Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 46

HADZIDZI 49 Míado Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi

Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Subɔsubɔdɔwɔlawo Ƒe Dɔa Minyama?

Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Subɔsubɔdɔwɔlawo Ƒe Dɔa Minyama?

“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”DƆW. 20:35.

TAÐODZINUA

Nyati sia ade dzi ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo be woayi ŋgɔ adze azu subɔsubɔdɔwɔlawo.

1. Aleke apostolo Paulo bu subɔsubɔdɔwɔlawoe?

 SUBƆSUBƆDƆWƆLAWO wɔa dɔ vevi aɖewo le hamea me. Eya ta mewɔ nuku o be apostolo Paulo de asixɔxɔ ŋutsu wɔnuteƒe siawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Kristotɔ siwo le Filipi la, eyɔ hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo siaa do gbe na wo.—Flp. 1:1.

2. Aleke nɔviŋutsu Luis se le eɖokui me esi mɔnukpɔkpɔ su esi wòzu subɔsubɔdɔwɔla?

2 Edzɔa dzi na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ geɖe, woɖanye sɔhɛwo alo ametsitsiwo o, be yewoanye subɔsubɔdɔwɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu Devan xɔ ƒe 18 esime woɖoe subɔsubɔdɔwɔla. Gake nɔviŋutsu Luis ya xɔ ƒe 50 kple edzivɔwo esi woɖoe subɔsubɔdɔwɔla. Nya si wògblɔ la ɖe ale si subɔsubɔdɔwɔla geɖe sena le wo ɖokui me la fia. Egblɔ be: “Dzidzɔ gã aɖee wònye nam be woɖom subɔsubɔdɔwɔla. Nɔviwo ɖe lɔlɔ̃ geɖe fiam, eye mekpɔe be esia nye mɔnukpɔkpɔ nam be nye hã maɖee fia be melɔ̃ wo.”

3. Biabia kawo mee míadzro?

3 Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènye eye mèkpɔ zu subɔsubɔdɔwɔla haɖe oa, ɖe nàte ŋu aminya dɔ vevi ma? Nu kae aʋã wò nàdi be yeanye subɔsubɔdɔwɔla? Eye Ŋɔŋlɔawo me nudidi kawo gbɔe wòle be nàɖo? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati sia me. Gake gbãa, mina míadzro dɔ vovovo siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna me.

DƆ KAWOE SUBƆSUBƆDƆWƆLAWO WƆNA?

4. Dɔ kawoe subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna? (Kpɔ fotoa hã.)

4 Subɔsubɔdɔwɔlawoe nye nɔviŋutsu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea tia be woakpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woakpɔ dɔ vevi aɖewo gbɔ le hamea me. Subɔsubɔdɔwɔla aɖewo kpɔa egbɔ be anyigbamama si me nɔviwo awɔ dɔ le kple agbalẽ siwo woazã le gbeadzi la su nɔviawo si. Ðewo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖo kple beléle nɛ ŋu. Wo dometɔ aɖewo kpɔa kpekpea valawo ƒe agbɔsɔsɔ kple afi si woanɔ ƒe nyawo gbɔ. Eye ɖewo hã kpɔa nuƒomɔ̃wo kple videoɖemɔ̃wo dzi. Subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe dɔ akpa gãtɔ nye dɔ vevi siwo dzena míekpɔna. Ke hã nu vevitɔe nye be subɔsubɔdɔwɔlawo lɔ̃ Yehowa eye wodzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. Azɔ hã wolɔ̃ wo nɔvi Kristotɔwo hã vevie. (Mat. 22:​37-39) Aleke nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ awɔ adze anye subɔsubɔdɔwɔla?

Subɔsubɔdɔwɔlawo srɔ̃a kpɔɖeŋu si Yesu ɖo eye wolɔ̃na faa subɔa ame bubuwo (Kpɔ memama 4)


5. Aleke nɔviŋutsu awɔ adze anye subɔsubɔdɔwɔla?

5 Biblia ƒo nu tso nudidi siwo gbɔ nɔviŋutsu ate ŋu aɖo hafi adze anye subɔsubɔdɔwɔla la ŋu. (1 Tim. 3:​8-10, 12, 13) Ne èdi be yeasubɔ nɔviawo le mɔ tɔxɛ sia nu la, àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso nudidi siawo ŋu eye nàʋli aɖo wo gbɔ. Gake gbãa, ele be nàdzro ɖokuiwò me anya susu si tae nèdi be yeaɖo taɖodzinu sia gbɔ.

