taa, mɔnukpɔkpɔ nyui geɖe ʋu ɖi nam le agbe me.

Esi menɔ kpekpea dem le Bromsgrove Hamea mea, medo go nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe si doa vevie nu. Eŋkɔe nye Anne. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1957 me, eye mɔnukpɔkpɔ nyuiwo su mía si míewɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, mɔɖela vevi dɔa, dzikpɔla mɔzɔla dɔa kple Betel subɔsubɔdɔa ɖekae. Anne na dzi dzɔm le nye agbe me katã.

Le ƒe 1966 me esi wokpe mí be míade Gilead Suku ƒe klass 42 liaa, dzi dzɔ mí ale gbegbe. Wode dɔ asi na mí be míavae subɔ le Malawi. Wonya Malawitɔwo be wonye Afrikatɔ siwo xɔa amedzrowo nyuie. Gake meva susu me na mí kpɔ be womaxɔ mí míanɔ wo gbɔ wòadidi o.

NUWO MENƆ BƆBƆE NA MÍ LE MALAWI O

Ʋu si míezã esi míenɔ dzikpɔla mɔzɔla dɔa wɔm le Malawi

Míeva ɖo Malawi le February 1, 1967. Míezã ɣleti ɖeka tsɔ srɔ̃ Malawigbea veviedodotɔe, eye emegbe míedze nutome gã dzikpɔla dɔa gɔme. Ʋu si woyɔna be Jeep ye nɔ mía si. Amewo susui be ʋu sia ate ŋu azɔ afi sia afi, tɔwo me kura gɔ̃ hã. Gake mele nenema o, elabe tsi si megoglo o me koe míete ŋu tona. Ɣeaɖewoɣia, bexɔ mee míedɔna. Taa, míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme dzedze menɔ bɔbɔe o, gake míekpɔ dzidzɔ be míedze dɔ sia gɔme!

Le April mea, Malawi ƒe dukplɔla, Dr. Hastings Banda, gblɔ nya aɖe le radio dzi si na mekpɔe be dziɖuɖua ate ŋu ava tso ɖe mía ŋu. Egblɔ be Yehowa Ðasefowo mexea adzɔ o, eye be wole tɔtɔ hem va dukɔa me. Evɔ nya mawo mele eme o. Mí katã míenyae be, esi míedea nu dunya me o eye míegbe be míaƒle dunyahehamenɔnɔ ƒe agbalẽvi o tae wògblɔ nya mawo ɖo.

Le September mea, dukplɔlaa gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ me be Ðasefowo le tɔtɔ hem va dukɔa ƒe akpa sia akpa. Egblɔ le dunyahehawo ƒe takpekpe aɖe me be yewoaɖe afɔ kaba aɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi kpuie. Taa, le October 20, 1967 dzia, woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi nyateƒe. Ema megbe kpuiea, kpovitɔwo kple dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo va tu alɔdzedɔwɔƒea eye wonya mí amedzrowo le dukɔa me.

Esime wonɔ nye kple srɔ̃nye, kpakple Jack Johansson kple srɔ̃a Linda, siwo hã nye dutanyanyuigblɔlawo, nyam le Malawi, le ƒe 1967 me

Míenɔ gaxɔ me ŋkeke etɔ̃, emegbe wonya mí ɖo ɖe Mauritius, si nye dukɔ si dzi ɖum Britain nɔ. Gake Mauritius dziɖuɖua meɖe mɔ na mí be míanɔ dukɔa me abe dutanyanyuigblɔlawo ene o. Eya ta habɔbɔa ɖo mí ɖe Rhodesia (si nye Zimbabwe fifia). Esi míeva ɖoa, míeva do go dutamɔzɔnyagbɔkpɔla wɔadã aɖe. Egbe be yemaɖe mɔ na mí míage ɖe dukɔa me o, eye wògblɔ be: “Wonya mi le Malawi. Mauritius tɔwo hã gbe be mianɔ yewo gbɔ o, eye mieva afi sia, elabe miesusu be ade yewo dzi.” Enumake Anne wo avi. Edze abe dukɔ aɖeke mele mía dim o ene! Enumake nu si va susu me nam koe nye be matrɔ ayi mía de England. Mlɔeba dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo va ɖe mɔ na mí be míatsi míaƒe alɔdzedɔwɔƒea adɔ, gake le ŋufɔkea, míatrɔ ava yewoƒe dɔwɔƒea. Nu te mía ŋu, gake míeɖoe be míagblẽ nyaa ɖe Yehowa si me. Ewɔ nuku na mí be, le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdɔ mea, woɖe mɔ na mí be míanɔ Zimbabwe dukɔa me. Nyemaŋlɔ ale si mese le ɖokuinye me gbe ma gbe la be akpɔ o! Mekpɔe be Yehowae nɔ mɔ fiam mí.

