Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Dzesi Nɔnɔme Nyui Siwo Le Amewo Si

De Dzesi Nɔnɔme Nyui Siwo Le Amewo Si

Kuxia

Zi geɖe la, ame siwo susuna be yewonyo wu ame bubuwo la bua nazã eye womebua ame bubuwo ɖe ɖeke me o. Mɔ̃ sia ate ŋu aɖe ame sia ame. Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Ame geɖe susunɛ be ale si yewonɔa agbee, yewoƒe nuɖuɖuwo, yewoƒe awudodo, nu siwo yewolɔ̃a wɔwɔ, yewoƒe dzixɔsewo, nu siwo ŋu yewodea asixɔxɔe, kple bubuawo, la de ŋgɔ wu ame bubuwo tɔ.” Aleke míawɔ aƒo asa na nuŋububu totro sia?

Nya Si Biblia Gblɔ

“Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”—FILIPITƆWO 2:3.

Nu kae nya sia fia? Be míagabu mía ɖokui ŋu fũu akpa o la, ele be míasrɔ̃ ale si míabɔbɔ mía ɖokui. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míalɔ̃ ɖe edzi be ame bubuwo nyo wu mi le go aɖewo me. Ame hatsotso ɖeka aɖeke meli si si ŋutete kple nɔnɔme nyuiwo katã le o.

Bu Stefan ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Etsi le Kɔmiunist dukɔ aɖe me eye wòbua nazã ɖe ame siwo metso Kɔmiunist dukɔwo me o la ŋu. Gake eva ɖu nuŋububu ma dzi. Egblɔ be: “Meva kpɔe be ne míebu ame bubuwo be wonye gã wu mi la, esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖu nazãbubu dzi. Menye nu sia nu ye menya o. Mate ŋu asrɔ̃ nane tso ame sia me gbɔ.”

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Dze agbagba nàda asɔ le ale si nèbua ɖokuiwòe la me eye nàlɔ̃ ɖe edzi be yedaa vo. Lɔ̃ ɖe edzi be ame bubuwo nyo wu ye le go aɖewo me. Mègasusui be gbagbãƒe ɖeka aɖe tɔgbi le ame siwo katã tso to ɖeka aɖe me la ŋu o.

Le esi nànɔ susu manyomanyo bum ɖe ame aɖe si tso to aɖe me ŋu teƒe la, bia ɖokuiwò be:

Lɔ̃ ɖe edzi be ame bubuwo nyo wu ye le go aɖewo me

  • ‘Ðe nɔnɔme siwo medzɔa dzi nam le amea ŋu o la gblẽ ŋutɔŋutɔa, alo ɖeko woto vovo na tɔnye?’

  • ‘Ðe amea hã ate ŋu akpɔ vodadawo le ŋunyea?’

  • ‘Nu kawo mee amea nyo wum le?’

Ne èɖo nya siawo ŋu anukwaretɔe la, menye ɖeko wòakpe ɖe ŋuwò naɖu nazãbubu dzi o, ke akpe ɖe ŋuwò hã be nàkpɔ nɔnɔme nyui siwo ado dzidzɔ na wò la le amea ŋu.