Dzo kpo yi emenuwo dzi

ERITREA

Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Eritrea

Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Eritrea

Eritrea dziɖuɖua léa Yehowa Ðasefowo kple ame bubuwo dea gaxɔ me, evɔ wometsɔa nya aɖeke ɖe wo ŋu alo drɔ̃a ʋɔnu wo hafi o. Ame siwo woléna la dometɔ geɖe nyea Ðasefo ŋutsu siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta. Gake Ðasefoawo dometɔ akpa gãtɔ siwo dome nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo le la le gaxɔ me ɖe woƒe mawusubɔsubɔ kple susu bubu siwo womegblɔ o ta.[1][2] Dukplɔla Afwerki[3] de se aɖe le October 25, 1994 dzi, si xɔ dukɔmevinyenye le Ðasefoawo si. Elabe dukɔa da akɔ aɖe le ƒe 1993 me esi woxɔ ɖokuisinɔnɔ, gake Ðasefoawo medae o, eye wogbe hã be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta.[7][8] Do ŋgɔ le Eritrea la, ɖoɖo nyuiwo nɔ anyi be ame nawɔ dukɔmevidɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe. Ðasefo geɖe wɔ dɔ mawo le dziɖuɖu vovovo siwo kplɔ dukɔa te. Dziɖuɖua naa “Dukɔmevidɔ Nu Wuwu Ƒe Ðaseɖigbalẽ” ame siwo wɔ dɔ mawo eye zi geɖe la, ekafua wo ɖe dɔ siwo wowɔ ta.[8a] Gake tso esime dukplɔlaa de se ma ko la, poliswo léa Yehowa Ðasefowo tuna, wowɔa fu wo eye wozia wo dzi ale be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ.[9]

Va de asi na fifia la, Yehowa Ðasefo 36 ye kpɔtɔ le gaxɔ me (ŋutsu 26 kple nyɔnu 10).[52] Woɖe asi le Ðasefo 28 ŋu le December 4, 2020 dzi (ŋutsu 26 kple nyɔnu 2). Ƒe vovovowoe ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ nɔ gaxɔ me le woƒe xɔse ta—tso ƒe 5 va se ɖe 26. Le January 29, 2021 dzi la, woɖe asi le Ðasefo ŋutsu aɖe ŋu esi wònɔ gaxɔ me ƒe 12[55] eye wogaɖe asi le etɔ̃ bubu hã ŋu le February 1, 2021 dzi (ŋutsu ɖeka kple nyɔnu eve). Woawo hã tsɔ ƒe vovovowo nɔ gaxɔ me—tso ƒe ene va se ɖe asieke.[56]

Ðasefowo Ku Le Nɔnɔme Sesẽ Siwo Me Woto Le Gaxɔ Me Ta

Ðasefo ene ku le gaxɔ me le Eritrea[9d] eye Ðasefo tsitsi etɔ̃ siwo ŋu woɖe asi le le gaxɔ me la va ku le nɔnɔme sesẽ siwo me woto esime wonɔ gaxɔ me la ta.[17d]

Le ƒe 2018 me la, Ðasefo eve ku esi woɖe wo yi Mai Serwa Gakpɔ me vɔ megbe. Aƒetɔ Habtemichael Tesfamariam ku le January 3 dzi esi wòxɔ ƒe 76,[9a] eye Habtemichael Mekonen ku le March 6 dzi esi wòxɔ ƒe 77.[9b] Eritrea dziɖuɖua lé wo de gaxɔ me le ƒe 2008 me evɔ metsɔ nya aɖeke ɖe wo ŋu le ʋɔnu hafi o.[9c]

Le ƒe 2011 kple ƒe 2012 me la, Ðasefo eve ku le esi wowɔ fu wo vevie le Meitir Gakpɔ me ta. Misghina Gebretinsae, si xɔ ƒe 62,[13] ku le July 2011[14] me esi wohe to nɛ vae tui ɖe tomexɔ aɖe si me xɔ dzo gbãgbãgbã la me.[15] Yohannes Haile, si xɔ ƒe 68 la[16] hã ku le August 16, 2012 dzi esime wòto nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi me le gaxɔ me ƒe ene kloe.[17] Esi woɖe asi le Ðasefo tsitsi etɔ̃ bubu siwo nye Kahsai Mekonnen, Goitom Gebrekristos kple Tsehaye Tesfariam ŋu vɔ la, woku elabe woto nɔnɔme sesẽ geɖe me esime wonɔ Meitir Gakpɔ me.[17d]

Woŋe Aɖaba Ƒu Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Habɔbɔ Xɔŋkɔwo Ƒe Nyawo Dzi

Eritrea mele bubu dem gomenɔamesi si le ame ɖe sia ɖe si le xexea me si la ŋu o. Habɔbɔ gã siwo kpɔa amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi ƒe nyawo gbɔ la ƒo nu tsi tre ɖe nu si wɔm Eritrea dziɖuɖua le ŋu, eye woyi edzi bia tso wo si be woaɖɔ nɔnɔmea ɖo.

