Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Aleke ŋutsu aɖe si te gbekui (marijuana) kple atama nono tso eƒe sɔhɛ me la te ŋu wɔ va dzudzɔ numame gbegblẽ mawo? Nu kae ʋã nuvlowɔha sẽŋuta aɖe me nɔla aɖe wòte ŋu va ɖu eƒe dziku kple fuléle ameƒomevi bubuwo dzi? Xlẽ nu tso nya siwo wo dometɔ ɖe sia ɖe gblɔ la ŋu nàkpɔ.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: HEINRICH MAAR

ƑE SI WÒXƆ: 38

DUKƆ: KAZAKHSTAN

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: GBEKUI KPLE ATAMA NOLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Kazakhstan ƒe anyiehenuto me, le afi si didi tso Tashkent dugã la gbɔ anɔ abe kilometa 120 ene. Yame ƒuna hexɔa dzo le nutoa me; dzoxɔxɔa tea ŋu ɖoa Celsius 45 le dzomeŋɔliwo, eye wòfana miamiamia ɖoa Celsius −10 le vuvɔŋɔliwo—si sɔ nyuie na waingble kple gbekuigble dede.

Dzinyelawo nye Germany vidzidziwo. Wo ame evea wonye Evangelikatɔwo, gake womedea sɔleme o. Ke hã, wofiam menya Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa la gbɔgblɔ tso tame. Esime mexɔ ƒe 14 la, Yehowa Ðasefowo va srɔ̃a Biblia kple danye kple nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ. Gbe ɖeka, mewɔ ɖeka kpli wo esime Ðasefo si srɔ̃a Biblia kple danye la fiae Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le eya ŋutɔ ƒe Biblia si do xoxo ŋutɔ la me. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Dada va dzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃, si wɔe be nye ɖetsɔtsɔ le gbɔgbɔmenuwo me tsi akpo dzi. Ke hã, eva dzɔ le suku ɣeaɖeɣi be míaƒe nufiala gblɔ alakpanya vovovo siwo amewo nɔa gbɔgblɔm ɖe Yehowa Ðasefowo, siwo wobuna kɔmamãe, ŋu la na mí. Esi wònye be mía kple nɔvinyenyɔnu míede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖewo kpɔ ta la, megblɔ na míaƒe nufiala la be nya mawo menye nyateƒe o.

Esi mexɔ ƒe 15 la, woɖom ɖe Leningrad, si woyɔna fifia be St. Petersburg, le Russia, be maɖasrɔ̃ dɔ. Meɖoa dze tso nu ʋɛ siwo mesrɔ̃ tso Yehowa ŋu la ŋu na ame si mía kplii míenɔ xɔ me. Ke hã, meva te gbekui kple atama nono. Ne meɖi tsa yi aƒe le Kazakhstan la, enɔa bɔbɔe be maƒle gbekui, togbɔ be esia nye sedzidada hã. Menoa aha sesẽ hã ale gbegbe.

Esi mewu sukua nu la, menɔ Soviet srafoha la me hena ƒe eve. Ke hã, megaɖoa ŋku nu vevi siwo mesrɔ̃ tso Biblia me le nye sɔhɛmenɔɣi la dzi. Ne mɔnukpɔkpɔa nya ʋu ɖi ko la, meɖoa dze tso Yehowa ŋu na nye hati asrafowo, eye meʋlia Ðasefowo ta ne wole alakpanyawo gblɔm tso wo ŋu.

Esi mewu asrafodɔa nu la, meʋu yi Germany. Esi menɔ ame siwo ʋu va dukɔa me yeyee ƒe asaɖa me la, Ðasefowo va nam woƒe Biblia srɔ̃gbalẽ aɖe. Mexlẽe kple dzidzɔ, eye mekpɔe be emenyawo nye nyateƒe. Ke hã, esesẽ nam ŋutɔ be madzudzɔ gbekui kple atamaa nono. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva ʋu yi ɖanɔ Karlsruhe dua gbɔ lɔƒo. Medo go Yehowa Ðasefo aɖe le afi ma, eye wòte Biblia sɔsrɔ̃ kplim.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Mebunɛ xoxoxo be Mawu ƒe Nyae Biblia nye. Eye esi mexlẽ Biblia srɔ̃gbalẽ si wotsɔ nam la, mekpɔ kakaɖedzi be Biblia ɖo agbemebiabia ɖe sia ɖe ŋu. Ke hã, exɔ ɣeyiɣi hafi mete ŋu va ɖe asi le nye numame gbegblẽawo ŋu. Ʋɛʋɛʋɛ la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le 2 Korintotɔwo 7:1 la va de dzi gbɔ nam eye meɖoe be makɔ ɖokuinye ŋu tso “ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me,” si fia be, madzudzɔ gbekui kple atamaa nono.

Mete ŋu dzudzɔ gbekuia nono enumake. Gake exɔ ɣleti ade sɔŋ hafi mete ŋu va dzudzɔ atamaa ya nono. Gbe ɖeka la, Ðasefo si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la biam be, “Tameɖoɖo kae le wò agbe ŋu?” Esia na mebu tame tso nye atamanono ƒe numamea ŋu vevie. Medze agbagba zi geɖe be madzudzɔ enono do kpoe. Gake fifia, meva ɖoe be ɣesiaɣi si enono gadzrom la, mado gbe ɖa na Mawu gbã tsɔ wu be manoe vɔ hafi ava nɔ tsɔtsɔke biam. Le ƒe 1993 me la, meɖo ŋkeke si dzi madzudzɔ atamanono keŋkeŋ la na ɖokuinye. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nyemegaka asi sigaret ŋu kpɔ o.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Fifia si medzudzɔ gbekui kple atama, siwo gblẽa ga geɖe nam eye wogblẽa nu le ŋunye, nono la, meva le lãmesẽ nyui me azɔ. Egbea la, mɔnukpɔkpɔ va su asinye mele lɔlɔ̃nu faa dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Germany. Dzi le dzɔyem ŋutɔ be mesrɔ̃ ale si manɔ agbe ɖe nunya si le Biblia me la nu! Biblia ƒe nufiafiawo gɔme sese na tameɖoɖo va le nye agbe ŋu.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: TITUS SHANGADI

