Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Trɔ Ðe Eŋu

Trɔ Ðe Eŋu

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Xexea me le tɔtrɔm kaba.

    Habɔbɔa trɔ ɖe ’ŋu.

    Ta nye hã matrɔ ɖe ’ŋu.

    Míedi be dɔa natsɔ.

    Ne ame’o mexɔ mí o,

    Míetu wo l’aƒe me’o,

    Míatrɔ ɖe mɔnu yeye’o ŋu

    Be míake ɖe wo ŋu.

    (HAXE)

    Míatrɔ ɖe ’ŋu.

    Dɔwɔnu yeye’o

    Ŋudɔ míawɔ.

    Míakpe ɖe mía nɔe’o ŋu

    Be mí katã

    Míatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu.

    Trɔ ɖe ’ŋu.

  2. 2. Medi be mawɔ nu nyui,

    Nu si adze Mawu ŋu.

    Gake menɔa bɔbɔe o.

    Kuxi’o doa mo ɖa.

    Ne nɔnɔmea sesẽ,

    Ne nuwo tɔtɔ hã,

    Dɔwɔnu nyuiwo li míazã be

    Míanɔ agbemɔa dzi.

    (HAXE)

    Míatrɔ ɖe ’ŋu.

    Dɔwɔnu yeye’o

    Ŋudɔ míawɔ.

    Míakpe ɖe mía nɔe’o ŋu

    Be mí katã

    Míatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu.

    Trɔ ɖe ’ŋu.

    (DOMETSOHA)

    Ne míetrɔ ɖe ɖoɖo’o ŋu,

    Edoa dzidzɔ na Mawu.

    Ayra mí ɖe esia ta.

    Míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.

    Paradiso

    Ava kpuie.

    Míeka ɖe esia dzi.

    Konyifafa nu ayi.

    Dzi dzɔm be metrɔ ɖe

    (HAXE)

    Nɔnɔmea ŋu.

    Dɔwɔnu yeye’o

    Ŋudɔ míawɔ.

    Míakpe ɖe mía nɔe’o ŋu

    Be mí katã

    Míatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu.

    Trɔ ɖe ’ŋu.

    Míatrɔ ɖe ’ŋu.

    Dɔwɔnu yeye’o

    Ŋudɔ míawɔ.

    Míakpe ɖe mía nɔe’o ŋu

    Be mí katã

    Míatrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu.

    Trɔ ɖe ’ŋu.

    Míatrɔ ɖe ’ŋu.