Dzo kpo yi emenuwo dzi

Xɔ Yehowa Ƒe Amehehe Ɣeawokatãɣi

Xɔ Yehowa Ƒe Amehehe Ɣeawokatãɣi

“Megagbe Yehowa ƒe amehehe o.”—LODODOWO 3:11.

1. Nukatae wòle be míaxɔ Mawu ƒe amehehe ɖo?

BLEMA Israel Fia Salomo ɖe susu nyui si tae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe naxɔ amehehe ɖo la me. Egblɔ be: “Vinye, megagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o! Elabena amesi Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.” (Lododowo 3:11, 12) Ẽ, esi Fofowò si le dziƒo la lɔ̃ wò tae wòhea wò ɖo.

2. Alekee woɖe “amehehe” gɔme, eye mɔ vovovo kawo nue ame ate ŋu axɔ amehehe le?

2 “Amehehe” enye tohehe na ame, ame ɖɔɖɔ ɖo, nuxɔxlɔ̃ ame, kple nufiafia ame. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” (Hebritɔwo 12:11) Mawu ƒe amehehe xɔxɔ kple agbenɔnɔ ɖe enu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe dzɔdzɔe, si ate wò ɖe Mawu kɔkɔetɔ, Yehowa, ŋu kplikplikpli. (Psalmo 99:5) Àte ŋu axɔ ɖɔɖɔɖo tso hati Kristotɔ aɖe gbɔ loo, to nusiwo míesrɔ̃na le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me dzi loo, alo to Mawu ƒe Nya la kple “xɔnuvi nuteƒewɔla” ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ le ɖokuiwò si me. (Luka 12:42-44) Eyata aleke gbegbe wòle be nàda akpee nye esi ne wohe wò susu yi nane si ŋu wòle be nàtrɔ asi le la dzii! Gake tohehe kae ahiã ne ame wɔ nuvɔ̃ gã?

Nusita Woɖea Ame Aɖewo le Hamea Me

3. Ɣekaɣie woɖea ame le hamea me?

3 Mawusubɔlawo srɔ̃a Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Wodzroa Yehowa ƒe nudidiwo me le woƒe kpekpewo kple takpekpewo me. Eyata Kristotɔwo ate ŋu anya nusiwo Yehowa di tso wo si la nyuie. Ne hamea me tɔ aɖe ɖoe koŋ le nuvɔ̃ gã wɔm dzimematrɔmatrɔe ko hafi woɖenɛ le hamea me.

4, 5. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu si ku ɖe ameɖeɖe le hamea me ŋu kae dze le memamaa me, eye nukatae woxlɔ̃ nu hamea be woagbugbɔ amea axɔ ɖo?

4 Na míakpɔ Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe ameɖeɖe le hamea me ŋu la ɖa. ‘Ahasiwɔwɔ si tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o, be ame aɖe naxɔ fofoa srɔ̃,’ lae nye nusi ame aɖe si nɔ Korinto-hamea me la wɔ. Eyata Paulo xlɔ̃ nu Korintotɔwo be woatsɔ “ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.” (Korintotɔwo I, 5:1-5) Ne woɖe nuvɔ̃wɔla le hamea me la, wodenɛ asi na Satana le gɔmesesea nu be egazua Abosam ƒe xexea me tɔ. (Yohanes I, 5:19) Eɖeɖe le hamea me nyea ŋutilã ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ aɖe ɖeɖe ɖa le hamea me eye wòkpɔa hamea ƒe “gbɔgbɔ,” alo eƒe nɔnɔme nyuiwo, ta.—Timoteo II, 4:22; Korintotɔwo I, 5:11-13.

5 Gake eteƒe medidi nenema gbegbe hafi Paulo gaxlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be woagbugbɔ nugbegblẽwɔlaa axɔ ɖe hamea me o. Nukatae? Apostoloa ɖo eŋu be: ‘Bena Satana nagaba wo o.’ Ðikeke mele me o be nuvɔ̃wɔlaa trɔ dzime heɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo. (Korintotɔwo II, 2:8-11) Ne Korintotɔawo megbugbɔ dzimetrɔlaa xɔ o la, Satana aba wo le susua nu be woazu tagbɔsesẽtɔ siwo metsɔa nuvɔ̃ kena o, abe alesi Abosam di be woanɔ ene. Eyata le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘wotsɔ dzimetrɔla la ƒe nuvɔ̃a kee, eye wofa akɔ nɛ.’—Korintotɔwo II, 2:5-7.

