Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Asixɔxɔ Tiatiawɔblɔɖe Si Mawu Na Wò Ŋu

De Asixɔxɔ Tiatiawɔblɔɖe Si Mawu Na Wò Ŋu

“Afi si Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.”—2 KOR. 3:17.

HADZIDZI: 62, 65

1, 2. (a) Susu vovovo kawoe le amewo si ku ɖe tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖea ŋu? (b) Nu kae Biblia fia mí ku ɖe ablɔɖe si le mía si be míawɔ tiatia ŋu, eye biabia kawo mee míadzro?

ESI wòva hiã be nyɔnu aɖe natso nya me le nu si wòawɔ ŋu la, egblɔ na exɔlɔ̃ be: “Mègana mabu tame o; wò ya gblɔ nu si mawɔ la nam ko. Ema le bɔbɔe wu.” Edze nyɔnua ŋu be woagblɔ nu si wòawɔ la nɛ tsɔ wu be wòawɔ nunana xɔasi si Wɔla la nɛ, si nye tiatiawɔblɔɖe la, ŋu dɔ. Ke wò ya ɖe? Ðe nèdina be ye ŋutɔ yeatso nya me le nya siwo ka ye ŋu loo alo èdina be ame bubu natso nya me na yea? Aleke nèbua tiatiawɔblɔɖe ƒe nya lae?

2 Amewo he nya le tiatiawɔblɔɖe ƒe nyaa ŋu ƒe alafa geɖe. Ame aɖewo gblɔna be tiatiawɔblɔɖe aɖeke mele amegbetɔwo si o—woƒe susue nye be Mawu ɖo míaƒe nuwɔnawo katã ɖi do ŋgɔ. Ame bubuwo ya gblɔna be ne ablɔɖe si ŋu seɖoƒe meli na o le mía si ko hafi woate ŋu agblɔ be tiatiawɔblɔɖe le mía si. Ke hã, hafi míase nya sia gɔme nyuie la, ele be míalé ŋku ɖe nya si Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Mawu ƒe Nya la ɖee fia be, esi Yehowa wɔ mí la, ena tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe mí; esia fia be, ena ŋutete kple ablɔɖe mí be míawɔ susu ŋu dɔ atso nya me. (Xlẽ Yosua 24:15.) Eye Biblia ɖo biabiawo abe esiawo ene ŋu: Aleke wòle be míawɔ ablɔɖe si le mía si be míawɔ tiatia la ŋu dɔe? Ðe seɖoƒe li na tiatiawɔblɔɖe la? Aleke ale si míewɔa míaƒe tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖea ŋu dɔe la ɖea ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae la fiana? Aleke míate ŋu ade bubu ame bubuwo ƒe nyametsotsowo ŋu?

NU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO YEHOWA KPLE YESU GBƆ?

3. Kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo ɖi na mí le eƒe ablɔɖe zazã gome?

3 Yehowa ɖeka koe nye ame si ƒe ablɔɖe ŋu seɖoƒe mele o, ke hã, ale si wòwɔa eŋu dɔe la nye kpɔɖeŋu na mí. Le kpɔɖeŋu me, etiae be Israel-viwo nanye “eya ŋutɔ ƒe dukɔ” si ŋu eƒe ŋkɔ anɔ. (5 Mose 7:6-8) Susu aɖe tae wòtia wo be woanye yeƒe dukɔ ɖo. Esi Yehowa di be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na ye xɔlɔ̃ Abraham ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la dzi tae. (1 Mose 22:15-18) Azɔ hã, Yehowa wɔa eƒe ablɔɖea ŋu dɔ le ɖekawɔwɔ me kple eƒe nɔnɔme nyoameŋu siwo nye lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye la ɣeawokatãɣi. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel-viwo gbe nu le tadedeagu vavãtɔ gbɔ la, ehe to na wo. Eye esi wotrɔ dzi me vavã trɔ va Yehowa gbɔ la, Yehowa galɔ̃ wo hekpɔ nublanui na wo, eye wògblɔ be: “Mayɔ dɔ woƒe nuteƒemawɔmawɔ la. Malɔ̃ wo tso dzi me faa.” (Hos. 14:4) Yehowa wɔa eƒe ablɔɖea ŋu dɔ ɣesiaɣi be wòaɖe vi na ame bubuwo. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòɖo ɖi na mí!

4, 5. (a) Ame kae nye ame gbãtɔ si Mawu na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe la, eye aleke amea zãe? (b) Nya kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui?

