Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

A1

Biblia Gɔme Ðeɖe Ŋuti Mɔfiamewo

Hebrigbe, Aramgbe, kple Helagbe, siwo wodona le blema la mee woŋlɔ Biblia ɖo zi gbãtɔ. Egbea la, woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 3,000 sɔŋ me. Ame siwo xlẽa Biblia la dometɔ akpa gãtɔ mese gbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo zi gbãtɔ la gɔme o, eya ta ele be woaɖe egɔme na wo. Mɔfiame kawo dzie wòle be woazɔ ɖo le Biblia gɔme ɖeɖe me, eye aleke wowɔ wo ŋu dɔe le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la gɔme ɖeɖe me?

Ame aɖewo agblɔ be nyawo gɔme ɖeɖe tẽe alo nya-ɖe-nya-nu tututue ana nuxlẽlaa nase nyawo gɔme wòasɔ ɖe ale si wònɔ le gbe gbãtɔawo me la nu. Gake menye aleae wònɔna ɣesiaɣi o. Susu siwo tae la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esi:

  • Gbegbɔgblɔ eve aɖeke mesɔ kple wo nɔewo pɛpɛpɛ le gbeŋutise, nyatutuɖowo kple ɖoɖo si nu woɖoa nyaawo ɖo me o. Hebrigbe ŋuti nufialagã S. R. Driver gblɔ be gbegbɔgblɔwo “toa vovo, menye le gbeŋutise kple nyaawo ƒe dzɔtsoƒe gome ko o, ke . . . le ɖoɖo si nu wotua nyagbewo ɖo hã gome.” Ame siwo doa gbe vovovowo la ƒe nuŋububu hã toa vovo. Nufialagã Driver yi edzi gblɔ be, “Eya ta ɖoɖo si nu wotua nyagbewo ɖo la metoa mɔ ɖeka le gbegbɔgblɔ vovovoawo me o.”

  • Esi wònye be gbegbɔgblɔ aɖeke meli si ƒe nyatutuɖowo kple gbeŋutisewo sɔ pɛpɛpɛ kple Hebrigbe, Aramgbe kple Helagbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo o ta la, Biblia gɔme ɖeɖe nya-ɖe-nya-nu gɔme manya se o, alo ate ŋu ana gɔmesesea natro gɔ̃ hã.

  • Gɔmesese si le nya alo nyagbe aɖe ŋu la ate ŋu atrɔ le nya siwo ƒo xlãe ta.

Gbegɔmeɖelaa ate ŋu aɖe nyawo gɔme ɖe nyagbeawo nu wòasɔ ɖe gbe gbãtɔawo ƒe nyatutuɖowo nu le teƒe aɖewo, gake ele be wòaɖɔ ŋu ɖo nyuie le esia wɔwɔ me.

Ale si gɔmesesea ate ŋu atro ne woɖe nyawo gɔme nya-ɖe-nya-nu la ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo:

  • Ŋɔŋlɔawo zã nya “alɔ̃” kple “dɔ alɔ̃” tsɔ ɖɔ alɔ̃dɔdɔ ŋutɔŋutɔ kpakple ku hã. (Mateo 28:13; Dɔwɔwɔwo 7:60) Le teƒe siwo gɔmesese si le nya siawo ŋue nye ku la, Biblia gɔmeɖelawo ate ŋu azã nyawo abe “dɔ alɔ̃ le ku me” ene, si awɔe be nuxlẽlaa mase nyaa gɔme bubui o.—1 Korintotɔwo 7:39; 1 Tesalonikatɔwo 4:13; 2 Petro 3:4.

  • Apostolo Paulo zã nyagbɔgblɔ aɖe le Efesotɔwo 4:14 si ƒe gɔmeɖeɖe tẽe ye nye “le amewo ƒe aɖidakpeviwo dada me.” Blema adagana sia he susu yi ale si amewo zãa aɖidakpeviwo tsɔ baa amee dzi. Gake le gbegbɔgblɔ akpa gãtɔ me la, susu boo aɖeke manɔ nya sia me ne woɖe egɔme alea o. Nyagbɔgblɔ sia gɔme ɖeɖe be “amewo ƒe beble” na gɔmesesea me kɔ nyuie wu.

