Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Teƒe Si Akafu Wò Ŋkɔ

Teƒe Si Akafu Wò Ŋkɔ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Yehowa Mawu, mía Wɔla Gã,

    Dziƒowo melolo na wò’o,

    Ʋu keke nàva nɔ teƒe sia?

    Gake wò gbɔgbɔa li kpli mí.

    Ame si’o zɔa wò kekelia me

    Ayɔ tadeaguƒe sia taŋ.

    Dzidzɔe wònye be míewɔ ɖeka

    Subɔa wò tso dzi blibo me.

    (DOMETSOHA)

    Nu siwo le mía si,

    Gbɔwò koe míexɔ wo tso.

    Ta míatsɔ wo ana wò

    Tso míaƒe dzi me faa.

    (HAHE)

    Oo Yehowa Ma’u, akpe na wò;

    Ɛ̃, míadzi ha akafu wò,

    ’Labe èna míetu xɔ nyui sia

    Be wòakafu wò ŋkɔ gã la.

  2. 2. Yehowa, ènya nyuie be míehiã

    Teƒe si akafu wò ŋkɔ,

    Ado wò tadedeagu ɖe dzi,

    Akpe ɖ’ame’o ŋu woanya wò.

    Teƒe sia ado wò dɔa ɖe ŋgɔ.

    Dɔ geɖe li míawɔ na wò.

    Kpe ɖe mía ŋu míayi dɔ sia dzi;

    Dɔ nyui si Viwò de mía si.

    (DOMETSOHA)

    Míaƒe nu nyuitɔwo—

    Ɣeyiɣi, nunɔamesi—

    Míatsɔ na wò tso dzi me,

    Nu nyui’o katã Nala.

    (HAHE)

    Oo Yehowa Ma’u, akpe na wò;

    Ɛ̃, míadzi ha akafu wò,

    ’Labe èna míetu xɔ nyui sia

    Be wòakafu wò ŋkɔ gã la.