ƑE SI WÒXƆ: 43

DUKƆ: NAMIBIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: NUVLOWƆHA SẼŊUTA AÐE ME NƆLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Ohangwena nuto si le Namibia ƒe dziehe la ƒe kɔƒe aɖe mee menɔ tsi. Le aʋa si dzɔ le nuto ma me le ƒe 1980-awo me la, wòƒo míaƒe kɔƒea me tɔwo vevie hewu wo dometɔ aɖewo. Le míaƒe kɔƒea me la, ne ŋutsuvi aɖe tea ŋu daa kɔ heƒoa ŋutsuvi bubuwo ko hafi wobunae be enye ŋutsu. Eya ta mesrɔ̃ kɔdada.

Esi mewu suku nu la, meyi ɖanɔ nyruinye gbɔ le ƒutadu si nye Swakopmund la me. Eteƒe medidi o, mege ɖe ŋutsuvi gbevuvi sẽŋutawo ƒe ha aɖe me. Míeyia dua ƒe teƒe siwo womeɖea mɔ na ameyibɔwo be woayi o, abe amedzrodzeƒe kple ahadzraƒe aɖewo ene, kple susu be míaɖadi ge ahada kɔ ko. Míeda kɔ kple dzɔlawo kpakple kpovitɔwo zi geɖe. Zã sia zã la, yi ɖaɖɛ gã aɖe nɔa ŋunye bene mate ŋu anɔ klalo atu nu kple ame sia ame si adi be yeawɔ avu kplim.

Le zã aɖe me, esi míenɔ kɔ dam kple gbevuvi bubuwo la, esusɔ vie wowum. Gbevuvi mawo dometɔ ɖeka tso nye megbe gbɔna ta tso ge le nunye, gake míaƒe gbevuhaa me nɔla ɖeka ƒoe ƒu anyi wòyi ɖi me. Togbɔ be ku ʋẽ ɖem alea hã la, meyi edzi lé ŋutasẽnuwɔwɔ me ɖe asi kokoko. Ne nyahehe ɖo mía kple ame aɖe dome, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, nyee nyea ame si daa kɔ gbãtɔa.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi medo go Yehowa Ðasefo aɖe zi gbãtɔ la, exlẽ Psalmo 37 me nya aɖewo nam, eye wògblɔ nam be etsɔmeŋugbedodo wɔnuku bubuwo hã le Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Gake esi wònye be megblɔ afi si tututu ŋugbedodo mawo le le agbalẽa me o ta la, medi Biblia aɖe hexlẽ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ bliboa katã zã ma me. Ŋugbedodo si mexlẽ le Nyaɖeɖefia 21:3, 4 be, “ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o” la de dzi gbɔ nam ŋutɔ. Esi Ðasefoawo trɔ va la, melɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim.

Esesẽ nam ŋutɔ be matrɔ asi le nye nuŋububu kple ale si mewɔa nui ŋu. Ke hã, meva srɔ̃e le Dɔwɔwɔwo 10:34, 35 be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” Medzea agbagba wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 12:18 be “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me” la hã dzi.

Tsɔ kpe ɖe nye agbagbadzedze be maɖu dzikudodo dzi ŋu la, enɔ nam hã be maɖe asi le atamanono ƒe numame si ƒo ke ɖe to le menye la ŋu. Zi geɖe la, metsɔa aɖatsi blobloblo doa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Gake gbã la, nyemewɔa nuwo le mɔ nyuitɔ nu kura o; megblɔna be sigaret “mamlɛtɔe” nye esia nom mele, emegbe medoa gbe ɖa. Ðasefo si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la va kpe ɖe ŋunye mekpɔ vevienyenye si le gbedodoɖa do ŋgɔ, ɣesiaɣi si sigaretnono gadzrom, ŋu la dze sii. Ehiã hã be madzudzɔ hadede kple ame siwo noa sigaret. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye be maƒo nu tso ale si atamanono menyo o la ŋu na nye dɔwɔhatiwo la dzi. Mɔnu sia kpe ɖe ŋunye ale gbegbe, elabena nye dɔwɔhatiwo megananam sigaret be mano o.

Mlɔeba la, mete ŋu va dzudzɔ sigaretnono kura, eye metrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ. Le nusɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu hena ɣleti ade megbe la, meva dze hexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Esi meva kpɔ ale si Yehowa Ðasefowo lɔ̃a wo nɔewoe, eɖanye ŋutigbalẽ ka kee le wo ŋu o la, mekpɔ kakaɖedzi be woƒe subɔsubɔha lae nye vavãtɔ. Hafi mava xɔ nyɔnyrɔ azu Ðasefo gɔ̃ hã la, hamea me tɔ aɖe si nye yevu la kpem meyi ɖaɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Ðeko wònɔ abe drɔ̃e kum menɔ ene. Nye kple yevu aɖeke míenɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me kpɔ ʋuu keke mava yi nu ɖu ge kplii o. Fifia la, mele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ me.

Do ŋgɔ la, dzɔlawo kple kpovitɔwo dze agbagba be yewoazi dzinye matrɔ nye nuŋububu kple agbenɔnɔ, gake womete ŋui o. Biblia koe te ŋu kpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ, eye wòna mezu dzidzɔme.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Zi geɖe la, metsɔa aɖatsi blobloblo doa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye”