Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nuwɔwɔwo Ta

Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nuwɔwɔwo Ta

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Seƒoƒo dzeaniwo yɔ togbɛwo dzi.

    Mekpɔ to kɔkɔwo hã le adzɔge ʋĩi.

    Ya fafɛ le ƒoƒom to ati’o me.

    Xevi’o le dzodzom le yame ʋĩi.

    (DOMEHAXE)

    Oo Yehowa,

    Akpee dze na wò

    Ðe nu nyui sia’o ta.

    ’Ya ta nu kae mawɔ?

    (HAXE)

    Mado gbe ɖa vevie,

    Ada kpe na Mawu

    Tso dzi me ke

    Ðe ’ƒe lɔlɔ̃ gãa ta.

    Ɛ̃, matɔ vie

    Alé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu.

    ’Ye made ŋugble le wo ŋu nyuie,

    Ada ’kpe ɖe wo ta.

    Ada ’kpe ɖe wo ta.

  2. 2. Èkeke dziƒowo abe avɔ’ene.

    Wò nuwɔwɔ dzeaniwo l’agba sam le yame.

    Tɔ goglowo le sisim to bali la me.

    Ɣletiviwo le kpo tim le zã me.

    (DOMEHAXE)

    Oo Yehowa,

    Akpee dze na wò

    Ðe nu nyui siawo ta.

    ’Ya ta nu kae mawɔ?

    (HAXE)

    Mado gbe ɖa vevie,

    Ada kpe na Mawu

    Tso dzi me ke

    Ðe ’ƒe lɔlɔ̃ gãa ta.

    Ɛ̃, matɔ vie

    Alé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu.

    ’Ye made ŋugble le wo ŋu nyuie,

    Ada ’kpe ɖe wo ta.

    (DOMETSOHA)

    Mekpɔ wò ŋusẽ kple nunya,

    Wò nyuiwɔwɔwo katã

    Kple wò lɔlɔ̃ gãa

    Le nuwɔwɔ’o me.

    Nye Mawu akpe loo.

    (HAXE)

    Mado gbe ɖa vevie,

    Ada kpe na Mawu

    Tso dzi me ke

    Ðe ’ƒe lɔlɔ̃ gãa ta.

    Ɛ̃, matɔ vie

    Alé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu.

    ’Ye made ŋugble le wo ŋu nyuie,

    Ada ’kpe ɖe wo ta.

    Mada ’kpe ɖe wo ta.

    Míada ’kpe ɖe wo ta.