NU KA TAE NÈDI BE YEANYE SUBƆSUBƆDƆWƆLA?

6. Nu kae aʋã wò be nàwɔ dɔ siwo aɖe vi na nɔviwo? (Mateo 20:28; kpɔ nɔnɔmetata hã.)

6 Bu míaƒe kpɔɖeŋuɖola gãtɔ Yesu Kristo ŋu kpɔ. Nu siwo katã wòwɔ la, lɔlɔ̃e ʋãe wòwɔ wo. Elɔ̃ Fofoa eye wòlɔ̃ amewo hã. Lɔlɔ̃ mae ʋãe wòwɔ dɔ sesĩe, dɔ tsɛwo gɔ̃ hã, tsɔ kpe ɖe amewo ŋu. (Xlẽ Mateo 20:28; Yoh. 13:​5, 14, 15) Eya ta ne lɔlɔ̃e ʋãa wò hã la, Yehowa ayra wò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ adze anye subɔsubɔdɔwɔla.—1 Kor. 16:14; 1 Pet. 5:5.

Yesu ɖo kpɔɖeŋu na eƒe apostolowo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo asubɔ amewo, ke menye be woadi ɖoƒe kɔkɔ o (Kpɔ memama 6)


7. Nu ka tae masɔ be nɔviŋutsu naminya agbanɔamedziwo le ɖokuitɔdidi ta o?

7 Ame siwo ʋlina be yewoaxɔ nɔƒe gbãtɔ alo axɔ ŋkɔ ŋue xexea kpɔa ŋudzedze ɖo. Gake menye nenemae wòle le Yehowa ƒe habɔbɔa me o. Abe ale si wònɔ le Yesu gome enea, ne lɔlɔ̃e ʋã nɔviŋutsu aɖe wòdi be yeasubɔ nɔviwo la, manɔ ŋusẽ, ɖoƒe gã alo ŋkɔxɔxɔ dim o. Ne wotia ɖokuitɔdila alo ɖoƒe gã dila be wòaxɔ ŋgɔ le hamea mea, anɔ eme be mabɔbɔ eɖokui awɔ dɔ tsɛ siwo aɖe vi na Yehowa ƒe alẽ xɔasiawo o. Anɔ susum be dɔ tsɛ mawo aklo bubu le ye ŋu. (Yoh. 10:12) Ne dada alo ɖokuidodoɖedzi tae ame aɖe le ʋiʋlim be mɔnukpɔkpɔ ma nasu ye si la, Yehowa mayra ɖe edzi o.—1 Kor. 10:​24, 33; 13:​4, 5.

8. Aleke Yesu xlɔ̃ nu eƒe apostoloawo?

8 Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖewo gɔ̃ hã di be mɔnukpɔkpɔ aɖewo nasu yewo si le ɖokuitɔdidi ta. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si Yesu ƒe apostolo eve siwo ŋkɔe nye Yakobo kple Yohanes wɔ la ŋu kpɔ. Wobia Yesu be wòana ɖoƒe tɔxɛ yewo le eƒe Fiaɖuƒea me. Esia medze Yesu ŋu o, eye wòna wonya be nu si biam wole la mesɔ o. Eya ta exlɔ̃ nu eƒe apostolo 12-awo katã be: “Ame sia ame si di be yeanye gã le mia dome la nanye miaƒe subɔla, eye ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye mi katã miaƒe kluvi.” (Marko 10:​35-37, 43, 44) Eya ta ne susu nyui tae nɔvi aɖe di be yeaminya agbanɔamedziwo asubɔ nɔviwo le hamea me la, Yehowa ayra ɖe edzi.—1 Tes. 2:8.

NU KAE ANA DIDIA NANƆ MEWÒ BE YEASUBƆ?

9. Nu kae ana nàdi vevie be yeasubɔ?

9 Ðikeke mele eme o be wò hã èlɔ̃ Yehowa eye nèdi be yeasubɔ nɔviawo. Gake ɖewohĩ didia mele mewò be nàwɔ dɔ siwo gbegbe subɔsubɔdɔwɔla wɔna o. Ne nenemae la, ke aleke nàwɔ be didia nanɔ mewò? Anyo be nàbu dzidzɔ si gbegbe nàkpɔ ne ètsɔ ɖokuiwò na hesubɔ nɔviawo ŋu. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Gɔmeɖose sia nue Yesu nɔ agbe ɖo. Ekpɔ dzidzɔ esi wòwɔ nu siwo aɖe vi na amewo. Wò hã àkpɔ dzidzɔ ne èwɔe nenema.