6. Vi kawoe ameɖeɖe le hamea me ate ŋu aɖe?

6 Ke vi kawoe ameɖeɖe le hamea me ɖena? Ewɔnɛ be amewo megblɔa busunyawo ɖe Yehowa ŋu o, eye wònana ŋkɔ nyui gakpɔtɔ nɔa esubɔlawo ŋu. (Petro I, 1:14-16) Nuvɔ̃wɔla matrɔdzime ɖeɖe le hamea me ɖea Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ ƒe vevienyenye fiana eye wònana hamea hã nɔa dzadzɛ le gbɔgbɔ me. Ate ŋu ana be nugbegblẽwɔlaa gɔ̃ hã nase eɖokui gɔme.

Nukatae apostolo Paulo xlɔ̃ nu Korintotɔwo be woagbugbɔ amesi woɖe le hamea me la axɔ ɖo?

Dzimetɔtrɔ Le Vevie

7. Nukae tu Dawid esime mekpɔ ʋu eƒe nuvɔ̃wo me o?

7 Womeɖea amesiwo wɔ nuvɔ̃ gã evɔ woɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia la ɖa le hamea me o. Gake le nyateƒe me la, dzimetɔtrɔ vavãtɔ ɖeɖefia menya wɔna bɔbɔe o. Bu Israel Fia Dawid, amesi kpa ha si le Psalmo 32 lia me la, ŋu kpɔ. Ha ma ɖee fia be Dawid mete ŋu ʋu eƒe nuvɔ̃, ɖewohĩ esi wòwɔ kple Bat-Seba la, me enumake o. Esia wɔe be dzodzodzoetsitsi ɖe eƒe nuvɔ̃awo ta xɔ ŋusẽ le eyama si wòtsi belibeli, abe alesi dzomeŋɔli ƒe ŋdɔ si ʋuna gbagbagbã la noa tsi le atiwo me woyrɔnae ene. Dawid de vovo ge le eƒe ŋutilã kple susu me do kpoe, gake esi wònya dze agbagba ‘ʋu eƒe dzidadawo me na Yehowa ko la, wotsɔ eƒe nuvɔ̃ ƒe vodadawo kee.’ (Psalmo 32:3-5) Emegbe Dawid dzi ha be: “Woayra amesi Yehowa mebu vodada na o.” (Psalmo 32:1, 2) Aleke gbegbee dzi dzɔe enye esi be Mawu kpɔ nublanui nɛ!

8, 9. Alekee ame aɖee afia be yetrɔ dzime, eye alekee esia le vevie hafi woagbugbɔ amesi woɖe le hamea me la axɔ?

8 Eyata eme kɔ ƒã be ele be nuvɔ̃wɔla natrɔ dzime hafi woakpɔ nublanui nɛ. Ke hã, menye ŋukpe si alé amea le eƒe nu gbegblẽa ɖeɖegblɔ me alo vɔvɔ̃ si aɖoe lae nye dzimetɔtrɔ o. “Dzimetɔtrɔ” fia be nu gbegblẽ si amea wɔ la te ɖe eyama dzi vevie be “wòtrɔ susu” be yemagawɔe ake o. “Dzi gbagbã, si tugu la” ye nɔa dzimetrɔla si, eye wòdina vevie be ne yeate ŋui la, yeatrɔ nu gbegblẽ si yewɔ la wòazu nu nyui.—Psalmo 51:19; Korintotɔwo II, 7:11.

9 Ele vevie ŋutɔ be ame natrɔ dzime hafi woagate ŋu axɔe ɖe Kristo-hamea me. Menye be ne ɣeyiɣi aɖe va yi ko la, ekema woagbugbɔ amesi woɖe le hamea me la axɔ o. Hafi woagate ŋu agbugbɔe axɔ la, ele be wòatrɔ eƒe dzi ƒe nɔnɔme kura. Ele be wòakpɔe be nu gbegblẽ gã aɖee wònye yewɔ eye be ehe vlodoame va Yehowa kple hamea dzi. Ele be nuvɔ̃wɔlaa natrɔ dzime, ado gbe ɖa vevie be woatsɔe ake ye, eye wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔewo. Ele be dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔmewo nanɔ dzedzem le eŋu eye wòanɔ “dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ” la wɔm hafi abia be woagbugbɔ ye axɔ.—Dɔwɔwɔwo 26:20.

Nukatae Wòle be Nàɖe Nu Gbegblẽ Agblɔ?

10, 11. Nukatae mele be míadze agbagba be míaɣla míaƒe nuvɔ̃ o?

