Dzo kpo yi emenuwo dzi

Woɖe Spaingbe Gbegɔmeɖeƒea Yi Spain (Espagne)

Woɖe Spaingbe Gbegɔmeɖeƒea Yi Spain (Espagne)

Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na anyigbadzinɔlawo katã. (Mateo 24:14) Yehowa Ðasefowo dze woƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe Spaingbe me tso keke ƒe 1909 me ke, eye wole kpekpem ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu le xexea me godoo wole Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia sem le wo degbe me. Spaingbee nye anyigbadzigbegbɔgblɔ evelia si dolawo sɔ gbɔ wu, eye gbãtɔe nye Chinagbe. Ame miliɔn alafa atɔ̃ aɖewoe doa Spaingbe le xexea me godoo.

William si nye gbegɔmeɖela le Spaingbe gbegɔmeɖeƒea gblɔ be: “Dukɔwo dome gbee Spaingbe nye, eye wodonɛ le dukɔ geɖe siwo ƒe dekɔnuwo le vovovo la me, míaƒe taɖodzinuae nye be míaɖe agbalẽwo gɔme woade dzi gbɔ na nuxlẽla siwo nye dukɔ vovovo me tɔwo, ame siwo ƒe agbalẽnyanya le vovovo, ame dahewo kple gatɔwo siaa.” Gbegɔmeɖelaawo tso Argentina, Colombia, El Salvador, Guatemala, Mexico, Puerto Rico, United States, Uruguay, Venezuela kple Spain ale be woaɖe agbalẽwo gɔme woade dzi gbɔ na dukɔ mawo katã me tɔwo.

Yehowa Ðasefowo ɖea woƒe agbalẽwo gɔme ɖe Spaingbe me le United States hena ƒe geɖe, eye gbegɔmeɖelawo nye Ðasefo siwo tso Argentina, Mexico kple Spain. Gake le ƒe 1993 me la, woɖe Spaingbe gbegɔmeɖeƒea yi Puerto Rico, si wɔe be gbegɔmeɖelawo katã nɔ teƒe ɖeka nɔ dɔa wɔm.

Le March 2012 me la, woɖoe be woagaɖe Spaingbe Gbegɔmeɖeƒea ayi teƒe bubu, fifia ya woaɖee ayi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Spain. Edward gblɔ be: “Ebia be míaʋu kple míaƒe nunɔamesiwo, dɔwɔnuwo, gake menya ema koe o, ehiã be míaʋu kple dɔwɔnu vevi aɖe hã, eyae nye míaƒe agbalẽdzraɖoƒea.” Agbalẽ 2,500 siwo dome Spaingbe me Biblia alafa geɖewo hã le woe le agbalẽdzraɖoƒea.

Woxɔ wo kple vividoɖeameŋu gã aɖe

Le May 29, 2013 dzi la, Spaingbe gbegɔmeɖelawo va ɖo woƒe aƒe yeyea me, eye Spain Betel-ƒomea me tɔwo xɔ wo kple vividoɖeameŋu gã aɖe. Gbegɔmeɖelawo, dɔwɔnuawo kple agbalẽwo tso Atlantik-ƒua va Spain, gake ɖoɖo nyui si wowɔ ɖe ʋuʋua ŋu wɔe be agbalẽ aɖeke meto ame siwo xlẽa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo le Spaingbe me la ŋu o. Edward gblɔ be: “Fiaɖuƒegbedeasiae nye nu vevitɔ na mí, eye míedi be Spaingbedola gbogbotɔ kekeake naxlẽe.”