Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tiatia Siwo Míewɔna

Tiatia Siwo Míewɔna

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Nu ka gɔ̃e mawɔ?

    Afi ka gɔ̃e matrɔ ɖo?

    Nye dzi blem,

    Ena metra.

    Kasia, lɔlɔ̃e nye ’ma blam.

  2. 2. Be woatsri vɔ̃,

    Avue wònyena.

    Nyemaɖe mɔ dzia naflum o.

    Mawu ƒe Nya ye afia mɔm.

  3. 3. Mawɔ’avu be matrɔ.

    Míaƒe dzi madeblibo la

    Bua vɔ̃ be nyui, bua nyui be vɔ̃.

    Ke Yehowa doa ŋusẽm.

    (HAXE)

    Ebe, “Nyae be melɔ̃ wò. Nyemedi be nàtra’o.

    Ka ɖe ’dzi, meli kpli wò.

    Nyemagblẽ wò ɖi akpɔ’o.”

  4. 4. Tiatia siwo míawɔ le vevie,

    Elabe agbe kple ku ƒe nyae.

    Míaƒe dzia wɔa ’vu kpli mí ɖaa.

    Ele be míadzɔ eŋu

    Ale be míakpɔ agbe.

  5. 5. Tiatia si’o mewɔ va yi

    Be mawɔ nu si Ma’u di,

    Nu sesẽ ye wònye nam.

    Ke Yehowa megblẽm ɖi o.