Le ƒe 2014 me la, Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔha kpɔ ŋudzedze ɖe nyatakaka si numekulawo na ku ɖe ale si amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi ƒe nyawo le le Eritrea ŋu. Le nyatakaka me la, wobia tso Eritrea dziɖuɖua si be wòade bubu gome si le dukɔmeviwo si be woate ŋu agbe be yewomawɔ asrafodɔ o le woƒe dzitsinya ta ŋu. Elabe esia “wɔ ɖeka kple ɖoɖo siwo dzi dukɔwo da asi ɖo le xexea me godoo.” Wobia tso dziɖuɖua si hã be “wòakpɔ egbɔ be gamenɔlawo katã le dedie eye womeɖia gbɔ̃ wo o, wòawɔ atike na wo dometɔ siwo hiãe . . . eye wòana ale si nɔnɔmeawo le le gaxɔawo me la nanyo ɖe edzi, elabe esia hã wɔ ɖeka kple ɖoɖo siwo dzi dukɔwo da asi ɖo le xexea me godoo.”[18] Le 2015 me la, Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔhaa tso nya me be ele be woabia tso Eritrea dziɖuɖua si be “wòaɖe mɔ na dumeviwo be woate ŋu agbe be yewomawɔ asrafodɔ o le woƒe dzitsinya ta.”[19]

Le ƒe 2016 me la, Habɔbɔ Si Kua Nu Me Tso Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Ŋu Le Eritrea de dzesii be Eritrea dziɖuɖua “wɔ nu vlo eye eɖi fɔ” le esi wòle Yehowa Ðasefowo kple ame bubuwo “yome tim le woƒe xɔse kple to si me wotso ta.”[20]

Le ƒe 2017 me la, Afrikatɔwo Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Ðeviwo Ƒe Gomenɔamesi Kple Dedienɔnɔ Ƒe Nyawo Gbɔ la gblɔ be ete ɖe yewo dzi be togbɔ be sewo li akpɔ ɖeviwo ta hã, se sia meɖea vi na “Yehowa Ðasefowo ƒe viwo o” eye wowɔa ŋlɔmi le wo ŋu. Kɔmitia bia tso Eritrea dziɖuɖua si be “wòade bubu Tamebubu, Dzitsinya Kple Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe si le ɖeviwo si la ŋu, eye wòaɖe mɔ na ɖevi ɖe sia ɖe be wòate ŋu awɔ ablɔɖe sia ŋu dɔ.”[20a]

Le ƒe 2018 me la, Afrikatɔwo Ƒe Habɔbɔ Si Kpɔa Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔ bia tso Eritrea dziɖuɖua si be “wòaɖe afɔ enumake atsɔ akpɔ egbɔ be woagate ame siwo katã le gaxɔ me, siwo dome . . . Yehowa Ðasefowo hã le, la ƒe gomenɔamesiwo ɖe to azɔ o.” Ebia tso esi hã be woaku nu me le Ðasefo siwo ku le gaxɔ me la ƒe nyawo ŋu. Habɔbɔ sia te gbe ɖe edzi be ehiã be Eritrea nakpɔ egbɔ be wogbugbɔ “dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesiwo” na Yehowa Ðasefoawo.[21]

Le May 2019 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti bia tso Eritrea si be wòaɖe mɔ dukɔmeviwo nawɔ woƒe mawusubɔsubɔ kple dzixɔse ƒe ablɔɖe ŋu dɔ eye “wòaɖe asi le ame siwo katã wolé alo de gaxɔ me le esi wowɔ woƒe ablɔɖe mawo ŋu dɔ ta la ŋu; Yehowa Ðasefowo hã le eme.”[22] Kɔmitia gabia tso Eritrea si be “wòaɖe mɔ na dukɔmeviwo le se nu be woate ŋu agbe asrafodɔ wɔwɔ le woƒe dzitsinya ta, eye wòawɔ ɖoɖo ɖe dɔ bubuwo ŋu na dukɔmevi siwo ƒe dzitsinya maɖe mɔ na wo be woawɔ asrafodɔ o.”[23]

Le nyatakaka aɖe si wona le May 12, 2021 dzi me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe numekulawo bia tso Eritrea dziɖuɖua si be “wòaɖe asi le ame siwo katã wolé de gaxɔ me le woƒe dzixɔse ta evɔ womedrɔ̃ nya na wo o la ŋu enumake; Yehowa Ðasefo 20-awo hã le eme.” Ebia hã be “woagbugbɔ alé ŋku ɖe ale si wotso nya me be woaxɔ dukɔmevinyenye le Yehowa Ðasefowo si le woƒe subɔsubɔ ta la ŋu, eye woawɔ nya si Afrikatɔwo Ƒe Habɔbɔ Si Kpɔa Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔ gblɔ la dzi akpɔ egbɔ be dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesiwo kpɔtɔ le Yehowa Ðasefowo si, eye woaku nu me le Ðasefo siwo ku le gaxɔ me ƒe nyawo ŋu.”[57]