10 Nuvɔ̃wɔla aɖe asusui be: ‘Ne meɖe nye nuvɔ̃a gblɔ na ame aɖe la, woava nɔ nya gbogbo siwo ŋu nyemate ŋu aɖo o la biamem, eye woava ɖem le hamea me. Gake ne memia nu ɖe edzi la, esiawo katã madzɔ o, eye hamea me tɔ aɖeke manya akpɔ o.’ Amesiwo susunɛ alea la ŋlɔa nu vevi aɖewo be. Woawoe nye nukawo?

11 Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena.” Ke hã, ehea to na esubɔlawo “ɖe ɖoɖo nu,” alesi sɔ. (Mose II, 34:6, 7; Yeremya 30:11) Ne èwɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, ɖe Mawu akpɔ nublanui na wò ne èdze agbagba ɣlaea? Yehowa ya nyae xoxo, eye meŋea aɖaba ƒua nu gbegblẽ wɔwɔ dzi nenema ko o.—Lododowo 15:3; Xabakuk 1:13.

12, 13. Nukae ate ŋu ado tso agbagbadzedze be woaɣla nu gbegblẽ wɔwɔ me?

12 Ne èwɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, eme ʋuʋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzitsinya nyui nagasu asiwò. (Timoteo I, 1:18-20) Gake eme maʋumaʋu ate ŋu agblẽ wò dzitsinya, si awɔe be nàva nɔ nuvɔ̃ geɖe wɔm. Nyae be menye hawòvi alo hamea ko ŋue nèwɔ nuvɔ̃a ɖo o. Mawu ŋue nèwɔe ɖo. Hakpala la dzi ha be: “Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna. Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.”—Psalmo 11:4, 5.

13 Yehowa mayra ame aɖe si wɔ nuvɔ̃ gã aɖe tsɔ ɣla hele agbagba dzem be yeanɔ Kristo-hame dzadzɛa me la o. (Yakobo 4:6) Eyata ne èwɔ nuvɔ̃ hedi be yeawɔ nusi le eteƒe la, ekema mègahe megbelele le emeʋuʋu tso dzime faa ŋu kura o. Ne menye nenema o la, wò dzitsinya anɔ fɔ bum wò, vevietɔ ne èxlẽ nane alo se aɖaŋuɖoɖo aɖe ku ɖe ŋkubiãnya mawo ŋu. Ke ne Yehowa aɖe eƒe gbɔgbɔa ɖa le dziwò, abe alesi wòɖee le Saul dzi ene ya ɖe? (Samuel I, 16:14) Ne Mawu ɖe eƒe gbɔgbɔa ɖa le dziwò ko la, àte ŋu ava nɔ nuvɔ̃ siwo galolo wu la wɔm.

Ka Ðe Nɔviwò Wɔnuteƒewo Dzi

14. Nukatae wòle be nugbegblẽwɔla nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Yakobo 5:14, 15 la dzi ɖo?

14 Ekema nukae wòle be nuvɔ̃wɔla si trɔ dzime la nawɔ? “Neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre.” (Yakobo 5:14, 15) Tete ɖe hamemetsitsiwo ŋue nye mɔ siwo dzi ame ato ‘atse ku, si dze dzimetɔtrɔ’ la dometɔ ɖeka. (Mateo 3:8) Nuteƒewɔla lɔ̃ame siawo ‘ado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔa me.’ Woƒe aɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Biblia dzi, siwo le abe ami si naa dzidzeme ame ene la, afa akɔ na amesi trɔ dzime ŋutɔŋutɔ la.—Yeremya 8:22.

15, 16. Aleke Kristotɔ hamemetsitsiwo srɔ̃a kpɔɖeŋu si Mawu ɖo ɖi, si woŋlɔ ɖe Xezekiel 34:15, 16 lae?

15 Kpɔɖeŋu nyui si me lɔlɔ̃ dze le ka gbegbee nye esi míaƒe Alẽkplɔla, Yehowa, ɖo ɖi na mí esime wòɖe Yudatɔwo tso aboyo me le Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me, kpakple esime wòna ablɔɖe gbɔgbɔme Israel tso “Babilon Gã la” si me le ƒe 1919 M.Ŋ. me! (Nyaɖeɖefia 17:3-5; Galatiatɔwo 6:16) Eto esia dzi wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be, “Nye ŋutɔ manyi nye alẽwo, eye mana woatsyɔ akɔ anyi ɖi . . . Madi esiwo bu, eye makplɔ esiwo ka hlẽ la agbɔe, mabla abi na esiwo ŋe ata, eye mado ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ,” la dzi.—Xezekiel 34:15, 16.