MÍENƆ ZIMBABWE NƆ SUBƆSUBƆDƆA DZI KPƆM LE MALAWI

Nye kple Anne, le Zimbabwe Betel, le ƒe 1968 me

Le Zimbabwe alɔdzedɔwɔƒea, wode dɔ asi nam ɖe Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea, eye míenɔ subɔsubɔdɔa dzi kpɔm le Malawi kple Mozambique. Wonɔ nɔvi siwo le Malawi yome tim vevie. Nye dɔa ƒe akpa aɖee nye be maɖe nyatakaka siwo nutome sue dzikpɔla siwo le Malawi ɖo ɖa gɔme. Gbe ɖeka fiẽ, esi menɔ dɔ wɔm tso nyatakaka aɖe ŋua, mefa avi vevie ɖe ale si gbegbe wonɔ ŋuta sẽm le mía nɔviwo ŋu ta. a Gake woƒe nuteƒewɔwɔ, xɔse, kple dzidodo de dzi ƒom nam ŋutɔ.—2 Kor. 6:4, 5.

Míewɔ nu sia nu si míate ŋui be Biblia-srɔ̃gbalẽwo naka nɔvi siwo susɔ ɖe Malawi kple esiwo si yi Mozambique le ŋutasesẽa ta la si. Nɔvi siwo ɖea míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe Chichewagbe, si nye gbe si koŋ wodona le Malawi, me la ʋu vae tsi nɔvi aɖe ƒe agblekɔƒe me le Zimbabwe. Nɔvia trɔ asi le afi si woadze kple afi si woawɔ dɔ le ŋu na wo dɔmenyotɔe. Afi mae wonɔ, eye woyi woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖeɖe dɔ vevia dzi.

Míewɔ ɖoɖo na nutome sue dzikpɔla siwo nɔ Malawi be woanɔ Chichewagbe me takpekpe gã dem ƒe sia ƒe le Zimbabwe. Míewɔa takpekpea ƒe nuƒogbalẽwo ƒe kɔpi na wo, ale be ne wotrɔ yina Malawia, woato nɔviawo gbɔ agblɔ takpekpea me nyawo na wo, ne anya wɔ. Le ƒe mawo dometɔ ɖeka me, esime nutome sue dzikpɔla dzinɔameƒotɔ siawo va Zimbabwe la, míewɔ ɖoɖo na wo be woade Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku atsɔ ado ŋusẽ wo.

Nyee nye ema le nuƒo ƒom le Chichewagbe me le takpekpe aɖe si wowɔ le Chichewa kple Shona gbewo me le Zimbabwe

Le February 1975 mea, wona mevae srã nɔvi siwo si tso Malawi yi sitsoƒesaɖawo me le Mozambique la kpɔ. Nɔvi siawo dze agbagba nɔ wɔwɔm ɖe mɔfiame siwo tso habɔbɔa gbɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, woɖo hamemetsitsiwo ƒe hawo be woaxɔ ŋgɔ. Hamemetsitsi siawo wɔ ɖoɖo nyuiwo, si ƒe ɖewoe nye be woƒoa dutoƒonuƒowo, dzroa gbesiagbe mawunyakpukpuia me, srɔ̃a Gbetakpɔxɔ, eye wowɔa takpekpe suewo gɔ̃ hã. Wowɔ ɖoɖo ɖe dzadzɛnyenye, nuɖuɖu, kple dedienɔnɔ ŋu, abe ale si ko wònɔna le takpekpewo me ene. Nu siwo Yehowa kpe ɖe mía nɔvi wɔnuteƒe siawo ŋu wote ŋu wɔ la de dzi ƒo nam ale gbegbe.

