Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃ Ana Nàsẽ Ŋu

Nusɔsrɔ̃ Ana Nàsẽ Ŋu

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Dzinyela’o srɔ̃a Biblia kplim tso ɖevime.

    Mesea nusi’o míesrɔ̃na gɔme tso ɣemaɣi.

    Papa xlẽa Biblia nam hafi memlɔa ’nyi.

    Fifia metsi ’ye mewɔnɛ le ɖokuinye si.

    Nye ŋ’tɔ mexlẽa Biblia le ɖokuinye si gbe sia gbe.

    Meɖoa ŋku Biblia ƒe mɔfiame si’o ana manɔ te sesĩea dzi.

    (HAXE)

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu,

    Abe ati si wodo ɖe tɔ to ene.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Nu sia nu si nèwɔna la adze edzi.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu,

    Abe ati si ƒo ke ɖe to ene.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Ana nàli ke sesĩe le xɔse me.

  2. 2. Nya kae magblɔ ne mɔnukpɔkpɔa ʋu nam?

    Nu kae nye sukuhati’o agblɔ ne metiae be

    Mawɔ nu si ato vovo na wo tɔ?

    Nyemavɔ̃ o, ’labe mesrɔ̃e tso ɖevime be

    Mawɔ numekuku le Biblia srɔ̃gbalẽwo me.

    Meɖoa ŋku Biblia ƒe mɔfiame si’o ana manɔ te sesĩea dzi

    (HAXE)

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu,

    Abe ati si wodo ɖe tɔ to ene.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Nu sia nu si nèwɔna la adze edzi.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu,

    Abe ati si ƒo ke ɖe to ene.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Ana nàli ke sesĩe le xɔse me.

    (DOMETSOHA)

    Mazã nu si’o mesrɔ̃na

    Ade dzi ƒo na ’mewo.

    Akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe woƒe kuxiwo nu.

    (HAXE)

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu,

    Abe ati si wodo ɖe tɔ to ene.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Nu sia nu si nèwɔna la adze edzi.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu,

    Abe ati si ƒo ke ɖe to ene.

    Srɔ̃ nu nàsẽ ŋu.

    Ana nàli ke sesĩe le xɔse me.