  • Le Romatɔwo 12:11 la, wozã Helagbe me nya aɖe si ƒe gɔmeɖeɖe tẽe ye nye “hena gbɔgbɔ la ƒe fiefiẽ.” Le Eʋegbe me la, egbɔgblɔ alea mana gɔmesese si le nyaa ŋu nadze o, eya ta woɖe egɔme be “[woaxɔ] dzo le gbɔgbɔ la me.”

  • MATEO 5:3

    Egɔmeɖeɖe tẽe le Eʋegbe me: “ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me”

    Gɔmesesea: “ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo”

    Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, ezã nyagbɔgblɔ aɖe si gɔme woɖena zi geɖe be “Woayra ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la.” (Mateo 5:3, Eʋegbe Biblia) Gake nyagbɔgblɔ sia gɔme ɖeɖe nya-ɖe-nya-nu me makɔ le gbegbɔgblɔ geɖe me o. Le go aɖewo me la, wo gɔme ɖeɖe tẽe alea fiana gɔ̃ hã be “ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la” ƒe tame da alo be dzo kple kakaɖedzi mele wo me o. Gake le afi sia la, ɖe Yesu nɔ nu fiam amewo be nu si ana woakpɔ dzidzɔe nye be woade dzesii be yewohiã na Mawu ƒe mɔfiame, ke menye kɔɖiɖi na woƒe ŋutilãmenudidiwo gbɔe wòatso o. (Luka 6:20) Eya ta egɔmeɖeɖe be “ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” alo “ame siwo nyae be yewohiã na Mawu” la ɖe gɔmesese si tututu le Helagbe me nyaa ŋu la fia eme kɔ nyuie.—Mateo 5:3; The New Testament in Modern English.

  • Le go geɖe me la, gɔmesese si le Hebrigbe me nya si gɔme woɖena be “ŋuʋaʋã” ŋu la sɔ kple gɔmesese si le eŋu le Eʋegbe me, si nye be dzi naku ame le esi wòkpɔe be yeƒe zɔhɛ kplikplikpli mewɔ nuteƒe na ye o, alo be woaʋã ŋu ame ɖe eƒe nunɔamesiwo ta. (Lododowo 6:34; Yesaya 11:13) Ke hã, le go bubuwo me la, Hebrigbe me nya ma ke gahea susu yia nɔnɔme nyui dzi boŋ. Le kpɔɖeŋu me, etea ŋu fiana “dzonɔameme” alo lɔlɔ̃ si ʋãa Yehowa wòdina vevie be yeakpɔ ye subɔlawo ta, alo ale si wòbiaa “ɖokuitsɔtsɔna blibo.” (2 Mose 34:14; 2 Fiawo 19:31; Ezekiel 5:13; Zakariya 8:2) Woagate ŋu azãe wòafia “ŋuʋaʋã” alo dzonɔameme si nɔa mawusubɔla wɔnuteƒewo me ɖe Mawu kple tadedeagu nɛ ŋu, alo ‘aʋã ŋu ɖe Mawu nu’ hã.—Psalmo 69:9; 119:139; 4 Mose 25:11.

  • Woɖea Hebrigbe me nya yadh gɔme zi geɖe be “asi,” gake le nya siwo ƒo xlãe nu la, woate ŋu aɖe egɔme be “ŋusẽ,” “nyo dɔme,” ‘le eƒe asi me’ kple mɔ bubuwo nu

    Gɔmesese vovovowoe nɔa Hebrigbe me nya si wozãna na ame ƒe asi zi geɖe la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nya siwo ƒo xlã nya sia ate ŋu ana woaɖe egɔme be “ŋusẽ,” “nyo dɔme” alo ‘le eƒe asi me.’ (2 Samuel 8:3; 1 Fiawo 10:13; Lododowo 18:21) Le nyateƒe me la, woɖe nya sia gɔme le mɔ vovovowo nu le Eʋegbe Biblia sia si nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me.

Kpɔɖeŋu siawo ɖee fia be Biblia gɔme ɖeɖe lɔ nu geɖe ɖe eme wu nya kui ɖe sia ɖe gɔme ɖeɖe tso gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me la le mɔ ɖeka ma ke nu le afi sia afi si wòdze le ko. Ele be gbegɔmeɖelawo nabu nuwo ŋu nyuie ale be woazã nya siwo ana gɔmesese si tututu le gbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gbã ŋu la nadze. Hekpe ɖe eŋu la, ehiã be woaŋlɔ nyawo kple nyagbewo ɖe gbe si me wole Biblia gɔme ɖem ɖo la ƒe gbeŋutisewo nu be egɔmesese nanɔ bɔbɔe.

