Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta si Alejandra Ŋlɔ

Lɛta si Alejandra Ŋlɔ

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Lɛta si Alejandra Ŋlɔ

LƐTAŊƆŊLƆ̃ nye ɖaseɖiɖi ƒe mɔnu vevi aɖe tso gbaɖegbe ke. Togbɔ be nusi ado tso eme menɔa nyanya ɣeaɖewoɣi o hã la, woyra amesiwo do vevie nu zã mɔnu sia tsɔ ɖi ɖase la etɔxɛe. Woɖoa ŋku Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.”—Nyagblɔla 11:6.

Wonɔ Kansadɔ dam na ɖetugbui Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Alejandra, amesi tsɔ ƒe ewo sɔŋ wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico la. Eƒe dɔa va nyrã nɛ ŋutɔ, si na be wòva gbɔdzɔ ale gbegbe be mete ŋu gawɔa eƒe gbesiagbedɔwo o. Gake esi Alejandra medi be yeagblẽ yeƒe subɔsubɔdɔa ɖi o ta la, eɖoe be yeaŋlɔ lɛtawo. Eŋlɔ nu tso aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃a wɔwɔ femaxee ƒe ɖoɖoa ŋu heŋlɔ dada ƒe telefon xexlẽdzesi ɖe eme. Emegbe etsɔ lɛtawo na dada be wòagble ɖe amesiwo mate ŋu tu le aƒeme o, ne ele tso aƒeme yi aƒeme ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, la ƒe aƒewo me.

Ɣeyiɣi siawo me kee Diojany, si nye ɖetugbi si tso Guatemala, hã yi ɖa zu gbɔvi na ame aɖe le Cancún, Mexico. Esi wònɔ afima la, edo go Yehowa Ðasefowo eye Biblia me numedzodzro kpli wo dzɔ dzi nɛ. Emegbe la, amesiwo gbɔ wònɔ la ɖoe be yewoaʋu ayi Mexico City eye wodi be wòayi kpli yewo. Diojany menɔ lɔlɔ̃m be yeayi kpli wo o elabena esusui be yemagado go Ðasefowo akpɔ o.

Amesiwo gbɔ wònɔ la gblɔ nɛ kakaɖedzitɔe be: “Mègatsi dzi o, Ðasefowo le afisiafi. Ne míenya ɖo afima ko la, míadi wo.” Esi wodo ŋugbe ma na Diojany ta la, elɔ̃ azɔ be yeayi kpli wo. Esi woɖo Mexico City ko la, amesiwo gbɔ Diojany nɔ la di Ðasefoawo. Le susu aɖe ta la, womete ŋu ke ɖe wo ŋu o, togbɔ be Ðasefo siwo wu 41,000 kple hame 730 ye nɔ dugã ma me hafi hã.

Eteƒe medidi o, dzi va nɔ ɖeɖem le Diojany ƒo elabena mete ŋu ke ɖe Ðasefoawo ŋu ne woayi Biblia me dzodzroa dzi kpli o. Gbeɖeka la, eƒe aƒenɔa va egbɔ gblɔ bena: “Nukunya kae nye esi! Wò Mawua se wò gbedodoɖawo.” Etsɔ lɛta aɖe nɛ hegblɔ bena: “Ðasefoawo gblẽ lɛta sia ɖi na wò.” Lɛta sia tso Alejandra gbɔ.

Diojany va ke ɖe Alejandra dada kple nɔvianyɔnu, Blanca, ŋu emegbe, eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le kwasiɖa aɖewo megbe la, eya kple Alejandra wodo go eye dzi dzɔ woa kple evea ale gbegbe be yewokpɔ yewo nɔewo. Alejandra de dzi ƒo nɛ be wòayi eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi moveviɖoɖotɔe ale be wòate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me.

Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Alejandra ku le July ƒe 2003 me, eye wògblẽ xɔse kple dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na eƒe haxɔsetɔwo. Le kua teƒe la, ewɔ dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe esi wokpɔ Diojany hese nya siwo wògblɔ be: “Alejandra kple eƒe ƒomea nye kpɔɖeŋu nyui aɖe nam ŋutɔ. Meɖoe kplikpaa be masubɔ Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Aleke gbegbee medi vevie be magakpɔ Alejandra ake le Paradiso si le gbɔna me enye esi!”

Ẽ, lɛta ate ŋu anye nu kpui aɖe ko. Gake ŋusẽ nyui si nɔa anyi ɖaa kae nye esi wòate ŋu akpɔ ɖe ame dzi!