Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Teƒe Aɖe Li Koŋ Si Nye Mawu Nɔƒea?

Ðe Teƒe Aɖe Li Koŋ Si Nye Mawu Nɔƒea?

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Teƒe Aɖe Li Koŋ Si Nye Mawu Nɔƒea?

▪ Subɔsubɔha vovovowo gblɔna tso Mawu ŋu be ele afi sia afi ɣeawokatãɣi. Le kpɔɖeŋu me, numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ be Mawu nye “ame si le afi sia afi, eye eyae nye nu sia nu dzɔtsoƒe.” Nenema kee John Wesley, ame si ɖo Metodist haa anyi la ŋlɔ mawunya aɖe si ƒe tanyae nye “Ku Ðe Mawu Ƒe Afi Sia Afi Nɔnɔ Ŋu” si me wògblɔ le be “teƒe aɖeke meli, eɖanye le xexe si Mawu wɔ loo alo bubu aɖe mee o, si Mawu mele o.”

Nu kae nye Biblia ƒe nufiafia? Ðe Mawu le afi sia afi, si fia be ele dziƒo kple anyigba ƒe afi sia afi, kpakple amegbetɔwo gɔ̃ hã me le ɣeyiɣi ma ke mea?

Nyateƒeae nye be Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be teƒe aɖe li koŋ si nye enɔƒe—eyae nye dziƒo. Le Biblia me la, Fia Salomo do gbe aɖe ɖa si me wòƒo koko na Mawu le gblɔ bena: “Nasee le nɔwòƒe le dziƒo.” (1 Fiawo 8:43) Esi Yesu Kristo nɔ eƒe nusrɔ̃lawo fiam ale si woado gbe ɖa la, egblɔ na wo be woado gbe ɖa na “Mía Fofo si le dziƒowo.” (Mateo 6:9) Biblia gblɔ be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre megbe la, “dziƒo ŋutɔŋutɔ wòge ɖo, bene wòado ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume.”—Hebritɔwo 9:24.

Mawunyakpukpui siawo na eme kɔ ƒãa be menye afi sia afie Yehowa Mawu le o, ke boŋ dziƒo koe nye enɔƒe. Ke hã, “dziƒowo” si ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui mawo me la mefia dziƒolili si ƒo xlã míaƒe anyigba alo xexe gbahoo la o. Xexe gbahoo si míekpɔna la melolo na xexea Wɔla o. (1 Fiawo 8:27) Biblia gblɔ na mí be “Mawu nye Gbɔgbɔ.” (Yohanes 4:24) Gbɔgbɔmenuto si nye dziƒo ye wòle, eye nuto ma le vovo kura na xexe gbahoo si míekpɔna.—1 Korintotɔwo 15:44.

Ke aleke míase Biblia me nya siwo nana wòdzena abe ɖe Mawu le afi sia afi ene la gɔme? Le kpɔɖeŋu me, le Psalmo 139:7-10 la, David gblɔ le Mawu ŋu be: “Afi ka madzo le wò gbɔgbɔ la gbɔ ayi, eye afi ka masi atso wò ŋku me ayi? Ne melia yi dziƒo la, èle afi ma, eye ne metsɔ tsiẽƒe wɔ mlɔnyeƒee la, èle gama; ne metsɔ agudzedze ƒe aʋalawo dzoe, eye meɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu la, kpɔ ɖa, wò asi aɖakplɔm tso gama hã.” Ðe mawunyakpukpui siawo fia be Mawu le teƒe vovovo siwo katã woyɔ la?

De dzesii be gbã la, David bia be: “Afi ka madzo le wò gbɔgbɔ la gbɔ ayi?” * Mawu ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ la dzi akpɔ nu sia nu ahana eƒe didi nava eme le afi sia afi si wòdi, le esime eya ŋutɔ mayi afi ma alo anɔ afi ma o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu srɔ̃ nu tso ke si le ɣletinyigba Mars dzi la ŋu, evɔ ɣletinyigba sia didi tso Anyigba gbɔ kilometa miliɔn geɖe. Aleke wowɔe? Woawo ŋutɔwo meyi afi ma ɖasrɔ̃ nu tso eŋu o, ke boŋ woɖo mɔ̃wo ɖe Mars dzi, eye mɔ̃awo ɖo fotowo kple nyatakakawo ɖe wo le Anyigba dzi.

Nenema kee mehiã be Yehowa Mawu nanɔ afi sia afi hafi ate ŋu anya nu si le edzi yim le xexea ƒe akpa sia akpa o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla le Mawu ŋkume o.” (Hebritɔwo 4:13) Ɛ̃, Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ triakɔ, alo eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, ate ŋu awɔ dɔ le afi sia afi. Eye esia wɔnɛ be etea ŋu nɔa teƒe ɖeka, si nye eƒe “nɔƒe kɔkɔe” la le dziƒowo ahakpɔ nu sia nu, eye wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme.—5 Mose 26:15.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “gbɔgbɔ” lae nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, si nye ŋusẽ si wòzãna tsɔ naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]

IAC/RGO/David Malin Images