Gake ele be woaƒo asa na nyawo gɔme ɖeɖe wòato vovo sãa na ale si wònɔ le gbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo zi gbãtɔ la tɔ. Gbegɔmeɖela si ɖea Biblia gɔme ɖe ale si eya ŋutɔ se nyawo gɔmee nu la ate ŋu ana gɔmesese si le nyawo ŋu natrɔ. Le mɔ ka nu? Ðewohĩ gbegɔmeɖelaa aŋlɔ nu si eya ŋutɔ susu be gbe gbãtɔawo me nyawo fia, alo aɖe nya aɖewo siwo dze le gbe gbãtɔawo me la ɖa le eƒe gɔmeɖeɖea me. Eya ta togbɔ be Biblia siwo gɔme woɖe alea xexlẽ nɔa bɔbɔe hã la, esi womeɖe nyawo gɔme pɛpɛpɛ o ta la, nuxlẽlaa makpɔ nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia o.

Gbegɔmeɖelaa ƒe subɔsubɔdzixɔsewo hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dɔa dzi. Le kpɔɖeŋu me, Mateo 7:13 gblɔ be: “Mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la le gbadza.” Ðewohĩ esi gbegɔmeɖela aɖewo ƒe dzixɔsewo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ta la, wozã nya “dzo mavɔ,” evɔ nu si tututu Helagbea fiae nye “tsɔtsrɔ̃.”

Ele be Biblia gɔmeɖelaa naɖo ŋku edzi hã be le gɔmedzedzea me la, ale si ame akpa gãtɔ, abe agbledelawo, alẽkplɔlawo kple tɔƒodelawo ene, ƒoa nu gbe sia gbe nue woŋlɔ Biblia ɖo. (Nehemiya 8:8, 12; Dɔwɔwɔwo 4:13) Eya ta Biblia gɔmeɖeɖe nyuitɔ nana be dzianukwaretɔwo katã, afi ka kee woɖatso o, sea gbedeasi si le eme la gɔme bɔbɔe. Nya siwo amewo lɔ̃a zazã, siwo gɔme woate ŋu ase bɔbɔe nyo wu nyagbɔgblɔ siwo ame akpa gãtɔ mezãna o.

Biblia gɔmeɖela geɖe wɔ nu si mesɔ kura o esi woawo ŋutɔwo tso le wo ɖokui si ɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖa le egbegbe gɔmeɖeɖewo me, togbɔ be ŋkɔa dze le Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo me hã. (Kpɔ Megbenyawo A4.) Le gbegɔmeɖeɖe geɖe me la, wotsɔ bubuŋkɔ abe “Aƒetɔ” ene ɖo eteƒe, eye womenana wòdzena gɔ̃ hã be ŋkɔ le Mawu si o. Le kpɔɖeŋu me, le gɔmeɖeɖe aɖewo me la, woɖe Yesu ƒe gbedodoɖa si dze le Yohanes 17:26 la gɔme be: “Mena wonya wò,” eye woɖe Yohanes 17:6 gɔme be, “Meɖe wò fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam.” Gake Yesu ƒe gbedodoɖaa gɔme ɖeɖe ɖe eteƒe ayi ale: “Mena wonya wò ŋkɔ la,” kple “Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam.”

Eŋlisigbe me New World Translation gbãtɔ ƒe ŋgɔdonyaa gblɔ be: “Míeɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme le ale si míawo ŋutɔwo míedii nu o. Ke boŋ míedze agbagba ɖe sia ɖe be míaɖe nyaawo gɔme nya-ɖe-nya-nu ale si wòanya wɔe, le ale si egbegbe Eŋlisigbe ƒe adaganawo aɖe mɔ na esia wɔwɔ kple le teƒe siwo egɔmeɖeɖe tẽe mawɔe be gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nabu o la nu.” Eya ta Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia dze agbagba be yewoazã nya siwo sɔ ɖe gbegbɔgblɔ gbãtɔawo ƒe gɔmesese nu, gake woɖɔ ŋu ɖo be yewoana gɔmeɖeɖea nanya se, eye gɔmesese si le nyaawo ŋu nagatro o. Esia wɔe be Biblia gɔme sese le bɔbɔe eye exlẽlaa ate ŋu aka ɖe edzi bliboe be gbedeasi si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la tututue nye ema xlẽm yele.—1 Tesalonikatɔwo 2:13.