Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Se Veve Ðe Amewo Nu

Se Veve Ðe Amewo Nu

Kuxia

Ne ale si amewo to vovo tso mía gbɔ ŋu koe míaƒe susu nɔna la, ate ŋu ana míava nɔ vodada kpɔm le wo ŋu. Esia ana míava nɔ nazã bum ɖe ame siwo mele abe míawo ene o la ŋu. Ne míeva le nazã bum ɖe amewo ŋu la, ke asesẽ na mí be míase veve ɖe wo nu.

Nya Si Biblia Gblɔ

“Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam.”—ROMATƆWO 12:15.

Nu kae nya sia fia? Kpuie ko la, efia be míase veve ɖe ame nu. Veveseɖeamenu nye ŋutete si le ame si be wòatsɔ eɖokui aɖo ame bubu teƒe eye wòase ale si amea le sesem le eɖokui me la gɔme.

Vi Kae Wòaɖe Ne Míesea Veve Ðe Ame Nu?

Ne míese veve ɖe ame aɖe nu la, míava kpɔe be vovototo boo aɖeke mele mía kplii dome o. Míava kpɔe hã be ale si míesena le mía ɖokui me kple ale si míewɔa nui la de sɔsɔ ge kple etɔ. Veveseɖeamenu akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be mí katã míenye ƒome ɖeka me tɔwo, afi ka kee míeɖatso o. Ne míetsɔ susu ɖo mɔ siwo nu míesɔ kple amewo le ŋu la, esia ana wòasesẽ na mí be míabu susu gbegblẽ ɖe wo ŋu.

Veveseɖeamenu akpe ɖe mía ŋu hã be míade bubu amewo ŋu. Tsã la, Anne-Marie si tso Senegal la mebua ame hatsotso aɖe si amewo buna ame tsɛwo la ɖe ɖeke me o. Eɖe ale si veveseɖeamenu kpe ɖe eŋu me esi wògblɔ be: “Esi mekpɔ ale si ame hatsotso ma me tɔwo nɔ fu kpem la, mebia ɖokuinye be nenye nyee le fua kpem ɖe aleke mase le ɖokuinye me. Esia na meva kpɔe be nyemenye gã wu wo le mɔ aɖeke nu o, eye susu aɖeke meli si tae magblɔ be menyo wu wo o.” Nyateƒee, ne míedze agbagba se nɔnɔme sesẽ si me tom amewo le gɔme la, esia ana be míase veve ɖe wo nu tsɔ wu be míanɔ woƒe gbagbãƒewo ko kpɔm.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Ne èbua susu manyomanyo ɖe ame hatsotso aɖe ŋu la, ke dze agbagba nàde ŋugble le mɔ siwo nu miaƒe nuwɔnawo sɔ le la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wosena le wo ɖokuiwo me

Veveseɖeamenu akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be mí katã míenye ƒome ɖeka me tɔwo

  • ne wo kple woƒe ƒomewo le nu ɖum ɖekae ŋu

  • ne wowu dɔ sesẽ aɖe nu le ŋkekea me ŋu

  • ne wole wo xɔlɔ̃wo dome ŋu

  • ne wole ha si dzɔa dzi na wo wu la sem ŋu

Azɔ, dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò ɖo wo teƒe. Bia ɖokuiwò be:

  • ‘Aleke mawɔ nui ne ame aɖe na mese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o?’

  • ‘Aleke mase le ɖokuinye me ne amewo bu susu gbegblẽ ɖe ŋunye hafi wova nyam gɔ̃ hã?’

  • ‘Ne ɖe nye hã mele ame hatsotso ma si amewo mebuna ɖe ɖeke me o la domea, aleke madi be amewo nawɔ nu ɖe ŋunye?’