Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Metsɔ Nye Nu Nyuitɔ Na Wò

Metsɔ Nye Nu Nyuitɔ Na Wò

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Míedzi ŋutsuvi;

    Míelɔ̃e vevie ’ye míena hehee.

    Ƒeawo va yi,

    Fifia etsi,

    Eye wòtia

    Mɔ nyuitɔ la.

    Dzi dzɔ mí be míetsɔe na wò.

    (HAXE)

    Eƒe dzodzo vem;

    Gake menya nyuie be

    Esi wòtia wò mɔwo taa,

    Anɔ dedie le gbɔwò ɖaa,

    Fifia yi mavɔ me.

    Le ƒe si’o gbɔna me,

    Nye dzi katã adze eme.

    Metsɔ nye nu nyuitɔ na wò,

    Vinye lɔlɔ̃a metsɔ na wò.

  2. 2. Míedzi nyɔnuvi;

    Míelɔ̃e vevie ’ye míekpɔ eta

    Le dzidzɔɣi

    Kple nuxaɣi.

    Fifia etsi

    Eye wòtiae

    Be yeadi wò Fiaɖuƒea gbã.

    (HAXE)

    Eƒe dzodzo vem;

    Gake menya nyuie be

    Esi wòtia wò mɔwo taa,

    Anɔ dedie le gbɔwò ɖaa,

    Fifia yi mavɔ me.

    Le ƒe si’o gbɔna me,

    Nye dzi katã adze eme.

    Metsɔ nye nu nyuitɔ na wò,

    Vinye lɔlɔ̃a metsɔ na wò.