Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Matu Nye Etsɔme Ðe Yehowa Dzi

Matu Nye Etsɔme Ðe Yehowa Dzi

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Medi vevie be manya ale si nye ’tsɔme ava nɔ;

    Ale si ny’agbe anɔ kple mɔ nyui si wòle be mato.

    Nu kae ɖadzɔ o, meɖoe le nye dzi me be

    Yehowae meli na, etɔe manye ɖaa.

    (HAXE)

    Ne tiatia geɖe dze ŋgɔm le nye agbe me hã,

    Esi nyo nam wu, esi le vevie wu,

    Ye nye be mawɔ tiatia si’o ado dzidzɔ na Mawu.

    Nyemaŋlɔ nu si’o katã wòwɔ nam la be o.

    Eyae kpɔa tanye, eya koe léa be nam.

    ’Ya dzie matu nye ’tsɔme ɖo; magblẽm ɖi akpɔ o.

  2. 2. Edzroam ɣeaɖewoɣi be mati xexea me nuwo yome

    Menya be tiatia mawo wɔwɔ ana matra mɔ bɔbɔe.

    ’Ya ta ŋkuɖoɖo nye adzɔgbeɖeɖe dzi

    Ado ŋusẽm be nye xɔse magbɔdzɔ’o.

    (HAXE)

    Ne tiatia geɖe dze ŋgɔm le nye agbe me hã,

    Esi nyo nam wu, esi le vevie wu,

    Ye nye be mawɔ tiatia si’o ado dzidzɔ na Mawu.

    Nyemaŋlɔ nu si’o katã wòwɔ nam la be o.

    Eyae kpɔa tanye, eya koe léa be nam.

    ’Ya dzie matu nye ’tsɔme ɖo; magblẽm ɖi akpɔ o.

    (DOMETSOHA)

    Ne metu nye ’tsɔme ɖe Yehowa dzi,

    Makpɔ dzidzɔ vavã si anɔ anyi ɖaa.

    Yehowae nye Xɔ̃nye, akpe ɖe ŋunye

    Be mawɔ tiatia siwo ado dzidzɔ nɛ.