Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔe Le Susu Me Ðaa

Kpɔe Le Susu Me Ðaa

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Xexea me le sesẽm egbea loo;

    Agbea mele bɔbɔe kura o.

    Gake menya be míavo kpuie.

    Míaƒe mɔkpɔkpɔ ava ’me.

    (HAXE)

    Kpɔe le susu me be xaxa’o nu yi;

    Ame sia ’me le lãmesẽ nyui me.

    Ɣemaɣi la míagblɔ na Yehowa be:

    “Akpe, akpe nawò be nèwɔ nuwo yeye!”

  2. 2. Tokunɔe menye hafi wodzim.

    Tsitsi na nye ŋku dzi hã tsyɔ.

    Madidi’o nye to ase nu.

    Nye ŋkuwo hã akpɔ nu nyuie.

    (HAXE)

    Kpɔe le susu me be xaxa’o nu yi;

    Ame sia ’me le lãmesẽ nyui me.

    Ɣemaɣi la míagblɔ na Yehowa be:

    “Akpe, akpe nawò be nèwɔ nuwo yeye!”

    (DOMETSOHA)

    Nyemete ŋu zɔna egbea o.

    Ke madidi’o matso ati kpo.

    (HAXE)

    Kpɔe le susu me be xaxa’o nu yi;

    Ame sia ’me le lãmesẽ nyui me.

    Míagli kple dzidzɔ atso aseye tegbee.

    Ŋu nyui ake ɖe mí gbe sia gbe.

    (HAXE)

    Kpɔe le susu me be xaxa’o nu yi;

    Ame sia ’me le lãmesẽ nyui me.

    Ɣemaɣi la míagblɔ na Yehowa be:

    “Akpe be nèwɔ nuwo yeyee!”