Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Akpe Ðe Ame Siwo Ŋu Wosẽa Ŋuta Le Le Ƒomea Me Ŋu

Nu Si Akpe Ðe Ame Siwo Ŋu Wosẽa Ŋuta Le Le Ƒomea Me Ŋu

 Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be, “ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu bɔ ŋutɔ. Ðeko wòva le abe dɔléle aɖe si kaka ɖe xexea me godoo ene, eye ehiã be woawɔ nane tso eŋu kaba.” Habɔbɔ sia ka nya ta be nyɔnu 30 kloe le alafa me “ƒe srɔ̃ alo woƒe ahiãvi ƒo wo alo dɔ wo gbɔ sesẽe kpɔ.” Dukɔ Ƒoƒuawo bu akɔnta be le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, nyɔnu 137 kloe ye ku gbe sia gbe le wo srɔ̃, woƒe ahiãvi alo woƒe ƒometɔ aɖe si me. a

 Akɔntabubuwo ate ŋu ana míakpɔ nyɔnu siwo gbegbe ŋu wo srɔ̃wo alo woƒe ahiãviwo le ŋuta sẽm le, gake mate ŋu ana míakpɔ vevesese si gbegbe me nyɔnu siawo dometɔ ɖe sia ɖe tona o.

 Ðe srɔ̃wò alo wò ahiãvi sẽa ŋuta le ŋuwòa? Alo ènya ame aɖe si ŋu wowɔnɛ ɖoa? Ne nenemae la, kpɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ɖa.

  Menye gbɔwòe wòtso be srɔ̃wò alo wò ahiãvi sẽa ŋuta le ŋuwò o

  Kpekpeɖeŋu li

  Mawu li na wò

  Ŋutasesẽ le ame ŋu le ƒomea me nu ayi

  Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame si ŋu wole ŋuta sẽm le ŋu

 Menye gbɔwòe wòtso be srɔ̃wò alo wò ahiãvi sẽa ŋuta le ŋuwò o

 Nya si Biblia gblɔ: “Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le eɖokui ŋu na Mawu.”—Romatɔwo 14:12.

 Ðo ŋku nya sia dzi: Ame si le ŋutasẽnua wɔm ɖe ŋuwòe woabia akɔntae.

 Ne srɔ̃wò alo wò ahiãvi gblɔna be gbɔwòe wòtso be yele ŋuta sẽm le ŋuwò la, nyae be menye nyateƒee o. Mele be woasẽ tame le srɔ̃nyɔnuwo ŋu o, ɖe wòle be woalɔ̃ wo boŋ.—Kolosetɔwo 3:19.

 Ɣeaɖewoɣi la, aha tsu nono, susumedɔléle alo ƒome si me ame tsi le ate ŋu ana wòasẽ ŋuta le srɔ̃a alo eƒe ahiãvi ŋu. Gake ema mefia be etɔ dzɔ be wòawɔ nu nenema o; Mawu abia akɔntae godoo. Eye ele be eya ŋutɔ nawɔ nu siwo ana wòadzudzɔ agbenɔnɔ ma.

 Kpekpeɖeŋu li

 Nya si Biblia gblɔ: “Afi si aɖaŋuɖola geɖewo le la, nuwo dzea edzi.”—Lododowo 15:22.

 Ðo ŋku nya sia dzi: Ne èkpɔe be yemele dedie o alo mènya nu si nàwɔ o la, ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

 Nu ka tae wòahiã be ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò? Nɔnɔme si me nèle la mele bɔbɔe o. Ate ŋu asesẽ be nàtso nya me nyuie, elabe mànya nu si tututu nàwɔ o. Ele be nàbu nu vevi geɖe ŋu, le kpɔɖeŋu me:

  •   Wò dedienɔnɔ

  •   Nu si ade viwòwo dzi

  •   Wò ganyawo

  •   Ale si nèlɔ̃ srɔ̃wòa alo wò ahiãvia

  •   Àdi be yeanɔ anyi ko elabe srɔ̃wòa alo wò ahiãvia ate ŋu ava trɔ

 Nu siawo ŋu bubu ate ŋu ana nàtɔtɔ eye nàtsi dzodzodzoe; megblẽ be nàse le ɖokuiwò me nenema o. Ame kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

 Xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe si dzi nèka ɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò eye wòafa akɔ na wò. Dzeɖoɖo kple ame si tsɔ ɖe le eme na wò ate ŋu aɖe vi geɖe na wò.

 Dɔwɔƒe siwo kpena ɖe ame siwo ŋu wowɔa ŋutasẽnuwo ɖo ate ŋu ava xɔ na wò enumake ne èyɔ woƒe kaƒodzesiwo. Ame siwo wɔa dɔ le dɔwɔƒe siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖoɖo aɖewo siwo akpɔ tawò. Ne srɔ̃wò alo wò ahiãvia de dzesii be nu si wɔm yele ɖe ŋuwò menyo o eye wòlɔ̃ be yeatrɔ la, dɔwɔƒe siawo ate ŋu akpe ɖe eŋu wòanya afɔ siwo wòle be wòaɖe.

 Ame siwo tsona kpla ɖe afɔkuwo ŋu hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne wò agbe ɖo afɔku me. Ame siawo ƒe ɖewoe nye ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo kple ame bubu siwo xɔ hehe be woana kpekpeɖeŋu ne afɔku dzɔ.

 Mawu li na wò

 Nya si Biblia gblɔ: “Yehowa b tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ ŋu nu te.”—Psalmo 34:18.

 Ðo ŋku nya sia dzi: Mawu do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò.

 Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò vevie ŋutɔ. (1 Petro 5:7) Ese nu si gbegbe me tom nèle kple nu siwo ŋu bum nèle la gɔme. Ate ŋu azã eƒe Nya Biblia afa akɔ na wò. Eye edi be nàdo gbe ɖa na ye. Ne èle gbe dom ɖa nɛ la, àte ŋu abiae be wòana wò nunya kple ŋusẽ nàtsɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu.—Yesaya 41:10.

 Ŋutasesẽ le ame ŋu le ƒomea me nu ayi

 Nya si Biblia gblɔ: “Wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mika 4:4.

 Ðo ŋku nya sia dzi: Biblia do ŋugbe be madidi o, ŋutifafa anɔ ame sia ame ƒe aƒe me.

 Yehowa Mawu koe ate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo katã gbɔ keŋkeŋ. Biblia gblɔ be: “Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ɣemaɣi la, nu nyui siwo míase vivi na ana míaŋlɔ vevesese siwo me míeto va yi la be kura. (Yesaya 65:17) Aleae Mawu do ŋugbe be nuwo ava nɔ le etsɔme si awɔe be ŋutifafa nanɔ anyi.

a Togbɔ be nyɔnu siwo ŋu wosẽa ŋuta le ŋue nyati sia ku ɖo hã, nu siwo ŋu woƒo nu tsoe la dometɔ geɖe yi na ŋutsu siwo ŋu wosẽa ŋuta le hã.

b Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.