Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vinye Lɔlɔ̃a

Vinye Lɔlɔ̃a

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mía vinyɔnuvi suea

    Le tsitsim nyuie.

    Ato dzidzɔɣi’o kple

    Xaxaɣiwo me.

    Ke ne ’nɔ te sesĩe

    Ðu dodokpɔ’o dzia,

    Ado dzidzɔ na nye dzi.

    (HAXE)

    Vinye lɔlɔ̃a, melɔ̃ wò vevie.

    Makpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò ɖaa.

  2. 2. Wò’agbagbadzedzewo

    Ðe dzesi loo.

    Wò toɖoɖo nyui la

    Na nènɔa ’gbe nyui.

    Dzidzɔe wònye na wò

    Be dziwòlawo

    Melɔ̃a nu le gbɔwò kura o.

    (HAXE)

    Vinye lɔlɔ̃a, melɔ̃ wò vevie.

    Makpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò ɖaa.

    (DOMETSOHA)

    Yehowa nya wò

    Dɔ nyui wɔwɔwo.

    Lɔlɔ̃ si nèfia

    Le eƒe ŋkɔ ta.

    Maŋlɔe be ’kpɔ o.

    Ayra wò tegbee;

    Yi mavɔ me.

    (HAXE)

    Vinye lɔlɔ̃a, melɔ̃ wò vevie.

    Vinye lɔlɔ̃a, nyemagblẽ wò ɖi’o.

    Vinye lɔlɔ̃a, malé be na wò.

    Vinye lɔlɔ̃a, melɔ̃ wò.