4 Esi Yehowa dze nuwo wɔwɔ gɔme la, lɔlɔ̃ ʋãe wòna tiatiawɔblɔɖe eƒe nuwɔwɔ siwo nye mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa. Ame gbãtɔ si wòna tiatiawɔblɔɖe lae nye eƒe Ŋgɔgbevi, si “nye Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme.” (Kol. 1:15) Hafi Yesu nava anyigba dzi gɔ̃ hã la, etiae be yeayi edzi awɔ nuteƒe na ye Fofo eye yemawɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzenuwɔnawo me o. Emegbe esi Yesu va anyigba dzi la, ewɔ eƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ nyuie esi meɖe mɔ Futɔ gãtɔ la ƒe tetekpɔwo ɖu edzi o. (Mat. 4:10) Le gbe si Yesu do ɖa vevie le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, egate gbe ɖe ale si wòɖoe kplikpaa be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la dzi. Egblɔ be: “Fofo, ne èlɔ̃ la, na kplu sia nato ŋunye. Gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.” (Luka 22:42) Mina míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua be míazã míaƒe tiatiawɔblɔɖea atsɔ ade bubu Yehowa ŋu ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu! Ðe esia anya wɔ na mí vavã?

5 Ɛ̃, míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua, elabe Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ míawo hã ɖo. (1 Mose 1:26) Ke ha, tiatiawɔblɔɖea mefia be míekpɔ mɔ awɔ nu sia nu si dze mía ŋu o. Gake seɖoƒe meli na Yehowa ya ƒe ablɔɖe o. Mawu ƒe Nyaa na míenya be seɖoƒe li na míaƒe ablɔɖea eye ele be míakpɔ egbɔ be míegbɔ seɖoƒe siwo Mawu ɖo na mí la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ele na nyɔnuwo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo eye ɖeviwo hã nabɔbɔ ɖe wo dzilawo te. (Ef. 5:22; 6:1) Aleke wòle be míawɔ míaƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le ɖekawɔwɔ me kple seɖoƒe siwo Mawu ɖo na mí? Biabia ma ƒe ŋuɖoɖo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme mavɔ dzi.

TIATIAWƆBLƆÐEA ZAZÃ NYUIE KPLE EZAZÃ LE MƆ GBEGBLẼ NU

6. Wɔ nu si ta wòle be seɖoƒe nanɔ míaƒe ablɔɖea ŋu ƒe kpɔɖeŋu.

6 Ne seɖoƒe li na míaƒe ablɔɖe la, ablɔɖe vavãe wònyea? Ɛ̃, ablɔɖe vavãe! Nu ka tae míate ŋu agblɔe alea? Ne woɖo seɖoƒe na ablɔɖe si le amewo si la, ate ŋu akpɔ wo ta. Le kpɔɖeŋu me, ne míetiae be míaku ʋu ayi du didi aɖe me la, efia be míele míaƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ wɔm. Gake ɖe míase le mía ɖokui me be míele dedie le mɔa dzi ne ʋukulawo mewɔa ʋukusewo dzi o eye ʋukula ɖe sia aɖe ate ŋu atiae be yeaku ʋua ato mɔa ƒe akpa ɖe sia ɖe alo akui sesĩe ale si dze ye ŋua? Kura o. Hafi ablɔɖe vavã naɖe vi na amewo katã la, ele be seɖoƒewo nanɔ anyi. Na míadzro Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo me be míakpɔ nu si tae wònyo be Yehowa ɖo seɖoƒewo na míaƒe tiatiawɔblɔɖea.

7. (a) Aleke nunana si nye tiatiawɔblɔɖe la na Adam to vovo na nu gbagbe bubu siwo nɔ Eden-bɔa me? (b) Gblɔ mɔ siwo nu Adam wɔ eƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le ƒe kpɔɖeŋu.

7 Esi Mawu nɔ Adam, si nye amegbetɔ gbãtɔ wɔm la, ena tiatiawɔblɔɖe si wòna mawudɔlawo la eya hã. Esia na Adam to vovo na lãwo, elabena lãmenusese ye fiaa mɔ lãwo ya. Bu mɔ aɖe si nu Adam zã eƒe tiatiawɔblɔɖea le mɔ nyuitɔ nu le ŋu kpɔ. Wowɔ lãwo hafi wɔ amegbetɔ. Ke hã, Yehowa di be ye vi amegbetɔ gbãtɔ nana ŋkɔ lãwo ale be wòakpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me. Mawu kplɔa lãwo “vaa ame la gbɔ be yeakpɔ ale si wòayɔ wo dometɔ ɖe sia ɖee ɖa.” Esi Adam lé ŋku ɖe lãwo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hena ŋkɔ wo ɖekaɖeka vɔ la, Yehowa meva trɔ ŋkɔ si Adam tsɔ na wo la o. Ke boŋ “ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la, emae nye eƒe ŋkɔ.”—1 Mose 2:19.

