Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yayra Geɖe Le Gbe Yeye Sɔsrɔ̃ Me

Yayra Geɖe Le Gbe Yeye Sɔsrɔ̃ Me

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Gbebubudola geɖe

    Le nutoawo me.

    Medea ŋugble vevie be

    Ðe masrɔ̃ gbe yeye’aɖea?

    Yehowa meɖe kuku,

    Kpe ɖe ŋunye mawɔ ’sia.

    Ne medo wo degbe na woa,

    Ade dzi gbɔ na wo nyuie.

    (HAXE)

    Oo nɔvi, srɔ̃ gbe yeye.

    Gavɔ̃ naneke kura o.

    ’Labe ne ’srɔ̃gbe yeyea,

    Àkpɔ yayra geɖewo, oo.

    Srɔ̃ gbe yeyea.

    Srɔ̃ gbe yeyea, ade dzi gbɔ na wo nyuie.

  2. 2. Gbeƒãɖeɖedɔa le zɔ ɖem.

    Dzidziɖedzi le vavam.

    ’Ya ta dzi le mía dzɔm ŋ’tɔ

    ’Labe amewo ɖoa to.

    Wotena ɖe Yehowa ŋu,

    Kafunɛ ɣesiaɣi.

    Mawu akpe ɖe mía ŋu

    Míasrɔ̃ gbe yeyea aɖu tu nɛ nyuie.

    (HAXE)

    O nɔvi, srɔ̃ gbe yeyea.

    Gavɔ̃ naneke kura o.

    ’Labe ne ’srɔ̃gbe yeyea,

    Oo, àkpɔ dzidzɔ ɖaa.

    Ta mègahe ɖe megbe o.

    Tiatia nyui’aɖe wònye, oo.

    (HAXE)

    Oo nɔvi, srɔ̃ gbe yeyea.

    Àkpɔ yayra geɖewo, oo.

    Srɔ̃ gbe yeyea.

    Srɔ̃ gbe yeyea.

    Oo nɔvi, srɔ̃ gbe yeyea, ade dzi gbɔ na wo nyuie.