Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míedii

Míedii

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Biblia gblɔ be: “Dii ’ye nàkpɔe.”

    Míenɔ nyateƒea dim vevie.

    Nya geɖe’o nɔ mía si ku ɖe Mawu ŋu;

    Míenɔ ŋuɖoɖoawo dim.

    (DOMEHAXE)

    Gake míena ta’o, míenɔ’edidi dzi.

    Míenya be míake ɖe nyateƒea ŋu ne míedii.

    (HAXE)

    Míedii—míedi nyateƒea;

    Nyateƒe xɔasi la.

    Nu si’o míeʋli be míanya tsã:

    ’Fi si ame dzɔ tso, nu si ta wòhiã be Fiaɖuƒea nava kpuie.

    Míedii ’ye míekpɔe.

  2. 2. Míenya kpɔ be ŋkɔ le Mawu si’o.

    Yehowa ye nye eƒe ŋkɔ la.

    Esi míesrɔ̃ea, míekpɔ dzidzɔ;

    Míaƒe dzi dze ’me ŋutɔ.

    (DOMEHAXE)

    ’Ya ta míena ta’o, míenɔ’edidi dzi.

    Fifia míenya ale si míewɔ va dzɔ; Biblia gblɔe.

    (HAXE)

    Míedii—míedi nyateƒea;

    Nyateƒe xɔasi la.

    Nu si’o míeʋli be míanya tsã:

    ’Fi si ame dzɔ tso kple paradiso si ŋugbe Ma’u do be ava kpuie.

    Dii eye àkpɔe.

    (DOMETSOHA)

    Ta míatsɔ mía ɖokui na akpe ɖ’amewo ŋu;

    ’Me si’o le nyateƒea dim.

    Nu geɖe li wodi be yewoanya,

    ’Ya ta míakpe ɖe wo ŋu.

    Míafia nu si’o míesrɔ̃ la wo.

    (HAXE)

    Wodii—wodi nyateƒea;

    Nyateƒe xɔasi la.

    Nu si’o woʋli be woanya tsã:

    ’Fi si ame dzɔ tso, agbe tegbee nɔnɔ le Ma’u Fiaɖuƒea te.

    Dii eye àkpɔe.