Le ƒe 1970-awo ƒe nuwuƒe lɔƒoa, wowɔ ɖoɖo be Zambia alɔdzedɔwɔƒea nakpɔ dɔa dzi le Malawi. Megaɖoa ŋku nɔvi siwo le Malawi dzi, eye nye kple nɔvi bubuwo míedoa gbe ɖa ɖe wo ta ɣesiaɣi. Esi menye Zimbabwe Alɔdzekɔmitia me tɔ taa, mɔnukpɔkpɔ sua nye kple nɔvi siwo le dɔa dzi kpɔm le Malawi, South Africa, kple Zambia si zi geɖe be, míedoa go dɔwɔƒegã ƒe ame dɔdɔwo. Ɣesiaɣi si míekpe kpli woa, míebiana be: “Nu kae míagate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo le Malawi ŋu?”

Esi ƒeawo va nɔ yiyimaa, yometitiawo nu va ɖiɖi vie. Nɔvi siwo tso Malawi yi dukɔ bubuwo me nɔ tɔtrɔm gbɔ va vivivi, eye wo dometɔ siwo tsi Malawi hã nɔ gbɔdzɔe kpɔm. Dukɔ siwo ƒo xlã Malawi nɔ mɔ ɖem na Yehowa Ðasefowo be woayi woƒe dɔ aɖewo dzi. Mozambique hã na ablɔɖe Ðasefowo le ƒe 1991 me. Gake míenɔ mía ɖokuiwo biam be: ‘Ɣekaɣie woana ablɔɖe Yehowa Ðasefowo le Malawi ya?’

MÍEGATRƆ YI MALAWI

Dunyahenyawo va trɔ le Malawi mlɔeba, eye le ƒe 1993 mea, dziɖuɖua ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woayi woƒe dɔ dzi. Ema megbea, nye kple dutanyanyuigblɔla aɖe míenɔ dze ɖom, eye wòbiam be: “Àlɔ̃ atrɔ ayi Malawia?” Ɣemaɣia, mexɔ ƒe 59. Eya ta meɖo eŋu be: “Ao, metsi akpa!” Gbe ma gbe kea, míexɔ agbalẽ tso Dɔdzikpɔhaa gbɔ be míatrɔ ayi Malawi!

Míelɔ̃ dɔdeasi si wɔm míenɔ le Zimbabwe, eya ta enɔ sesẽm na mí be míatrɔ ayi Malawi, elabe teƒe sia va ma mí eye míedze xɔlɔ̃ nyui geɖewo hã. Gake Dɔdzikpɔhaa mezii ɖe mía dzi o. Edoe ɖe mía gbɔ be míate ŋu atiae be míatsi afi ma. Eya ta ele bɔbɔe be míagblɔ be míatsi Zimbabwe. Gake meɖo ŋku Abraham kple Sara dzi. Togbɔ be wotsi hã, wolɔ̃ faa ʋu le wo de afi si nuwo dze edzi na wo le, eye wowɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi.—1 Mose 12:1-5.

Míetiae be míawɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamea dzi. Eya ta míeʋu yi Malawi le February 1, 1995 dzi, si nye ƒe 28 tututu tso esime míeɖo afɔ Malawi zi gbãtɔ. Woɖo nye kple nɔvi eve bubuwo be míanye Alɔdzekɔmitia me tɔwo eye míedze ɖoɖowo wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe dɔwo ŋu enumake.

YEHOWAE NA MÍEDZI ÐE EDZI

Dzidzɔ gãe wònye be Yehowa na dɔa le dzidzim ɖe edzi kabakaba! Le ƒe 1993 mea, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽmee nye 30,000. Gake le ƒe 1998 mea, wodzi ɖe edzi va ɖo 42,000. b Dɔdzikpɔhaa da asi ɖe edzi be míatu alɔdzedɔwɔƒe yeye atsɔ akpɔ dzidziɖedzia gbɔ. Míekpɔ anyigba agbleka (alo acre) 30 le Lilongwe, eye wotiam be manɔ xɔtukɔmitia me.

Nɔviŋutsu Guy Pierce, si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ, ye ƒo xɔŋukɔnuƒoa le May 2001 me. Nɔvi siwo va wɔnaa ƒe xexlẽme wu 2,000, eye wo dometɔ geɖe xɔ nyɔnyrɔ ƒe 40 kple edzivɔ ɣemaɣi. Nɔvi wɔnuteƒe siawo to nɔnɔme wɔnublanui geɖe me esime woɖo asi dɔa dzi. Nu mede wo dometɔ geɖe dzi o, gake xɔse sẽŋu le wo si eye woka ɖe Yehowa dzi. Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi woɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒe yeyea. Gbe ma gbea, afi sia afi si nàto le Betel la, àse Fiaɖuƒeha vivi siwo wodo atsyã na abe ale si Afrikatɔwo dzia ha enea le tsaɖilawo nu. Esiae nye wɔna lédziname kekeake si teƒe mekpɔ kpɔ. Nyateƒee, Yehowa yraa ame siwo wɔ nuteƒe eye wodo dzi le xaxawo me.

