Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Aleke wowɔna tsɔa dzo tso teƒe aɖe yia teƒe bubu le blema ɣeyiɣiwo me?

BIBLIA ŋutinya si dze le 1 Mose 22:6 gblɔ be esi Abraham nɔ dzadzram ɖo be yeasa vɔ na Mawu le teƒe didi aɖe la, Abraham “tsɔ numevɔsa ƒe nake la ɖo ta na via Isak. Etsɔ dzo kple hɛ ɖe asi, eye wo kple evea woyi azɔlia dzi.”

Ŋɔŋlɔawo megblɔ ale si wowɔna doa dzo le blema o. Biblia ŋuti numeɖela aɖe gblɔ be “manɔ bɔbɔe be woatsɔ” dzo si le xɔxɔm kple dzoƒaɖe la “azɔ mɔ legbee” ma si Abraham kple Isak zɔ o. Eya ta, anɔ eme be dzo si ŋu nuŋlɔɖia ƒo nu tsoe la ku ɖe nu siwo woazã atsɔ ado dzoe ŋu.

Gake Biblia ŋuti numeɖela bubuwo gblɔ be menɔa bɔbɔe kura be woado dzo le blema ɣeyiɣiwo me o. Amewo akpɔe be anɔ bɔbɔe be yewoaɖe dzoka tso aƒelikawo gbɔ, tsɔ wu be yewoado dzo le yewo ɖokui si. Eya ta agbalẽnyala geɖe xɔe se be nu si Abraham tsɔ ɖe asie nye nugoe aɖe, si ŋu woanya tsi gakɔsɔkɔsɔ ɖo, si me woate ŋu aɖe dzoka xɔxɔ siwo wozã kpɔtɔ le zã si do ŋgɔ me la ɖo. (Yes. 30:14) Woate ŋu azã dzoka xɔxɔ siwo wotsɔ ɖe nugoe me alea kpakple nake wuwluiwo atsɔ ado dzoe enumake le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me.