Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣiae Nye Esia

Ɣeyiɣiae Nye Esia

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Nuwo le gbegblẽm ɖe ’dzi fifia.

    Dzesiawo katã dze ƒãa.

    Fifia gbeƒãɖeɖe hiã kpata,

    ’Labe nuwuwua ɖo vɔ.

    Míadi mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe,

    Ana woanya Yehowa.

    Fiaɖuƒea ŋu nya nyuia míagblɔ

    Na ’mewo l’afi sia ’fi.

    (HAXE)

    Míaɖe gbeƒã

    Kple dzonɔameme.

    Míana ta gbeɖe, alo avɔ̃ o.

    Ɣeyiɣiae nye ’sia

    Be míaɖe gbeƒã,

    Elabe nuwuwua tu’aƒe.

  2. 2. Ɣeyiɣi aɖeke magava

    Na dɔ gã sia wɔwɔ o.

    Eya ta míawɔe kple dzi blibo.

    Míaɖo ame’o katã gbɔ,

    Ekema míagblɔ etsɔme be

    Míewɔ míaƒe ŋutete

    Le Mawu ƒe dɔa me bliboe,

    Ɛ̃ míewɔ mía tɔ sinua.

    (HAXE)

    Míaɖe gbeƒã

    Kple dzonɔameme.

    Míana ta gbeɖe, alo avɔ̃ o.

    Ɣeyiɣiae nye ’sia

    Be míaɖe gbeƒã,

    Elabe nuwuwua tu’aƒe.

    (DOMETSOHA)

    Nuteƒewɔlawo ƒo xlã mí,

    ’Ya ta míado vevie nu.

    Xexe xoxoa nu ayi kpuie

    Nuɖoanyi yeyea ava.

    (HAXE)

    Míaɖe gbeƒã

    Kple dzonɔameme.

    Míana ta gbeɖe, alo avɔ̃ o.

    Ɣeyiɣiae nye ’sia

    Be míaɖe gbeƒã,

    Elabe nuwuwua tu’aƒe.