Esi míewu alɔdzedɔwɔƒea tutu nua, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mavae ƒo Fiaɖuƒe Akpata ŋu kɔkɔ nuƒowo. Ðoɖo si habɔbɔa wɔ be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo na dukɔ siwo dzi nu mede o la ɖe vi na nɔvi siwo le Malawi. Tsãa, agbadɔ siwo wotsɔ bè gba tee hame aɖewo wɔa kpekpeawo le, eye wonɔa bentsi siwo wotsɔ anyi mè la dzi. Fifia, nɔviawo tsɔa dzidzɔ mèa anyikpewo tsɔna tua Fiaɖuƒe Akpata dzeaniwo le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Nɔviawo lɔ̃a bentsiwo zazã le kpekpeawo wu zikpui ɖekɛɖekɛwo, elabe wogblɔna be: Ne amewo tete yi koa, ame ɖeka agakpɔ nɔƒe le bentsi dzi!

Edzɔa dzi nam ne mekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe nɔviawo ŋu woyi ŋgɔ kabakaba le esubɔsubɔ me, vevietɔ sɔhɛwo, elabe wotsɔ wo ɖokuiwo na faa kpe asi ɖe dɔa ŋu, eye hehe si woxɔ tso habɔbɔa gbɔ le vi ɖem ŋutɔ. Esia na mɔnukpɔkpɔ su wo dometɔ aɖewo si be woasubɔ le Betel, eye ɖewo hã xɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Azɔ hã, wo dometɔ siwo woɖo dzikpɔla mɔzɔlawo do ŋusẽ hameawo ŋutɔ. Dzikpɔla mɔzɔla siawo dometɔ geɖe ɖe srɔ̃, gake wotiae be yewomadzi vi fifia o, ale be yewoate ŋu awɔ geɖe na Yehowa, togbɔ be nutoa me tɔwo kple ƒometɔwo ƒonɛ ɖe wo nu be woadzi vi hã.

EDZƆ DZI NAM BE MEWƆ TIATIA NYUIWO

Nye kple Anne, le Britain Betel

Esi míesubɔ ƒe 52 le Afrika vɔ megbea, lãmegbegblẽ va nɔ fu ɖem nam. Alɔdzekɔmitia doe ɖe Dɔdzikpɔhaa gbɔ be woaɖɔ li dɔ nam ne matrɔ ayi Britain. Menɔ bɔbɔe na mí be míaɖe asi le dɔ si míelɔ̃ veviea ŋu o. Gake togbɔ be míetsi hãa, Britain Betel ƒomea me tɔwo xɔ mí alɔeve, eye wole be lém na mí nyuie ŋutɔ.

Mekpɔe be ale si metso nya me be Yehowa nafia mɔm le agbe me ye nye tiatia nyuitɔ si mewɔ. Ne ɖe meɖo ŋu ɖe nye ŋutɔ nye gɔmesese ŋua, anye ne nyemenya afi si nye dɔwɔɖuia akplɔm ayi o. Yehowa koe nya nu si tututu wòle be mawɔ le agbe me be ‘nye mɔwo nadzɔ.’ (Lod. 3:5, 6) Esi menye sɔhɛa, dzi dzɔm be menɔ dɔ srɔ̃m le dɔwɔƒe gã aɖe. Gake Yehowa ƒe habɔbɔa na mewɔ dɔ aɖe si na mekpɔ dzidzɔ geɖe wu. Le gonyemea, magblɔ be Yehowa subɔsubɔ ɖe vi nam, eye wògale vi ɖem nam le agbe me ale gbegbe!

a Àkpɔ Yehowa Ðasefo siwo le Malawi ƒe ŋutinya le Ƒe 1999 Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒegbalẽa me, axa 148-223 (ele yevugbe me).

b Gbeƒãɖela siwo wu 100,000 ye le Malawi fifia.