10. Nu kae ɖee fia be edzɔa dzi na Yesu be yeakpe ɖe amewo ŋu? (Marko 6:​31-34)

10 Bu nu si tae wòdzɔa dzi na Yesu be yeasubɔ amewo ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. (Xlẽ Marko 6:​31-34.) Gbe ɖeka ɖeɖi te Yesu kple eƒe apostoloawo ŋu. Eya ta woɖo ta teƒe tsoabo aɖe be yewoava ɖi ɖe eme. Gake ameha aɖe tre afi ma ɖoɖo na wo. Wodi be Yesu nafia nu geɖe yewo. Yesu ate ŋu agbe hafi, elabena le nyateƒe mea Yesu kple eƒe apostolowo “[mekpɔ] vovo aɖu nu teti hã o.” Alo Yesu ate ŋu agblɔ nya ɖeka eve aɖewo na wo ko ado mɔ wo woadzo. Gake esi wòlɔ̃ ameawo vevie ta, ede asi “nu geɖewo fiafia me wo.” Eyi edzi fia nu wo ʋuu va se ɖe “ɣetrɔ me.” (Marko 6:35) Menye esi wòle be Yesu nafia nu wo ta koe wòwɔe ɖo o, ke esi “woƒe nu wɔ nublanui nɛ” tae. Edi be yeafia nu wo elabe elɔ̃ wo vevie. Edze ƒãa be kpekpe ɖe amewo ŋu doa dzidzɔ na Yesu.

11. Nu kae Yesu wɔ tsɔ kpe ɖe amewo ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

11 Yesu wɔ nu bubu aɖe hã si ɖe vi na amehaa. Ekpɔe be ehiã be woaɖu nu, eya ta ewɔ nukunu. Ena nuɖuɖu sue aɖe dzi ɖe edzi eye wòtsɔe de asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. (Marko 6:41) Ewɔ esia tsɔ na hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woanya ale si woasubɔ amewo. Ena wokpɔe hã be ele vevie ŋutɔ be woawɔ nu siwo aɖe vi na amewo, eye esiae subɔsubɔdɔwɔlawo hã wɔna. Bu dzidzɔ si gbegbe apostoloawo kpɔ esi woma nuɖuɖu na ameawo va se ɖe esime “wo katã woɖu nu ɖi ƒo” ŋu kpɔ! (Marko 6:42) Le nyateƒe mea, menye esiae nye zi gbãtɔ si Yesu tsɔ amewo ƒe nyonyo do ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ o. Esubɔ amewo le eƒe anyigbadzinɔɣi katã. (Mat. 4:23; 8:16) Edzɔ dzi na Yesu be yeafia nu amewo eye yeakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Ðikeke mele eme o be dzi adzɔ wò hã ne èlɔ̃ faa be yeayi ŋgɔ adze azu subɔsubɔdɔwɔla.

Lɔlɔ̃ na Yehowa kple didi be yeasubɔ ame bubuwo aʋã wò nàdi be yeawɔ nu siwo aɖe vi na hamea me tɔwo (Kpɔ memama 11) a


12. Nu ka tae mele be mía dometɔ aɖeke nasusui be ŋutete tɔxɛ aɖeke mele ye si si aɖe vi na hamea o?

12 Ne ewɔna na wò be ŋutete tɔxɛ aɖeke mele ye si o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Nɔnɔme vevi aɖewo le asiwò kokoko siwo aɖe vi na hamea. Ne èdo gbe ɖa de ŋugble le nya siwo Paulo gblɔ le 1 Korintotɔwo 12:​12-30 ŋu la, aɖe vi na wò. Paulo ƒe nyawo na eme kɔ ƒãa be Yehowa subɔla ɖe sia ɖe wɔa akpa vevi aɖe le hamea me, wò hã èle eme. Ne mète ŋu ɖo subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe nudidia gbɔ fifia o hã la, dzi megaɖe le ƒowò o. Nɔ nu sia nu si nàte ŋui wɔm be wò nu nadze Yehowa kple nɔviawo siaa ŋu. Ka ɖe edzi be hamemetsitsiawo alé ŋku ɖe wò nɔnɔmea ŋu eye woade dɔ asi na wò le wò ŋutete nu hafi nàva zu subɔsubɔdɔwɔla.—Rom. 12:​4-8.

13. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ele bɔbɔe be nɔviŋutsuwo naɖo subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe nudidiawo gbɔ?

13 Susu bubu si tae wòle be nàyi ŋgɔ adze azu subɔsubɔdɔwɔlae nye be nudidiawo ƒe akpa gãtɔ nye nu siwo wodi tso Kristotɔwo katã si. Le nyateƒe mea, ele be Kristotɔwo katã nate ɖe Yehowa ŋu, woalɔ̃ nunana amewo eye woanɔ agbe wòadze Mawu ŋu. Esia fia be èɖo nudidiawo dometɔ aɖewo gbɔ xoxo. Ke nu kawo koŋue nɔviŋutsuwo awɔ be woadze asubɔ?

NU SIWO NÀWƆ BE NÀDZE ASUBƆ

14. Nu kae wòfia be woanye ‘ame si léa fɔ ɖe nu ŋu’? (1 Timoteo 3:​8-10, 12)

14 Azɔ mina míadzro nudidi siwo dze le 1 Timoteo 3:​8-10, 12 la dometɔ aɖewo me. (Xlẽe.) Ele be subɔsubɔdɔwɔla nanye ‘ame si léa fɔ ɖe nu ŋu.’ Woagate ŋu aɖe nya ma gɔme be “ame si dze na bubu” alo “nyadziwɔla.” Esia mefia be ame naɖo mo vevi ɣesiaɣi agbe nukoko o. (Nyagb. 3:​1, 4) Ke boŋ ebia be nàwɔ dɔ ɖe sia ɖe si woade asiwò la nyuie. Ne èdoa vevie dɔ eye nɔviwo nya be yewoate ŋu aɖo ŋu ɖe ŋuwò la, woade bubu ŋuwò.

15. Nu kae wòfia be ame naganye “aɖeveetɔ” kple ‘ame si klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o’?

15 ‘Wòaganye aɖeveetɔ o,’ fia be ame nanye anukwareɖila alo nyateƒetola si dzi woate ŋu aka ɖo. Ewɔna ɖe eƒe nyawo dzi pɛpɛpɛ eye meblea ame o. (Lod. 3:32) ‘Ame si meklẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o’ ye nye ame si wɔa nuteƒe le dɔwɔnyawo, asitsanyawo kple ganyawo me. Mele be míatsɔ kadodo si le mí Kristotɔwo dome la atsɔ anɔ ga dimee o.

16. (a) Nu kae wòfia be ame ‘naganye aha geɖe nola o’? (b) Nu kae ame awɔ be ‘wòalé dzitsinya dzadzɛ me ɖe asi’?

16 ‘Wòaganye aha geɖe nola o.’ Esia fia be mele be wòaƒo eɖokui ɖe aha sesẽ nono me fũu alo amewo nanyae be enye aha tsu nola o. Ame si si “dzitsinya dzadzɛ” le fia be amea nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. Togbɔ be mède blibo o hã la, ele be ƒomedodo nyui nanɔ wò kple Yehowa dome eye esia ana nànɔ ŋutifafa me.

17. Nu kae ana woaka ɖe nɔviŋutsuwo dzi ne wole wo ‘dom kpɔ gbã be wodze’? (1 Timoteo 3:10; kpɔ fotoa hã.)

17 “Woado ame siawo kpɔ gbã.” Esia fia be èɖee fia xoxo be woate ŋu aka ɖe dziwò le dɔ siwo wode asiwò la me. Eya ta ne hamemetsitsiwo de dɔ aɖe asiwò la, wɔ ɖe woƒe mɔfiamewo kple habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ. Dze agbagba nànya nu siwo wò dɔa lɔ ɖe eme kple ɣeyiɣi si wòle be nàwu enu. Ne èdoa vevie dɔ ɖe sia ɖe si wode asiwò le hamea me la, esia adze ƒãa ame sia ame nakpɔ eye woava kafu wò ɖe wò agbagbadzedzewo ta. Hamemetsitsiwo, milé fɔ ɖe hehenana nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo ŋu. (Xlẽ 1 Timoteo 3:10.) Ðe sɔhɛ xɔnyɔnyrɔwo le miaƒe hamea mea? Ðe woxɔ tso ƒe 10 va ɖo ƒe 14 alo womekpɔ xɔ nenema haɖe oa? Ðe woléa fɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋua? Ðe woɖoa nya ŋu le kpekpeawo me hedea gbeadzi edziedzia? Ne nenemae la, ekema minɔ dɔ aɖewo siwo woate ŋu awɔ la dem wo si. Esia afia be miele ɖekakpuivi siawo ‘dom kpɔ’ gbã be woava dze asubɔ. Eye kaka woava ɖo woƒe ƒewuiwo ƒe nuwuwu lɔƒoa, woate ŋu adze azu subɔsubɔdɔwɔlawo.

