Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkeke Ðe Sia Ðe Kple Eƒe Kuxiwoe

Ŋkeke Ðe Sia Ðe Kple Eƒe Kuxiwoe

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Mawu atrɔ anyigba sia wòazu Par’diso.

    Mexɔe se kple nye dzi blibo be nya sia ava ’me.

    Gake ne nɔnɔmea sesẽa,

    Dzi ɖena le ƒonye vevie;

    Esesẽna be maɖo ŋku Ma’u ƒe ŋugbedodo’o dzi.

    Gake nye Mawu li kplim.

    (HAXE)

    Ta mado gbe ɖa tso dzi me.

    Ne kuxiwo ɖe kpe nam hã,

    Mawu ŋue maɖo ŋu ɖo.

    Eyae li nam; magblẽm ɖi o.

    Eƒe Nya la faa ’kɔ nam.

    Xɔlɔ̃ vavãwo hã li.

    Ŋkeke ɖe sia ɖe kple ’ƒe kuxiwoe,

    Ta mabu egbe tɔ ko ŋu.

    Nyematsi dzi ɖe etsɔ ŋu o.

    Esia koe ana

    Nye dzi nadze ’me.

  2. 2. ’Ya ta nɔvi lé dzi ɖe ƒo;

    Yehowa lɔ̃ wò.

    Nɔ wò yayrawo ŋu bum,

    Menye wò kuxiwo o.

    Bu nu gã si Ma’u wɔ ŋu.

    Etsɔ Via malɔ̃nugbɔa na

    Wòva ku ɖe mí katã ta

    Be míava nɔ agbe tegbee.

    Ta mègavɔ̃ gbeɖe’o.

    (HAXE)

    Do gbe ɖa tso dzi me.

    Ne kuxiwo ɖe kpe na wò,

    Mawu ŋue nàɖo ŋu ɖo.

    Eli na mí; magblẽ mí ɖi’o.

    Eƒe Nya faa ’kɔ na mí.

    Xɔlɔ̃ vavãwo hã li.

    Ŋkeke ɖe sia ɖe kple ’ƒe kuxiwoe,

    Ta bu egbe tɔ ko ŋu.

    Mègatsi dzi ɖe etsɔ ŋu o.

    Esia koe ana

    Wò dzi nadze ’me.

    (HAXE)

    Do gbe ɖa tso dzi me.

    Ne kuxiwo ɖe kpe na mí.

    Mawu ŋue míaɖo ŋu ɖo.

    Eli na mí; magblẽ mí ɖi’o.

    Eƒe Nya faa ’kɔ na mí.

    Xɔlɔ̃ vavãwo hã li.

    Ŋkeke ɖe sia ɖe kple ’ƒe kuxiwoe,

    Ta bu egbe tɔ ko ŋu.

    Mègatsi dzi ɖe etsɔ ŋu o.

    Esia koe ana

    Wò dzi nadze ’me.

    Wò dzi nadze ’me.