Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒu Agbedua

Ƒu Agbedua

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Kpɔ ŋgɔgbe;

    Mègakpɔ megbe’o.

    Na Mawu ƒe nyawo

    Nado ŋusẽ wò,

    Be nànɔ te sesĩe,

    Ayi’agbedua dzi.

    Mègagbɔdzɔ kpɔ gbeɖe’o;

    Dziɖuɖua gogo.

    (HAXE)

    ’Ya ta

    Ƒu’agbedua; ƒu’agbedua.

    Mègakpɔ megbe’o,

    Ke ʋli vevie; ɛ̃, ʋli vevie.

    Ðo ŋku fetu la dzi

    Nàdo vevie; do vevie.

    Ele be míanɔ dɔ dzi,

    Ele be míado dzi

    Aƒu’agbedua;

    Aƒu’agbedua.

  2. 2. Mawu aɖo

    Eteƒe na mí kpuie.

    Etsɔme yayrawo

    Ava eme kpuie.

    (HAXE)

    ’Ya ta

    Ƒu’agbedua; ƒu’agbedua.

    Mègakpɔ megbe’o,

    Ke ʋli vevie; ɛ̃, ʋli vevie.

    Ðo ŋku fetu la dzi

    Nàdo vevie; do vevie.

    Ele be míanɔ dɔ dzi,

    Ele be míado dzi

    Aƒu’agbedua;

    Aƒu’agbedua.

    Mègakpɔ megbe’o.

    (DOMETSOHA)

    Xexea yɔ fũu kple susuhenuwo.

    ’Ya ta nɔvi nɔ ŋudzɔ.

    Mègana woaflu wò o.

    ’Ya ta

    Ƒu’agbedua; ƒu’agbedua.

    Ƒu’agbedua; ƒu’agbedua.

    (HAXE)

    ’Ya ta

    Ƒu’agbedua; ƒu’agbedua.

    Mègakpɔ megbe’o,

    Ke ʋli vevie; ɛ̃, ʋli vevie.

    Ðo ŋku fetu la dzi

    Nàdo vevie; do vevie.

    Ele be míanɔ dɔ dzi,

    Ele be míado dzi

    Aƒu’agbedua;

    Aƒu’agbedua.

    Mègakpɔ megbe’o.

    Mègakpɔ megbe’o.

    Oo, va míaƒu agbedua.

    ’Le be míaƒu’agbedua.

    Ƒu’agbedua.

    Ɛ̃, ƒu’agbedua;

    Ƒu’agbedua.

    Dziɖuɖua gogo.