Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Asinudɔwo Ta, Makafu Wò

Wò Asinudɔwo Ta, Makafu Wò

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mese xeviwo le ha viviwo dzim.

    Ɣletiviwo hã sɔ gbɔ fũu le dziŋgɔlia ɖaa.

    Agu dze to ati damawo me,

    Ya fafɛ hã le ƒoƒom; enya kpɔ ŋutɔ.

    (DOMEHAXE)

    Ta madzi ha be: Yehowa Mawu,

    Wò nuwɔwɔwo wɔ nuku loo.” Ena megblɔ be,

    Nu kae míenye be èléa be na mí?

    (HAXE)

    Wò’asinudɔwo ta, makafu wò.

    Wò’asinudɔwo ta, makafu wò.

    Makafu wò.

  2. 2. Nu si’o katã me agbegbɔgbɔ le,

    ’Si’o le dziƒo kpl’anyigba, nakafu Yehowa.

    Esi’o le towo dzi kple atsiaƒu me;

    Nu gbagbewo katã nakafu wò ɖaa.

    (DOMEHAXE)

    Ta madzi ha be: “Yehowa Mawu,

    Wò nuwɔwɔwo wɔ nuku loo.” Ena megblɔ be,

    Nu kae míenye be èléa be na mí?

    (HAXE)

    Wò’asinudɔwo ta, makafu wò.

    Wò’asinudɔwo ta, makafu wò.

    Makafu wò.

    (DOMETSOHA)

    Ne míebu nu si’o míekpɔna o ŋu,

    Ana míasrɔ̃ nu geɖe tso mía Wɔla gã la ŋu.

    (DOMEHAXE)

    Ta madzi ha be: Yehowa Mawu,

    Wò nuwɔwɔwo wɔ nuku loo.” Ena megblɔ be,

    Nu kae míenye be èléa be na mí?

    (HAXE)

    Wò’asinudɔwo ta, makafu wò.

    Wò’asinudɔwo ta, makafu wò.

    Wò’asinudɔwo ta, ma—Makafu wò.

    Wò’asinudɔwo ta, ma—Makafu wò.

    Wò’asinudɔwo ta, ma—Makafu wò.

    Makafu wò.