Gaxɔmenɔnɔ Ðikaa

Womeka ƒe aɖeke na Ðasefo ŋutsu akpa gãtɔ siwo le gaxɔ me o, eya ta mɔkpɔkpɔ meli be woaɖe asi le wo ŋu o va se ɖe esime woku alo ɖo kudo nu hafi. Esi wònye be ʋɔnudrɔ̃nyawo kple senyawo mewɔa dɔ nyuie le dukɔa me o ta la, ne wolé wo de gaxɔ me la, ɖeko wòle abe wotso kufia na wo ene.

[ɣeyiɣiawo (tso yeyetɔ dzi va se ɖe xoxotɔ dzi)]Ɣeyiɣiawo

  1. March 18, 2024

    Ðasefo siwo katã le gaxɔ me ƒe xexlẽmee nye 36.[51]

  2. February 1, 2021

    Woɖe asi le Ðasefo etɔ̃ ŋu le gaxɔ me.[54]

  3. January 29, 2021

    Woɖe asi le Ðasefo ɖeka ŋu le gaxɔ me.[53]

  4. December 4, 2020

    Woɖe asi le Ðasefo 28 ŋu le gaxɔ me.[52a]

  5. March 6, 2018

    Habtemichael Mekonen, si xɔ ƒe 77, ku esi woɖee yi Mai Serwa Gakpɔ me vɔ megbe.[9b]

  6. January 3, 2018

    Habtemichael Tesfamariam, si xɔ ƒe 76, ku esi woɖee yi Mai Serwa Gakpɔ me vɔ megbe.[9a]

  7. July 2017

    Woɖe Ðasefo siwo katã le Meitir Gakpɔ me la yi Mai Serwa Gakpɔ me le Asmara dua godo.[17b]

  8. July 25, 2014

    Woɖe asi le Ðasefo siwo wolé le April 14 dzi la dometɔ akpa gãtɔ ŋu, gake wo dometɔ 20 siwo wolé le April 27 dzi la gakpɔtɔ le gaxɔ me.[24][25]

  9. April 27, 2014

    Ðasefowo kpe nɔ Biblia srɔ̃m eye wova lé wo dometɔ 31.[26][27]

  10. April 14, 2014

    Ðasefowo kpe na Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si wowɔna ƒe sia ƒe eye wova lé wo dometɔ siwo wu 90.[28]

  11. August 16, 2012

    Yohannes Haile, si xɔ ƒe 68, ku le gaxɔ me le nɔnɔme sesẽ siwo me wòto le afi ma ta.[32]

  12. July 2011

    Misghina Gebretinsae, si xɔ ƒe 62, ku le gaxɔ me le nɔnɔme sesẽ siwo me wòto le afi ma ta.[33][34][35]

  13. June 28, 2009

    Setɔwo va ge ɖe Ðasefo aɖe ƒe aƒe me esime wonɔ Biblia srɔ̃m eye wolé ame 23 siwo katã nɔ kpekpea me; ɖevitɔ si nɔ wo dome xɔ ƒe 2 eye tsitsitɔ xɔ ƒe 80.[36][37]

  14. April 28, 2009

    Setɔwo ɖe Yehowa Ðasefo siwo katã wotu ɖe poliswo ƒe ɔfis la yi Meitir Gakpɔ me; wo dometɔ ɖeka koe wogblẽ ɖi.[39][40]

  15. July 8, 2008

    Setɔwo ge ɖe dɔwɔƒewo kple aƒewo me eye wolé Ðasefo 24, evɔ wo dometɔ akpa gãtɔe kpɔa woƒe ƒomewo dzi.[41]

  16. May 2002

    Dziɖuɖua ɖo asi subɔsubɔha siwo katã mele subɔsubɔha ene siwo dzi wòda asi ɖo dome o la dzi.[42]

  17. October 25, 1994

    Dukplɔla de se woxɔ dukɔmevinyenye kple amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo le Yehowa Ðasefowo si.[43]

  18. September 17, 1994

    Wolé Paulos Eyasu, Isaac Mogos kple Negede Teklemariam de gaxɔ me, evɔ wometsɔ nya aɖeke ɖe wo ŋu alo drɔ̃ ʋɔnu wo o.[44]

  19. Le Ƒe 1940-awo Me

    Woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gbãtɔwo le Eritrea.[45]