16 Yehowa nyi eƒe ame, siwo wòyɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be alẽwo la, hena wotsyɔ akɔ anyi ɖi dziɖeɖitɔe, eye wòdi esiwo bu la. Nenema kee Kristotɔ alẽkplɔlawo hã kpɔa egbɔ be Mawu ƒe alẽha la ɖu nu nyuie hele dedie. Hamemetsitsiwo yina ɖadia alẽ siwo tra mɔ dzo le hamea me la. Abe alesi ko Mawu ‘bla abi na esiwo ŋe ata’ ene la, dzikpɔlawo “blana abi” na alẽ siwo ŋu ame aɖe ƒe nuƒoƒo, alo woa ŋutɔwo ƒe nuwɔna de abii la. Eye abe alesi Mawu ‘do ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ’ ene la, nenema kee hamemetsitsiwo kpena ɖe amesiwo ƒe lãme gblẽ le gbɔgbɔ me, ɖewohĩ le woa ŋutɔwo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ ta la ŋui.

Alesi Alẽkplɔlawo Naa Kpekpeɖeŋui

17. Nukatae mele be míahe megbelele kura le gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu didi tso hamemetsitsiwo gbɔ ŋu o?

17 Hamemetsitsiwo wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi dzidzɔtɔe be: “Mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui.” (Yuda 23) Kristotɔ aɖewo wɔ nuvɔ̃ gã to gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽ nɔnɔ me. Gake ne wotrɔ dzime vavã la, woate ŋu akpɔ mɔ be hamemetsitsi lɔ̃ame siwo di vevie be yewoana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu yewo la awɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie. Paulo gblɔ tso eɖokui kple alẽkplɔla siawo ŋu be: “Menye bena, míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ.” (Korintotɔwo II, 1:24) Eyata megahe megbelele kura le gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu didi tso wo gbɔ ŋu o.

18. Alekee hamemetsitsiwo wɔa nu ɖe haxɔsetɔ si wɔ nu gbegblẽ la ŋui?

18 Ne èwɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, nukatae nàte ŋu aka ɖe hamemetsitsiwo dzi ɖo? Elabena Mawu ƒe alẽha la ƒe alẽkplɔlawo koŋue wonye. (Petro I, 5:1-4) Alẽkplɔla lɔ̃ame aɖeke meƒoa eƒe alẽvi aɖe si wɔ nu vevi eɖokui, si yi ɖatsyɔ akɔ anyi kpoo hele xɔxlɔ̃m lélélé la o. Eyata ne hamemetsitsiwo le kpekpeɖeŋu nam haxɔsetɔ aɖe si wɔ nu gbegblẽ la, menye fɔbubu eyama, alo to si ƒomevi woahe nɛ lae nɔa vevi na wo o, ke boŋ nuvɔ̃ si ƒomevi amea wɔ, kple kpekpeɖeŋu si woanae be wòagaɖo gbɔgbɔmelãmesẽ me, ne anya wɔ la, ŋue wotsia dzi ɖo. (Yakobo 5:13-20) Ele be hamemetsitsiwo nadrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me ‘ahakpɔ alẽha la ta tufafatɔe.’ (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Yesaya 32:1, 2) Abe alesi wòle le Kristotɔwo katã gome ene la, ele be hamemetsitsiwo ‘nawɔ nusi le eteƒe, alɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye woabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi ahazɔ le Mawu ŋku me.’ (Mixa 6:8) Nɔnɔme siawo le vevie ŋutɔ ne wole nyametsotso, siwo lɔ ‘alẽ siwo le Yehowa ƒe lãnyiƒe’ la ƒe agbe kple woƒe subɔsubɔ kɔkɔea ɖe eme la, wɔm.—Psalmo 100:3.

Hamemetsitsiwo “blana abi” na Mawu ƒe alẽ siwo xɔ abi la, abe alesi alẽkplɔlawo wɔe le blema ene

19. Nɔnɔme kae hamemetsitsiwo ɖena fiana ne wole agbagba dzem be yewoaɖɔ nu gbegblẽ wɔla aɖe ɖo?

19 Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖoa Kristotɔ alẽkplɔlawo eye wodzea agbagba be yewoana wòafia mɔ yewo. “Ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe” la, amesiawo, siwo tsi le gbɔgbɔ me la dzea agbagba ‘ɖɔa nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ me.’ (Galatiatɔwo 6:1; Dɔwɔwɔwo 20:28) Abe alesi ɖɔkta si bua ame ŋu hea ƒu ŋeŋi ɖoa enu ŋuɖɔɖotɔe bene dɔnɔa nagase veve fũ akpa o ene la, nenema kee hamemetsitsiawo hã ɖɔa nugbegblẽwɔlaa ƒe susu ɖoe le tufafa me, evɔ womablu afɔ na Mawu ƒe nudidiwo hã o. (Kolosetɔwo 3:12) Esi wònye be gbedodoɖa kple Ŋɔŋlɔawo dzie hamemetsitsiwo anɔ te ɖo anya afisi woakpɔ nublanui na amea ase ɖo ta la, woƒe nyametsotsoa aɖe Mawu ƒe nukpɔsusu le nyaa ŋu afia.—Mateo 18:18.