8. Aleke Adam zã eƒe tiatiawɔblɔɖea le mɔ gbegblẽ nu, eye nu kae do tso eme?

8 Nublanuitɔe la, Adam mekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si Mawu de asi nɛ be wòaŋlɔ anyigba dzi paradisoa me ahakpɔ edzi la ŋu o. Mawu gblɔ na Adam kple srɔ̃a be: “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ anyigba la dzi, eye miaɖu edzi; mikpɔ ŋusẽ ɖe ƒumelãwo kple nuwɔwɔ siwo dzona . . . kpakple nu gbagbe siwo katã ʋãna le anyigba dzi la dzi.” Ke hã, ablɔɖe gã sia si gbegbe Mawu nɛ la medze eŋu o. (1 Mose 1:28) Ke boŋ eɖoe koŋ da se si Mawu de nɛ be wòagaɖu atikutsetse si nu wòde se ɖo be woagaɖu o la dzi. Tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu alea wɔe be Adam ƒe dzidzimeviwo le fukpekpe kple vevesese me tom ƒe akpe geɖee nye esia. (Rom. 5:12) Mina míaƒe susu nanɔ nu siwo do tso tiatia si Adam wɔ me dzi. Esia aʋã mí be míazã míaƒe tiatiawɔblɔɖea le mɔ nyuitɔ nu, le seɖoƒe si Yehowa ɖo na mí nu.

9. Tiatia kae Yehowa tsɔ ɖo eƒe dukɔ Israel ŋkume, eye aleke dukɔa wɔ nui?

9 Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖo Mawu wɔe be woƒe dzidzimeviwo nyi blibomademade dome tso wo gbɔ. Ke hã, tiatiawɔblɔɖe ƒe ŋutetea ya kpɔtɔ le woƒe dzidzimeviwo si. Esia ɖe dzesi le ale si Mawu wɔ nu kple Israel dukɔa me. Yehowa to eƒe dɔla, Mose, dzi tsɔ tiatia aɖe ɖo dukɔa ŋkume be woagblɔe nenye be wolɔ̃ be yewoaxɔ mɔnukpɔkpɔ si nye be woazu yeƒe nunɔamesi tɔxɛ loo alo womelɔ̃ o. (2 Mose 19:3-6) Aleke woɖo eŋui? Wolɔ̃ faa be yewoawɔ nu siwo Mawu bia tso yewo si ale be yewoazu dukɔ si ŋu eƒe ŋkɔ le la dzi, eye woɖo eŋu kple nu sɔsɔe be: “Nya siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔ wo dzi.” (2 Mose 19:8) Nublanuitɔea, ɣeyiɣi aɖewo megbe la, dukɔa wɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu eye womewɔ woƒe ŋugbedodoa dzi o. Mina míaƒe susu nanɔ nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu sia dzi eye míawɔ tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe si Mawu na mí la ŋu dɔ nyuie ɣesiaɣi eye míaku ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ahawɔ ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi atsɔ aɖee afia be míedea asixɔxɔ nunana xɔasi sia ŋu.—1 Kor. 10:11.

10. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be amegbetɔ madeblibowo ate ŋu awɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le mɔ si dea bubu Mawu ŋu nu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Woyɔ Mawu subɔla 16 ŋkɔ le Hebritɔwo ta 11 lia me. Wonye ame siwo wɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le seɖoƒe si Yehowa ɖo na mí nu. Esia wɔe be yayra geɖe kple etsɔmemɔkpɔkpɔ vavã su wo si. Le kpɔɖeŋu me, Noa ɖe xɔse sẽŋu fia esi wòwɔ ɖe mɔfiame si Mawu nɛ dzi hekpa aɖakaʋu aɖe be wòakpɔ eƒe ƒomea kple amegbetɔwo ƒe dzidzime siwo ava ɖe wo yome la ta. (Heb. 11:7) Abraham kple Sara lɔ̃ faa wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi heyi anyigba si ŋugbe wòdo na wo la dzi. Le woƒe mɔzɔzɔ legbee sia me gɔ̃ hã la, ‘mɔnukpɔkpɔ su wo si be woagbugbɔ’ ayi Ur, si nye du si me nu dze edzi na amewo le la me. Ke hã, woƒe ŋku nɔ ale si Mawu ava wɔ eƒe “ŋugbedodoawo dzi” le etsɔme la dzi; ɛ̃, “nɔƒe si nyo wu la [nɔ] wo dzrom.” (Heb. 11:8, 13, 15, 16) Mose gbe Egipte ƒe kesinɔnuwo, eye “wòtiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la, wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.” (Heb. 11:24-26) Mina míasrɔ̃ blematɔ siawo ƒe xɔse ale be míade asixɔxɔ tiatiawɔblɔɖe si Mawu na mí la ŋu eye míazãe atsɔ awɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

11. (a) Nu kae nye yayra gã siwo su mía si le tiatiawɔblɔɖe si Mawu na mí ta la dometɔ ɖeka? (b) Nu kae ʋãa wò be nàzã wò tiatiawɔblɔɖea le mɔ nyuitɔ nu?

