Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègavɔ̃ O

Mègavɔ̃ O

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Míetɔtɔna ŋ’tɔ ne kuxiwo nu sẽ.

    Xaxawo nana be nu tiaa kɔ na mí.

    Ne nɔnɔmeawo te mía ŋua,

    Mele be míana ta kpɔ

    Gbeɖe’o.

    Míatso.

    (HAXE)

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o, Mawu li kpli mí.

    Atsɔ eƒe nuɖusi axɔ na mí.

    Ta ne kuxi sesẽ’o vaa,

    Míaɖo ŋkui be Yehowa li na mí;

    Mía Mawu li kpli mí.

    Yɔe ko;

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o.

  2. 2. Xɔlɔ̃ vavãwo ƒo xlã mí fũu.

    Wodea dzi ƒo na mí, ’ye wodoa ŋusẽ mí.

    Ne míexlẽ mía Mawu ƒe Nyaa,

    Edoa ŋusẽ mí míekpɔa ŋgɔ.

    Eya ta

    Míana ta’o.

    (HAXE)

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o, Mawu li kpli mí.

    Atsɔ eƒe nuɖusi axɔ na mí.

    Ta ne kuxi sesẽ’o vaa,

    Míaɖo ŋkui be Yehowa li na mí;

    Mía Mawu li kpli mí.

    Yɔe ko.

    (DOMETSOHA)

    Ne nɔnɔmea dze kpo dze ʋe hã,

    Mègavɔ̃ o.

    Ava nyo godoo.

    (HAXE)

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o, Mawu li kpli mí.

    Atsɔ eƒe nuɖusi axɔ na mí.

    Ta ne kuxi sesẽ’o vaa,

    Míaɖo ŋkui be Yehowa li na mí;

    Mía Mawu li kpli mí.

    Yɔe ko;

    Mègavɔ̃ gbeɖe’o.