Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Mawu Li Kplim

Nye Mawu Li Kplim

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Nye’ame vevi’o gblẽm ɖi;

    Wogbe nu le gbɔnye.

    Dzi ɖe le ƒonye vevie,

    Vevesese yɔ nye dzi me.

    Metsi dzronyigba dzi.

    ’Me kae afa ’kɔ nam?

    ’Me kae ade dzi ƒo nam?

    Ame kae akpe ɖe ŋunye?

    (HAXE)

    Mawu li nam;

    Magblẽm ɖi o.

    Ado ŋusẽm,

    Elabena

    Yehowa kpɔe,

    Yehowa see.

    Etsɔ gbɔnye;

    ’Ya koe li nam.

    Nu ka kee ɖadzɔ o,

    Nye Mawu li kplim.

  2. 2. Le nye xaxawo me,

    Maku ɖe ŋuwò ɖaa.

    Ne amewo ŋlɔm be hã,

    Wò ya màŋlɔm be gbeɖe o.

    Èli kplim ɣesiaɣi;

    Mèle adzɔge o,

    ’Ta mele mɔ kpɔm na wò.

    Nye mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro’o.

    (HAXE)

    Mawu li nam;

    Magblẽm ɖi o.

    Ado ŋusẽm,

    Elabena

    Yehowa kpɔe,

    Yehowa see.

    Etsɔ gbɔnye;

    ’Ya koe li nam.

    Nu ka kee ɖadzɔ o,

    Nye Mawu li kplim;

    Magblẽm ɖi o.

    Ado ŋusẽm,

    Elabena

    Yehowa kpɔe,

    Yehowa see.

    Etsɔ gbɔnye;

    ’Ya koe li nam.

    Nu ka kee ɖadzɔ o,

    Nye Mawu li kplim.