11 Togbɔ be adze nu si le bɔbɔe wu be míana ame bubu natso nya me na mí hã la, esia awɔe be yayra gã siwo sua mía si le tiatiawɔblɔɖea ta la dometɔ ɖeka nabɔ mí. Yayra ma dze le 5 Mose 30:19, 20. (Xlẽe.) Kpukpui 19 lia ƒo nu tso tiatia si Mawu tsɔ ɖo Israel-viwo ŋkume ŋu. Le kpukpui 20 lia me la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe dukɔa be woaɖe nu si le woƒe dzi me afia. Míawo hã míate ŋu atiae be míasubɔ Yehowa. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee wònye na mí be míazã tiatiawɔblɔɖea atsɔ ade bubu Mawu ŋu eye míaɖee afia be míelɔ̃e!

MÈGAWƆ WÒ TIATIAWƆBLƆÐEA ŊU DƆ LE MƆ GBEGBLẼ NU O

12. Nu kae mele be míazã míaƒe tiatiawɔblɔɖea atsɔ awɔ gbeɖe o?

12 Tsɔe be èna nu xɔasi aɖe xɔ̃wò aɖe. Ðe mate ɖe dziwò ŋutɔ ne èva nyae be xɔ̃wòa tsɔ nu si nènae la ƒu gbe ɖe gbelɔnu me, alo esi gavɔ̃ɖi wue nye be, ezãe tsɔ wɔ nu vevi ame aɖe oa? Azɔ bu ale si Yehowa ase le eɖokui me ne ekpɔ ame gbogbo siwo zãa woƒe tiatiawɔblɔɖea le mɔ gbegblẽ nu tsɔ gblẽa nu le ame bubuwo ŋu gɔ̃ hã ŋu kpɔ. Biblia gblɔe ɖi wòsɔ nyuie be le “ŋkeke mamlɛawo” me la, amewo anye “ame madakpewo.” (2 Tim. 3:1, 2) Negadzɔ gbeɖe be míawɔ nunana xɔasi si Yehowa na mí la ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu alo abui nu tsɛe o. Gake aleke míate ŋu aƒo asa na míaƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu?

13. Mɔ siwo nu míate ŋu aƒo asa na Kristotɔwo ƒe ablɔɖea zazã le mɔ gbegblẽ nu le dometɔ ɖeka ɖe?

13 Ablɔɖe le mí katã si be míatia awudodo kple dzadzraɖo ƒe atsyãwo, modzakaɖenuwo kple ame siwo míade ha kplii. Ke hã, míate ŋu ava nɔ míaƒe ablɔɖea zãm “abe taflatsɛdonu ene anɔ nu vɔ̃ɖi wɔm” ne míetiae be míazu kluviwo na míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo alo míedzea xexe sia me nu siwo le tsia dzi kple nu si wɔm ame geɖe le la yome. (Xlẽ 1 Petro 2:16.) Le esi míatsɔe be míaƒe ablɔɖea nye ‘mɔnukpɔkpɔ na mí be míakplɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo ɖo’ teƒe la, míedi be míaɖoe kplikpaa awɔ tiatia siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—Gal. 5:13; 1 Kor. 10:31.

14. Kadodo kae le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple ale si míewɔa míaƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔe dome?

14 Mɔ bubu si dzi míato azã tiatiawɔblɔɖe si Mawu na mí le mɔ nyuitɔ nue nye be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahaɖe mɔ wòafia mɔ mí míawɔ eŋu dɔ le seɖoƒe si eya ŋutɔ ɖo na mí la nu. Eya ɖeka koe nye ‘Ame si fiaa nu mí be wòaɖe vi na mí, Ame si kplɔa mí toa mɔ si dzi wòle be míato.’ (Yes. 48:17) Ele be míalɔ̃ ɖe nya sia si tso gbɔgbɔ me ƒe nyateƒenyenye dzi ɖokuibɔbɔtɔe be: “Amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me o. Eye ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.” (Yer. 10:23) Negadzɔ gbeɖe be míaɖo ŋu ɖe míawo ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu abe ale si Adam kple Israel-vi dzeaglãwo wɔe ene o. Mina “[míaɖo] ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me” boŋ.—Lod. 3:5.

