Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Magblẽ Mí Ði Kpɔ O

Yehowa Magblẽ Mí Ði Kpɔ O

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Dzi ɖe le ƒonye vevie.

    Nuxaxa sɔŋ koe yɔ nye dzi me.

    Xexe sia ƒe lɔlɔ̃ nu tsi.

    Gake meka ɖe ’dzi be

    Yehowa akpe ɖe ŋunye.

    Elabe nye Mawu ƒe

    Lɔlɔ̃ nu metsina’o.

    (HAXE)

    Ɛ̃, Yehowa

    Koe na be dzi gaɖo ƒonye

    Esi nye nya’o wu gbɔgblɔ,

    Esi nɔnɔmea’o sesẽ,

    Esi nu te ŋunye,

    Esi metɔtɔ kura,

    Kuxi ka kee mado goe o,

    Yehowa magblẽm ɖi gbeɖe’o.

    Meka ɖe ’dzi

    Be eƒe mɔ’o

    Le dzɔdzɔe ɣesiaɣi.

    Eyae akplɔm;

    Eyae afia mɔm

    Va eƒ’agbemɔa dzi.

  2. 2. Ne wò’ame vevi’o

    Gbe nu le gbɔwò hã la,

    Mègavɔ̃ o.

    Mawu li kpli wò.

    Axɔ na wò le xaxaɣiwo.

    Ado ŋusẽ wò ɖaa.

    (HAXE)

    Ɛ̃, Yehowa

    Koe ana dzi naɖo ƒowò

    Esi wò nya’o wu gbɔgblɔ,

    Esi nɔnɔmea’o sesẽ,

    Esi nu te ŋuwò,

    Esi nètɔtɔ kura.

    Kuxi ka kee nàdo goe o,

    Yehowa magblẽ wò ɖi kpɔ’o.

    Eli kpli mí.

    Yehowa magblẽ mí ɖi kpɔ’o.

    Ena míeka ɖe ’dzi

    Be yeƒe mɔ’o

    Le dzɔdzɔe ɣesiaɣi.

    Yehowa magblẽ mí ɖi kpɔ’o.

    Eyae kplɔ mí;

    Eyae fia mɔ mí

    Va eƒ’agbemɔa dzi.

    (HAXE)

    Yehowa

    Koe na be dzi gaɖo ƒonye

    Esi nye nya’o wu gbɔgblɔ,

    Esi nɔnɔmea’o sesẽ,

    Esi nu te ŋunye

    Esi metɔtɔ kura

    Kuxi ka kee medo goe o,

    Yehowa megblẽm ɖi gbeɖe’o.

    Eli kpli mí.

    Yehowa magblẽ mí ɖi kpɔ’o.

    Eli kpli mí

    Yehowa magblẽ mí ɖi kpɔ’o.