20. Ɣekaɣie wòahiã be woana hamea nanya be woka mo na ame aɖe?

20 Ne nuvɔ̃wɔwɔ aɖe ŋu nya ɖi hoo, alo be nyaa ava ɖi godoo la, asɔ be woaka mo na amea le gaglãgbe bene bubu nagaklo ɖa le hamea ŋu o. Woate ŋu aka mo na amea le gaglãgbe hã ne ehiã be woana nyanya hamea me tɔ susɔeawo. Le ɣeyiɣi si me amesi woka mo na la le hayahayam le gbɔgbɔ me vivivi la, míate ŋu atsɔe asɔ kple ame aɖe si xɔ abi vevie hele hayahayam vivivi. Nenem me sia megate ŋu wɔa nanewo siwo wòwɔna tsã la o. Nenema kee wòanyo wu be ɖewohĩ woana nuvɔ̃wɔla si ɖe dzimetɔtrɔ fia la nadzudzɔ nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me hena ɣeyiɣi aɖe. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be ame aɖe nanɔ Biblia srɔ̃m kplii bene wòado ŋusẽe le nusi me wògbɔdzɔ le la me, ale be ‘wòagaɖo lãmesẽ me le xɔse me.’ (Tito 2:2) Wowɔa esiawo katã le lɔlɔ̃ me, eye menye kple susu be woatsɔ ahe to na nugbegblẽwɔlaa o.

21. Alekee woakpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ aɖewo gbɔe?

21 Hamemetsitsiwo ate ŋu ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nɔvi aɖe si mua aha tsã la ganoe mu zi eve aɖewo le eƒeme. Alo ɖewohĩ gbɔdzɔgbɔdzɔ vi aɖe wɔe be ame aɖe si dzudzɔ atama nono la gava noe zi eve aɖewo le adzame. Togbɔ be ado gbe ɖa ahaxɔe se be Mawu tsɔe ke ye hã la, ele be wòaɖagblɔe na hamemetsitsi aɖe ale be woakpe ɖe eŋu be nuvɔ̃ ma wɔwɔ nagava zu numame nɛ o. Hamemetsitsi ɖeka alo eve ate ŋu akpe ɖe eŋu. Ke hã, ele be hamemetsitsi si(wo) na kpekpeɖeŋui la nana dzikpɔla zimenɔla nanya, elabena ɖewohĩ nu bubu aɖewo hã li, siwo ŋu wòle be woalé ŋku ɖo.

Yi Edzi Nànɔ Mawu ƒe Amehehe Xɔm

22, 23. Nukatae wòle be nàyi edzi anɔ Mawu ƒe amehehe xɔm ɖo?

22 Bene Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔ ɖesiaɖe ŋu la, ele be wòalɔ̃ faa axɔ Yehowa ƒe amehehe. (Timoteo I, 5:20) Eyata wɔ ɖɔɖɔɖo ɖesiaɖe si Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ na nèva kpɔ be ehiã be yeawɔ la, eye nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo wonana le Yehowa subɔlawo ƒe kpekpewo kple takpekpewo me la dzi. Nɔ ŋudzɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu ɣesiaɣi. Ekema Mawu ƒe amehehe atɔ gbɔgbɔ me glikpɔ sesẽ aɖe ɖe ŋuwò be nàgawɔ nuvɔ̃ gã o.

23 Mawu ƒe amehehe xɔxɔ akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ eƒe lɔlɔ̃ la me. Nyateƒee, woɖe ame aɖewo le Kristo-hamea me ya, gake ne ‘èdzɔ wò dzi ŋu’ eye ‘nèzɔ abe nunyala ene’ la, ema madzɔ ɖe wò ya dziwò o. (Lododowo 4:23; Efesotɔwo 5:15) Ke ne ènye amesi woɖe le hamea me xoxo la, ɖe manyo be nàwɔ afɔɖeɖe siwo hiã la bene woagbugbɔ wò axɔ oa? Mawu di be amesiwo katã ɖe adzɔgbe na ye la nasubɔ ye “faa tso dzi me,” nuteƒewɔwɔtɔe. (Mose V, 28:47) Ẽ, àte ŋu awɔ esia ɖaa ne èxɔa Yehowa ƒe amehehe ɣeawokatãɣi.