BUBUDEDE AME BUBUWO ƑE TIATIAWƆBLƆÐE ŊU

15. Nu kae míesrɔ̃ tso mɔfiame si dze le Galatiatɔwo 6:5 la me?

15 Seɖoƒe siwo le míaƒe ablɔɖea ŋu dometɔ ɖekae nye be ele be míade bubu gome si le ame bubuwo si be woatso nya me le wo ɖokuiwo si la ŋu. Nu ka tae? Esi wònye be Mawu na tiatiawɔblɔɖe mí katã ta la, tiatia si Kristotɔ aɖe awɔ la masɔ kple nɔvia tɔ pɛpɛpɛ ɣesiaɣi o. Esia nye nyateƒe le nya siwo ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu gɔ̃ hã me. Ðo ŋku mɔfiame si dze le Galatiatɔwo 6:5 la dzi. (Xlẽe.) Ne míese egɔme be ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ‘natsɔ eya ŋutɔ ƒe agba’ la, míade bubu gome si le mía nɔviwo si be woazã woawo ŋutɔ ƒe tiatiawɔblɔɖe la ŋu.

Míate ŋu atia nu si míawɔ gake mele be míazi nu si míaƒe dzitsinya ɖe mɔ na mí míewɔ la ɖe ame bubuwo dzi o (Kpɔ memama 15)

16, 17. (a) Aleke wòdzɔe be kuxi aɖe ɖo Korintotɔwo dome ku ɖe tiatiawɔblɔɖe ƒe nyaa ŋu? (b) Aleke Paulo kpɔ nyaa gbɔe, eye nu kae esia fia mí ku ɖe gome si le ame bubuwo si ŋu?

16 Na míadzro Biblia me kpɔɖeŋu aɖe si ana míakpɔ nu si tae wòle be míade bubu gome si le mía nɔviwo si be woawo ŋutɔwo natso nya me le nu siwo ku ɖe ame ŋutɔ ƒe dzitsinya ŋu la me kpɔ. Kristotɔ siwo nɔ Korinto la ƒe susu meva wɔ ɖeka le lã siwo woanya tsɔ sa vɔ na trɔ̃wo eye wova dzraa wo le asi me emegbe la ɖuɖu ŋu o. Ame aɖewo ƒe susue nye be: ‘Esi wònye be trɔ̃wo menye naneke o ta la, lã mawo ɖuɖu meɖe fu na yewoƒe dzitsinya o.’ Gake ame bubu siwo nye trɔ̃subɔlawo tsã la bui be lã mawo ɖuɖu nye trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna. (1 Kor. 8:4, 7) Nya sesẽ si ate ŋu ade mama hamea me lae wònye. Aleke Paulo kpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto la ŋu be woakpɔ Mawu ƒe susu le nyaa ŋu adze sii?

17 Gbã, Paulo ɖo ŋku edzi na akpa evea siaa be menye nuɖuɖue ate wo ɖe Mawu ŋu o. (1 Kor. 8:8) Eyome, exlɔ̃ nu wo be woagaɖe mɔ woƒe “tiatiawɔblɔɖe la” nazu “nuɖiaɖia na ame siwo gbɔdzɔ la . . . o.” (1 Kor. 8:9) Emegbe, egblɔ na ame siwo dzitsinya ɖea fu na le nya sia me la be woagadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo ɖua lã sia ƒomevi o. (1 Kor. 10:25, 29, 30) Eya ta le nya vevi sia si ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu me la, ehiã be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ eya ŋutɔ ƒe dzitsinya ŋu dɔ atso nya me le eŋu. Le esia ta, ɖe mele be míade bubu gome si le mía nɔviwo si be woatso nya me le nya siwo mele vevie nenema gbegbe o ŋu oa?—1 Kor. 10:32, 33.

18. Aleke nàɖee afia be èdea asixɔxɔ tiatiawɔblɔɖe si Mawu na wò la ŋu?

18 Yehowa na tiatiawɔblɔɖe mí, eye esia nana ablɔɖe vavã sua mía si. (2 Kor. 3:17) Míedea asixɔxɔ nunana sia ŋu, elabe ewɔnɛ be míewɔa tiatia siwo ɖea ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae fiana. Mina míayi edzi anɔ eɖem fia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nunana xɔasi sia ŋu ahazãe le mɔ si ade bubu Mawu ŋu nu, eye míade bubu ale si ame bubuwo tiae be yewoawɔ yewoƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔe ŋu.