Hamemetsitsiwo ate ŋu ade dɔ aɖewo asi na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo atsɔ ‘ado wo kpɔ’ (Kpɔ memama 17)


18. Nu kae wòfia be ‘nutsotso naganɔ ame ŋu o’?

18 ‘Ame si ŋu nutsotso aɖeke mele o’ ye nye ame si ŋu womate ŋu atsɔ nya ɖo be ewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya o. Ate ŋu adzɔ be woatso Kristotɔ aɖe nu alakpatɔe ya. Wotso Yesu nu alakpatɔe eye egblɔe ɖi be woawɔe ɖe ye yomedzelawo hã ŋu. (Yoh. 15:20) Ke hã ne ènɔa agbe dzadzɛ abe Yesu enea, nɔviwo ade bubu ŋuwò le hamea me.—Mat. 11:19.

19. Nu kae wòfia be srɔ̃ŋutsu nanye “nyɔnu ɖeka srɔ̃”?

19 Wòanye “nyɔnu ɖeka srɔ̃.” Ne srɔ̃ le nɔviŋutsu aɖe si la, ele be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo si li tso gɔmedzedzea, si nye ŋutsu ɖeka nyɔnu ɖeka, la dzi. (Mat. 19:​3-9) Mele be Kristotɔ naƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me gbeɖe o. (Heb. 13:4) Gake mese ɖe afi ma o. Ele be wòawɔ nuteƒe na srɔ̃a eye wòaganɔ ŋku lém ɖe nyɔnu bubuwo ŋu madzemadzee o.—Hiob 31:1.

20. Nu kae ŋutsu awɔ wòafia be ‘ekpɔa eƒe aƒe dzi nyuie’?

20 “Ame si kpɔa viawo kple eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie.” Ne ƒome ƒe tae nènye la, ele be nàlé fɔ ɖe ƒomegba si le dziwò la tsɔtsɔ ŋu. Nɔ ƒometadedeagua wɔm edziedzi. Wò kple wo ƒomea me tɔwo miwɔ dɔ le gbeadzi ɖekae zi ale si wòanya wɔ. Kpe ɖe viwòwo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ nyuie. (Ef. 6:4) Ame si léa be na eƒe ƒomea ate ŋu alé be na hamea hã nyuie.—Tsɔe sɔ kple 1 Timoteo 3:5.

21. Ne mèkpɔ nye subɔsubɔdɔwɔla haɖe o la, nu kae nàte ŋu awɔ?

21 Ne mèkpɔ nye subɔsubɔdɔwɔla haɖe o la, nu kae nàte ŋu awɔ? Míeɖe kuku do gbe ɖa nàde ŋugble le nyati sia ŋu nyuie. Srɔ̃ nu tso subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe nudidiawo ŋu eye nàdze agbagba vevie aɖo wo gbɔ. Bu ale si gbegbe nèlɔ̃ Yehowa kple nɔviwò Kristotɔwoe la ŋu. Na wòanɔ wò dzrom ɣesiaɣi be yeasubɔ nɔviawo. (1 Pet. 4:​8, 10) Yi edzi nàwɔ nu siwo aɖe vi na Yehowa ƒe amewo. Ekema àkpɔ dzidzɔ geɖe. Neva eme be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeadze ava zu subɔsubɔdɔwɔla la dzi!—Flp. 2:13.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Le mia kpa dzi: Yesu bɔbɔ eye wòle afɔ klɔm na eyomedzelawo. Le ɖusikpa dzi: Subɔsubɔdɔwɔla aɖe le kpekpem ɖe nɔvi tsitsi aɖe si le hamea me ŋu.