Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nutata Ƒe Videowo

Video siawo ƒo nu tso nya vevi aɖewo ŋu gake wotrɔ asi le eŋu be nusɔsrɔ̃ nado dzidzɔ na ame!

 

Nɔ Dzadzɛ—Aɖe Vi Na Wò

Ne èle dzadzɛ eye nèɖoa wò nuwo ɖe ɖoɖo nu la, aɖe vi na wò ŋutɔ kple ame siwo dome nèle. Ate ŋu ana nànɔ lãmesẽ me eye nàɖe dzi ɖi hã.

Nu Kae Nye Ameŋkumekpɔkpɔ?

Tso keke blema ke la, amewo kpɔa ame ŋkume. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nu si nàwɔ be ameŋkumekpɔkpɔ nagaƒo ke ɖe dzi me na wò o.

Ðɔ Ŋu Ðo Le Nyatakaka Siwo Mele Eteƒe O Ŋu

Mègaxɔ nu sia nu si nèse alo xlẽa dzi se o. Kpɔ ale si nàdo nyawo kpɔ be nànya esiwo menye nyateƒe o.

Ale Si Nàzã Wò Ga Nyuie

Lé be na ga fifia ale be ne èva hiãe la, nàkpɔ ɖe azã!

Mègatsɔ Atamanono Gblẽ Wò Agbe Domee O

Ame geɖe gakpɔtɔ le atama alo sigaret nom, gake ame aɖewo dzudzɔ enono, eye ame aɖewo hã le ʋiʋlim vevie be yewoadzudzɔ. Nu ka tae? Ðe atamanono nye nu gbegblẽ nenema gbegbea?

Videofefewo: Wòe Le Dzi Ðum Ŋutɔŋutɔa?

Videofefewo ƒoƒo ate ŋu avivi nuwò ŋutɔ, gake woate ŋu agblẽ nu le ŋuwò hã. Aleke nàwɔ aƒo asa na esia eye nànye ame si ɖua dzi ŋutɔŋutɔ le agbe me?

Àte Ŋu Adzudzɔ Blanuiléle

Nu kae nàwɔ ne èléa blanui vevie?

Bu Nuwo Ŋu Nyuie Hafi Nànoe

Zi geɖe ne amewo mu aha la, wogblɔa nya aɖewo alo wɔa nu siwo va vea wo emegbe. Nu kae nàwɔ be nàƒo asa na afɔku siwo dona tsoa aha nono fũu me?

Ðe Elektrɔnikmɔ̃wo Va Le Ŋusẽ Kpɔm Ðe Wò Agbe Dzia?

Elektrɔnikmɔ̃wo va bɔ egbea ŋutɔ, gake mele be nàɖe mɔ woakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi o. Aleke nàwɔ anya nenye be wò mɔ̃a zazã zu numame na wò? Ne ezazã zu numame na wò la, aleke nàwɔ aɖu ɖokuiwò dzi?

Nu Kae Mawɔ Be Dzinyelawo Nana Ablɔɖe Geɖe Wum?

Ate ŋu awɔ na wò be yedze na ablɔɖe geɖe wu azɔ, gake ɖewohĩ dziwòlawo ya mekpɔe nenema o. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be woaka ɖe dziwò?

Ameŋunyagbɔgblɔ—Nu Kae Mawɔ?

Ɣesiaɣi si ameŋugbegblẽ ge ɖe dze si ɖom miele me la, wɔ nane tso eŋu!

Lɔlɔ̃ Vavãe Loo Alo Lɔlɔ̃ Gbãŋkue?

Srɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ gbãŋku kple lɔlɔ̃ vavã ŋu.

Nɔ Te Ðe Hawòtiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Nu!

Afɔɖeɖe ene aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ ɖokuiwò me ke menye be woaƒo nya ɖe nuwò o.

Zã Internet Dzi Hahokadoƒewo Nunyatɔe

Àte ŋu ase vivi na dzeɖoɖo kple xɔlɔ̃wòwo le internet dzi evɔ màde ɖokuiwò afɔku me o.

Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Vavã?

Alakpaxɔlɔ̃wo kpɔkpɔ mesesẽ kura o, gake aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ vavã?

Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu Kɔmadamadae

Kpɔ nu siwo tae amewo wɔa anyra ɖe ame ŋu kple ale si nàwɔ anɔ te ɖe anyrawɔwɔ ɖe ame ŋu nu dzidzedzetɔe ɖa.