Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia—Nyateƒetsoƒe Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Biblia—Nyateƒetsoƒe Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Tso blema ke la, ame geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me la bua Biblia be enye nyateƒetsoƒe si ŋu kakaɖedzi le. Egbea, ame miliɔn geɖe wɔna ɖe eƒe nufiafiawo dzi. Ke hã, ame aɖewo ya bua Biblia be viɖe megale eŋu o, alo be alakpanyawo koe le eme. Nu kae nèsusu? Ðe nyateƒe aɖe le Biblia mea?

NU SI TA NÀTE ŊU AKA ÐE BIBLIA DZI

Aleke nàwɔ anya ne àte ŋu aka ɖe Biblia dzi? Le kpɔɖeŋu me: Ne xɔ̃wò aɖe toa nyateƒe na wò ɣesiaɣi hena ƒe geɖe la, àka ɖe edzi godoo. Abe xɔlɔ̃ ma si dzi nàte ŋu aka ɖo ene la, ɖe Biblia hã toa nyateƒe ɣesiaɣia? Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Eŋlɔlawo To Nyateƒe

Biblia ŋlɔlawo to nyateƒe, eye woŋlɔ nu tso woawo ŋutɔwo ƒe vodadawo kple nu siwo me wodo kpo nu le la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Yona ŋlɔ nu tso eya ŋutɔ ƒe tomaɖomaɖo ŋu. (Yona 1:1-3) Le nyateƒe me la, esi wònɔ Biblia-gbalẽ si wòŋlɔ la ta ƒom la, egblɔ ale si Mawu he to nɛ, gake meƒo nu tso tɔtrɔ siwo wòwɔ la ya ŋu o. (Yona 4:1, 4, 10, 11) Ale si Biblia ŋlɔlawo katã to nyateƒee la ɖe ale si wodi vevie be nyateƒea nadze la fia.

Nyateƒenya Siwo Ðea Vi

Ðe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣia? Ɛ̃, woɖea vi. Le kpɔɖeŋu me, se nya siwo Biblia gblɔ siwo ana mí kple amewo dome nanɔ nyuie la ɖa: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Ɛ̃, nyateƒenya siwo le Biblia me la gaɖea vi egbea abe ale si wonɔ le wo ŋlɔɣi ene.

Ŋutinya Siwo Le Eme Nye Nyateƒe

Le ƒe siwo va yi me la, nu siwo ŋu tomenukulawo va ke ɖo la ɖo kpe edzi be amewo kple teƒe vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ anyi kpɔ, eye esia na míekpɔe be nu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la de pɛpɛpɛ. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu sue ɖeka ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be le Nehemiya ƒe ɣeyiɣia me la, Tirotɔ (siwo nye Foiniketɔ siwo tso Tiro) siwo nɔ Yerusalem la, “tsɔa tɔmelã kple adzɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi” vanɛ.—Nehemiya 13:16.

Ðe nane li si ɖo kpe Biblia ƒe nya sia dzia? Ɛ̃, ɖe li. Tomenukulawo va ke ɖe Foiniketɔwo ƒe adzɔnuwo ŋu le Israel si ɖo kpe edzi be blemadukɔ eve siawo tsa asi kple wo nɔewo. Azɔ hã, tomenukulawo va ke ɖe Mediterranea tɔwo ƒe tɔmelãƒu xoxo aɖewo ŋu le Yerusalem. Tomenukulawo xɔe se be asitsalawoe tsɔ tɔmelã siawo tso didiƒe vɛ. Esi agbalẽnyalagã aɖe lé ŋku ɖe kpeɖodzia ŋu vɔ la, eƒo nya ta be: “Nya si wogblɔ le Nehemiya 13:16 be, Tirotɔwo va dzraa tɔmelãwo le Yerusalem la nye nyateƒe blibo.”

Ede Le Dzɔdzɔmeŋutinunya Gome

Subɔsubɔnyawo kple ŋutinyawo koŋ ŋue Biblia ƒo nu tsoe. Gake ne eƒo nu tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la, edena pɛpɛpɛ. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka ɖa.

Anɔ abe ƒe 3,500 aɖewo va yi la, Biblia gblɔ be womeku anyigba la “ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Esia to vovo sãa na nyakpakpa siwo amewo gblɔna be anyigba le tsi dzi alo be ele klo gã aɖe ƒe dzime. Ƒe 1,100 le Hiob ƒe agbalẽa ŋɔŋlɔ vɔ megbe gɔ̃ hã la, amewo mexɔe se be anyigba le yame o, ke boŋ wogaxɔe se be ele nane dzi kokoko. Nyitsɔ laa, le ƒe alafa etɔ̃ siwo va yi me le ƒe 1687 me ye Isaac Newton ƒe numekuku ɖo kpe edzi be nuheŋusẽ si ŋku mekpɔna o ye lé anyigba sia si le xlã ƒom ɖe te le yame. Nu ɖedzesi sia si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖo la ɖo kpe nya si Biblia gblɔ ƒe 3,000 kple edzivɔ do ŋgɔ la dzi!

Nyagblɔɖi Siwo Le Eme Nye Nyateƒe

Ðe nyagblɔɖi geɖe siwo le Biblia me la de pɛpɛpɛa? Bu eƒe kpɔɖeŋu ɖeka si nye Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Babilon tsɔtsrɔ̃ ŋu la ŋu kpɔ.

Nya Si Wògblɔ Ði: Le ƒe alafa enyilia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Biblia ŋlɔla Yesaya gblɔ ɖi be woatsrɔ̃ Babilon, si ava nye xexe me fiaɖuƒe sẽŋu aɖe la, eye ʋɛʋɛʋɛ la wòazu aƒedo. (Yesaya 13:17-20) Yesaya yɔ Kores, ame si awɔ dɔ sia ŋkɔ gɔ̃ hã do ŋgɔ. Azɔ hã eƒo nu tso mɔnu si Kores azã la ŋu be, tɔsisiwo ‘amie.’ Eye wògblɔ kpee be woagblẽ dua ƒe agbowo ɖi woanɔ ʋuʋu.—Yesaya 44:27–45:1.

Ale Si Wòva Emee: Ƒe 200 le Yesaya ƒe nyagblɔɖia megbe la, Persia-fia aɖe va dze Babilon dzi. Eŋkɔ ɖe? Kores. Esi manɔ bɔbɔe be woadze Babilon dua dzi o ta la, etrɔ ɖe Frat-tɔsisi si sina to dua me la ŋu. Kores ƒe amewo ɖe tsiʋe tsɔ trɔ mɔ na tɔsisia le dzigbe gome. Esia na be tɔsisia mie va se ɖe alime ale be wònɔ bɔbɔe na Kores ƒe aʋawɔlawo be woate ŋu azɔ ato tɔsisi si ƒo xlã dua ƒe gliwo la me. Nukutɔe la, Babilontɔwo gblẽ dua ƒe agbo siwo dze ŋgɔ tɔsisia ɖi! Kores ƒe aʋawɔlawo to Babilon dua ƒe agbo siwo le ʋuʋu ɖi la nu ge ɖe dua me, eye woɖu wo dzi.

Ke hã, nya vevi ɖeka aɖe kpɔtɔ: Ðe Babilon zu aƒedoa? Amewo kpɔtɔ nɔ afi ma hena ƒe alafa aɖewo. Gake egbea, Babilon ƒe glikpo siwo te ɖe Baghdad ŋu le Iraq la ɖo kpe edzi be nyagblɔɖia va eme bliboe. Nyateƒee, ne Biblia ƒo nu tso etsɔme ŋu gɔ̃ hã la, kakaɖedzi nɔa eŋu.